< Yosua 7 >

1 Ke Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Woda le eƒe se si wòde na wo be woatsrɔ̃ nu sia nu negbe nu siwo woatsɔ ada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la ko dzi. Akan, Karmi ƒe viŋutsu, si nye Zabdi ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ƒe tɔgbuigãe nye Zera tso Yuda ƒe ƒomea me la tsɔ nu siwo woha la ƒe ɖewo na eɖokui. Nu sia na Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu.
However, the Israelites had not been faithful regarding those things set apart for the Lord. Achan had taken some of them which made the Lord very angry with the Israelites. Achan was the son of Carmi, the son of Zabdi, the son of Zerah, of the tribe of Judah.
2 Esi woxɔ Yeriko teti ko la, Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woatsa ŋku le Ai, si te ɖe Bet Aven le Betel ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
Joshua sent men from the camp near Jericho to the town of Ai, which is near Bethaven, east of Bethel. “Go and explore the land,” he told them. So they went and explored around Ai.
3 Ŋkutsalawo trɔ gbɔ va gblɔ na Yosua be, “Ai nye du sue aɖe ko, míaƒe aʋawɔla akpe eve alo akpe etɔ̃ gɔ̃ hã ate ŋu axɔ du la bɔbɔe, eya ta mehiã be mí katã míayi o.”
When they returned they told Joshua, “The whole army isn't needed. Two or three thousand men is enough to go and attack Ai. Don't bother sending everyone—there's only a few of them.”
4 Ale woɖo aʋawɔla abe akpe etɔ̃ ene ko ɖa. Ke woɖu Israelviwo dzi bɔbɔe;
So around three thousand men went to fight, but they were beaten by the men of Ai and they ran away.
5 wowu Israelvi abe ame blaetɔ̃ vɔ ade ene le aʋakpekpe la me, eye ame bubu geɖewo ku esime futɔwo nya wo tso Ai va se ɖe kpegbãƒe la. Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ lãme na Israelviwo ŋutɔŋutɔ.
The men of Ai killed about thirty-six of them, chasing the Israelites from the town gate until they were defeated, killing them on their way down. At this the Israelites became afraid, losing all their courage.
6 Yosua kple Israel ƒe ametsitsiwo dze woƒe awuwo; wotsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me abe konyifafa ƒe dzesi ene va se ɖe fiẽ.
Joshua ripped his clothes and fell down with his face to the ground in front of the Ark of the Lord until the evening. The elders did likewise, and he and the elders threw dust on their heads.
7 Yosua do ɣli na Yehowa be, “Oo, Yehowa, nu ka ta nèkplɔ mí va tso Yɔdan tɔsisi la be Amoritɔwo nawu mí? Nu ka ta míekpɔ ŋudzedze le nu si nɔ mía si la ŋu o? Nu ka ta míetsi tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o?
Joshua cried, “Why, oh why, Lord God, did you bring us across the Jordan River only to hand us over to the Amorites for them to destroy us? We should have been satisfied to stay on the other side of the Jordan!
8 Oo, Yehowa, nu ka mawɔ azɔ esi Israel si le eƒe futɔwo nu?
Excuse me, Lord, but what can I say now that Israel has turned tail and run away from its enemies?
9 Ne Kanaantɔwo kple dukɔ bubu siwo le nuto sia me ase nya sia la, woaɖe to ɖe mí, akpe aʋa kpli mí, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ keŋkeŋ. Ekema nya kae adzɔ ɖe bubu kple ŋkɔ gã si le asiwò la dzi?”
The Canaanites and everyone living in the land will come and surround us and wipe us out so completely that even our name will be forgotten. Then what will happen to your great reputation?”
10 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsi tsitre! Nu ka ta nèmlɔ anyigba ale?
But the Lord replied to Joshua, “Stand up! What do you think you're doing lying on your face like that?
11 Israelviwo wɔ nu vɔ̃, wogbe nubabla si mewɔ kpli wo la dzi wɔwɔ. Wotsɔ nu siwo meɖe gbe be woatsrɔ̃ la dometɔ aɖewo, wofi wo, da alakpa, eye wotsɔ wo ɣla ɖe woƒe nuwo dome.
Israel has sinned and has broken my agreement that I ordered them to keep. They have taken some of the things set apart for me; they have acted dishonestly; they have hidden the stolen items with their own belongings.
12 Esia ta wole Israelviwo dzi ɖum ɖo, eya ta wò aʋawɔlawo le sisim le woƒe futɔwo nu, elabena fiƒode le wo dzi. Nyemaganɔ mia dome azɔ o, negbe ɖeko miaɖe busunu si le mia dome la ɖa hafi.
That's why the Israelites can't stand up to their enemies. That's why they turn and run from their enemies, and have themselves become set apart for destruction. You will not be able to stand against your enemies until you have removed from among you those things set apart for destruction.
13 “Tsi tsitre! Gblɔ na ameawo be, ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa ƒe kɔnu, adzra ɖo na etsɔ si gbɔna, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be ame aɖe fi fi, eya ta miate ŋu aɖu miaƒe futɔwo dzi o va se ɖe esime miaɖe nu vɔ̃ sia ƒe busu ɖa le mia dome.
Get up, and make sure the people are pure. Tell them, ‘Make yourselves pure in readiness for tomorrow, because this is what the Lord, the God of Israel, says, There are things set apart for me that are hidden among you, Israel. You will not be able to stand against your enemies until you remove all of them.
14 “‘Eya ta le ŋdi la, miava le ɖoɖo nu, to sia to nava, eye Yehowa afia asi to si me fɔɖila sia tso. To ma ƒe hlɔ̃wo ava ɖekaɖeka ekema Yehowa aɖe hlɔ̃ si me fɔɖila la le la afia, eye hlɔ̃ ma hã ƒe ƒomewo ava ɖekaɖeka. Le esia megbe la, ƒome si me fɔɖila la le la me tɔwo ava ɖekaɖeka.
In the morning, you will come forward, tribe by tribe. Whichever tribe the Lord chooses will come forward clan by clan. The clan that the Lord chooses will come forward family by family. The family that the Lord chooses will come forward man by man.
15 Ekema woatɔ dzo ame si da le sea dzi la ƒe nuwo kple nu sia nu si nye etɔ la, elabena eda le Yehowa ƒe nubabla la dzi, eye wòhe dzɔgbevɔ̃e va Israel dukɔ la dzi.’”
The one who is caught with what was set apart for destruction will be burned by fire, along with all that is his, for he broke the Lord's agreement and committed a terrible act in Israel.’”
16 Ale esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua kplɔ Israelviwo ƒe towo va Yehowa ŋkume, eye wòtɔ asi Yuda ƒe to la dzi.
Joshua got up early the next morning and called Israel forward, tribe by tribe.
17 Yosua kplɔ Yuda ƒe hlɔ̃wo vɛ ɖekaɖeka, eye wòtɔ asi Zera ƒe hlɔ̃ la dzi. Wokplɔ ƒome siwo tso Zera ƒe hlɔ̃ me la va Yehowa ŋkume ɖekaɖekae, eye wòtɔ asi Zabdi ƒe ƒome la dzi.
The tribe of Judah was chosen. The clans of Judah came forward and the Zerahites were chosen. The clan of Zerahites came forward, and the family of Zabdi was chosen.
18 Ale mlɔeba la, wokplɔ Zabdi ƒe ŋutsuwo vɛ ɖekaɖeka, eye wokpɔ be fiafitɔ lae nye Akan, Karmi ƒe vi.
The family of Zabdi came forward, and Achan, son of Carmi, son of Zabdi, son of Zerah, of the tribe of Judah, was chosen.
19 Yosua gblɔ na Akan be, “Vinye, tsɔ bubu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, eye nàʋu nu vɔ̃ me; gblɔ nu si nèwɔ la nam.”
Joshua said to Achan, “My son, honor the Lord, the God of Israel, and confess. Tell me what you have done. Don't hide it from me.”
20 Akan ɖo eŋu be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu.
“It's true!” Achan replied. “I have sinned against the Lord, the God of Israel. This is what I did.
21 Mekpɔ awu nyui aɖe si woƒle tso Babilonia kple klosaloga home aɖe kpe ɖe sikakɔ aɖe ŋuti. Meɣla wo ɖe to me le nye agbadɔ me; klosalo la le nuawo te.”
Among the plunder I saw a beautiful cloak from Babylonia, two hundred shekels of silver, and a bar of gold weighing fifty shekels. I really wanted them, so I took them. They're hidden in the ground inside my tent, with the silver buried deeper.”
22 Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woaɖadi nu fifiawo. Woƒu du yi Axan ƒe agbadɔ me, eye wokpɔ nu fifiawo le to me, klosalo la nɔ nu bubuawo te abe ale si Axan gblɔ ene.
Joshua sent men who ran over to search the tent. They found what had been hidden, with the silver buried deeper.
23 Wolɔ nuawo katã va da ɖe anyigba le Yosua ƒe afɔ nu.
The men took the things from the tent and brought them to Joshua and all the Israelites. There they spread them out before the Lord.
24 Yosua kple Israelviwo katã kplɔ Akan, Zera ƒe vi, wotsɔ klosalo la, awu la kple sikakɔ la, eye wokplɔ via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo, eye wokɔ eƒe agbadɔ kple nu sia nu si nɔ esi la yi Axor balime.
Then Joshua, with all the Israelites, took Achan, the son of Zerah, the silver, the cloak, and the bar of gold, together with his sons and daughters, his cattle, his donkeys, his sheep, and his tent—everything he had—and brought them to the Valley of Achor.
25 Yosua gblɔ na Axan le afi ma be, “Nu ka ta nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi ɖo? Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e va wò hã dzi azɔ.” Ale Israelviwo ƒu kpe wo woku, wotɔ dzo wo,
Then Joshua said to Achan, “Why did you bring so much trouble down on us? Today the Lord will bring trouble down on you.” All the Israelites stoned Achan. Then when they had stoned the rest they burned their bodies.
26 eye wofɔ kpewo li kɔ ɖe wo dzi. Kpeawo gale afi ma va se ɖe egbe. Wogayɔa teƒe la be “Dzɔgbevɔ̃e Ƒe Balime” va se ɖe egbe. Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu tso.
They set up a great pile of stones over him which remains to this day. The Lord was no longer angry. This is why the place was called the Valley of Achor ever since.

< Yosua 7 >