< Yosua 6 >

1 Wotu Yeriko ƒe agbowo goŋgoŋgoŋ le vɔvɔ̃ na Israelviwo ta, eye womeɖe mɔ na ame aɖeke be wòado go alo age ɖe eme o.
Now Jericho was tightly shut up because of the Israelites. No one went out and no one came in.
2 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mieɖu Yerikotɔwo kple woƒe fia kple woƒe aʋawɔla sesẽwo katã dzi xoxo, elabena metsɔ wo de asi na mi!
And the LORD said to Joshua, “Behold, I have delivered Jericho into your hand, along with its king and its mighty men of valor.
3 Nu si miawɔe nye, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã Yeriko du la zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade.
March around the city with all the men of war, circling the city one time. Do this for six days.
4 Na nunɔla adre ɖe sia ɖe natsɔ lãdzokpẽwo ɖe asi, eye woadze ŋgɔ na nubablaɖaka la. Le ŋkeke adrelia gbe la, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã du la zi adre le esime nunɔlaawo anɔ kpẽawo kum.
Have seven priests carry seven rams’ horns in front of the ark. Then on the seventh day, march around the city seven times, while the priests blow the horns.
5 Ne nunɔlaawo ku kpẽawo zi ɖeka sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe la, ameawo katã nado ɣli sesĩe. Dua ƒe gliwo amu adze anyi ekema miato teƒe sia teƒe age ɖe dua me.”
And when there is a long blast of the ram’s horn and you hear its sound, have all the people give a mighty shout. Then the wall of the city will collapse and all your people will charge straight into the city.”
6 Yosua, Nun ƒe vi, yɔ nunɔlaawo hegblɔ na wo be, “Mikɔ nubablaɖaka la; mia dometɔ adre nakɔ woƒe kpẽwo, eye miadze Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.”
So Joshua son of Nun summoned the priests and said, “Take up the ark of the covenant and have seven priests carry seven rams’ horns in front of the ark of the LORD.”
7 Ale wòɖe gbe na ameawo be, “Mizɔ yi ŋgɔ! Mizɔ ƒo xlã du la. Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la nedze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la.”
And he told the people, “Advance and march around the city, with the armed troops going ahead of the ark of the LORD.”
8 Esi Yosua ƒo nu na ameawo vɔ la, nunɔla adre siwo lé kpẽ adre ɖe asi le Yehowa ŋkume la zɔ ɖe ŋgɔgbe henɔ woƒe kpẽawo kum, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la kplɔ wo ɖo.
After Joshua had spoken to the people, seven priests carrying seven rams’ horns before the LORD advanced and blew the horns, and the ark of the covenant of the LORD followed them.
9 Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la dze ŋgɔ na nunɔla siwo nɔ kpeawo kum, eye ame mamlɛawo dze nubablaɖaka la yome. Kpẽawo nɔ ɖiɖim esi wonɔ nu siawo katã wɔm.
While the horns continued to sound, the armed troops marched ahead of the priests who blew the horns, and the rear guard followed the ark.
10 Yosua ɖe gbe na ameawo be, “Migado aʋaɣli o, migakɔ miaƒe gbewo dzi o, eye migagblɔ nya aɖeke o va se ɖe gbe si gbe magblɔ na mi be mido ɣli, ekema miado ɣli!”
But Joshua had commanded the people: “Do not give a battle cry or let your voice be heard; do not let one word come out of your mouth until the day I tell you to shout. Then you are to shout!”
11 Ale wòna wokɔ Yehowa ƒe aɖaka la ƒo xlã du la zi ɖeka. Tete ameawo gbugbɔ yi asaɖa la me, eye wotsi afi ma dɔ.
So he had the ark of the LORD carried around the city, circling it once. And the people returned to the camp and spent the night there.
12 Yosua fɔ ŋdi kanya, nunɔlaawo kɔ nubablaɖaka la,
Joshua got up early the next morning, and the priests took the ark of the LORD.
13 eye nunɔla adre siwo si kpẽawo le la, dze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la, eye wonɔ kpẽawo kum. Aʋawɔla aɖewo dze ŋgɔ na nunɔlaawo, eye mamlɛawo kplɔ nubablaɖaka la ɖo, le esime kpẽawo ganɔ ɖiɖim ko.
And the seven priests carrying seven rams’ horns kept marching ahead of the ark of the LORD and blowing the horns. The armed troops went in front of them and the rear guard followed the ark of the LORD, while the horns kept sounding.
14 Ale wozɔ ƒo xlã du la zi ɖeka le ŋkeke evelia gbe, eye wogatrɔ yi asaɖa la me. Wowɔ alea ŋkeke ade.
So on the second day they marched around the city once and returned to the camp. They did this for six days.
15 Le ŋkeke adrelia ƒe fɔŋli la, wogadze mɔ, ke azɔ ya la, womegaƒo xlã du la zi ɖeka ko o, ke boŋ woƒo xlãe zi adre.
Then on the seventh day, they got up at dawn and marched around the city seven times in the same manner. That was the only day they circled the city seven times.
16 Esi woƒo xlã du la zi adrelia la, nunɔlaawo ku kpẽawo sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe. Yosua ɖe gbe na ameawo be, “Ɣli neɖi! Yehowa tsɔ du sia na mí!”
After the seventh time around, the priests blew the horns, and Joshua commanded the people, “Shout! For the LORD has given you the city!
17 Yosua gblɔ na ameawo do ŋgɔ be, “Miwu ame sia ame negbe Rahab, gbolo la kple ame sia ame si anɔ eƒe aƒe me la ko, elabena exɔ na míaƒe ŋkutsalawo.
Now the city and everything in it must be devoted to the LORD for destruction. Only Rahab the prostitute and all those with her in her house will live, because she hid the spies we sent.
18 Migaha naneke o, elabena ele be miatsrɔ̃ nu sia nu gbidigbidi. Ne miewɔ alea o la, dzɔgbevɔ̃e ava Israel dukɔ blibo la dzi.
But keep away from the things devoted to destruction, lest you yourself be set apart for destruction. If you take any of these, you will set apart the camp of Israel for destruction and bring disaster upon it.
19 Ke woƒe klosalo kple sika katã kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ la, woakɔ wo ŋu na Yehowa, eya ta mitsɔ wo va de Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la me.”
For all the silver and gold and all the articles of bronze and iron are holy to the LORD; they must go into His treasury.”
20 Esi ameawo se kpẽawo ƒe ɖiɖi sesĩe la, wodo ɣli sesĩe abe ale si woate ŋui ene. Tete Yeriko ƒe gliwo mu dze anyi, eye wokaka le wo ŋkume. Israelviwo ge ɖe du la me bibibi to afi sia afi, eye woxɔ du la.
So when the rams’ horns sounded, the people shouted. When they heard the blast of the horn, the people gave a great shout, and the wall collapsed. Then all the people charged straight into the city and captured it.
21 Wotsrɔ̃ nu sia nu le dua me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo, alẽwo kple tedziwo. Wotsrɔ̃ nu sia nu keŋkeŋkeŋ.
At the edge of the sword they devoted to destruction everything in the city—man and woman, young and old, oxen, sheep, and donkeys.
22 Yosua gblɔ na ŋkutsala eveawo be, “Miwɔ miaƒe ŋugbedodo dzi. Miyi miaxɔ Rahab, gbolo la kple ame siwo katã le eƒe aƒe me la ɖe agbe.”
Meanwhile, Joshua told the two men who had spied out the land, “Go into the house of the prostitute and bring out the woman and all who are with her, just as you promised her.”
23 Ŋkutsalawo yi ɖatu Rahab, eye woxɔe ɖe agbe kpe ɖe fofoa, dadaa, nɔviawo kple ame siwo katã nɔ egbɔ la ŋu. Wona ame siawo nɔ Israelviwo ƒe asaɖa la godo.
So the young spies went in and brought out Rahab, her father and mother and brothers, and all who belonged to her. They brought out her whole family and settled them outside the camp of Israel.
24 Wotɔ dzo du la kple nu siwo katã le eme la negbe klosalo kple sika kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ ko wolɔ yi ɖada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe.
Then the Israelites burned up the city and everything in it. However, they put the silver and gold and articles of bronze and iron into the treasury of the LORD’s house.
25 Ale Yosua na Rahab, gbolo la kple eƒe ƒometɔ siwo nɔ egbɔ le eƒe aƒe me la tsi agbe, eye wotsi Israelviwo dome va se ɖe egbe, elabena Rahab ɣla ŋkutsala eve siwo Yosua ɖo ɖe Yeriko.
And Joshua spared Rahab the prostitute, with her father’s household and all who belonged to her, because she hid the men Joshua had sent to spy out Jericho. So she has lived among the Israelites to this day.
26 Ɣe ma ɣi la, Yosua ka atam vevi sia be, “Ame si agbugbɔ Yeriko du sia atso la, fiƒode sia ava edzi le Yehowa ŋkume. Atsɔ Via ŋutsu ŋgɔgbetɔ aɖo eƒe gɔmeɖokpewoe, eye wòatsɔ via ɖevitɔ ƒe agbe atsɔ ade agbowo du la nu.”
At that time Joshua invoked this solemn oath: “Cursed before the LORD is the man who rises up and rebuilds this city, Jericho; at the cost of his firstborn he will lay its foundations; at the cost of his youngest he will set up its gates.”
27 Ale Yehowa nɔ kple Yosua, eye eƒe ŋkɔxɔxɔ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.
So the LORD was with Joshua, and his fame spread throughout the land.

< Yosua 6 >