< Yosua 5 >
1 Esi Amoritɔwo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple Kanaantɔwo, ame siwo nɔ Domeƒu la nu se be Yehowa na Yɔdan tɔsisi la mie, ale be Israelviwo te ŋu zɔ ƒuƒuiƒe le tɔʋu la me hetso tɔsisia la, dzi ɖe le wo ƒo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ.
约旦河西亚摩利人的诸王和靠海迦南人的诸王,听见耶和华在以色列人前面使约旦河的水干了,等到我们过去,他们的心因以色列人的缘故就消化了,不再有胆气。
2 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ kpe nàwɔ hɛwo, eye nàtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã.”
那时,耶和华吩咐约书亚说:“你制造火石刀,第二次给以色列人行割礼。”
3 Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la dzi, eye wòtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã le Aralɔt togbɛ la gbɔ.
约书亚就制造了火石刀,在“除皮山”那里给以色列人行割礼。
4 Azɔ la, susu si ta wòwɔe ɖo lae nye esi: ame siwo katã do tso Egipte, ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa la ku ɖe gbea dzi esi wodo go tso Egipte.
约书亚行割礼的缘故,是因为从埃及出来的众民,就是一切能打仗的男丁,出了埃及以后,都死在旷野的路上。
5 Wotso aʋa na ame siwo katã do go tso Egipte, ke wometsoe na ame siwo katã wodzi le gbea dzi esi wodo go tso Egipte la o.
因为出来的众民都受过割礼;惟独出埃及以后、在旷野的路上所生的众民都没有受过割礼。
6 Israel dukɔ la tsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime ŋutsu siwo katã tsi, eye woate ŋu ade aʋa esi wodzo le Egipte la ku. Womeɖo to Yehowa o, eya ta Yehowa ka atam be yemana woade anyigba si ŋugbe yedo na Israel, “Anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi o.
以色列人在旷野走了四十年,等到国民,就是出埃及的兵丁,都消灭了,因为他们没有听从耶和华的话。耶和华曾向他们起誓,必不容他们看见耶和华向他们列祖起誓、应许赐给我们的地,就是流奶与蜜之地。
7 Ale Yosua tso aʋa na wo viŋutsuwo, ame siwo tsi va xɔ ɖe wo fofowo teƒe la azɔ.
他们的子孙,就是耶和华所兴起来接续他们的,都没有受过割礼;因为在路上没有给他们行割礼,约书亚这才给他们行了。
8 Esi wotso aʋa na ŋutsuawo vɔ la, dukɔ blibo la tɔ ɖe asaɖa la me va se ɖe esime abiawo ku.
国民都受完了割礼,就住在营中自己的地方,等到痊愈了。
9 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Egbe la, miaƒe kluvinyenye le Egipte ƒe ŋukpe la ɖe ɖa,” eya ta woyɔa teƒe ma va se ɖe egbe be Gilgal, si gɔmee nye, “Ɖeɖeɖa.”
耶和华对约书亚说:“我今日将埃及的羞辱从你们身上滚去了。”因此,那地方名叫吉甲,直到今日。
10 Esime wonɔ asaɖa me le Gilgal le Yeriko gbedzi la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ.
以色列人在吉甲安营。正月十四日晚上,在耶利哥的平原守逾越节。
11 Gbe ma gbe ƒe fɔŋlie nye ŋkeke gbãtɔ si dzi woɖu nukuwo tso Kanaanyigba la dzi; woɖu bli meme kple amɔ maʋamaʋã.
逾越节的次日,他们就吃了那地的出产;正当那日吃无酵饼和烘的谷。
12 Esi ŋu ke la, mana megadza o, eye womegakpɔe kpɔ va se ɖe egbe o! Eya ta tso gbe ma gbe dzi la, woɖua Kanaanyigba dzi nukuwo.
他们吃了那地的出产,第二日吗哪就止住了,以色列人也不再有吗哪了。那一年,他们却吃迦南地的出产。
13 Esime Yosua nɔ teƒe si te ɖe Yeriko ŋu, eye wòfɔ kɔ dzi ko la, ame aɖe si lé yi ɖe asi la do ɖe eŋkume kpoyi! Yosua te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Mía dzie nèle loo alo míaƒe futɔe nènye?”
约书亚靠近耶利哥的时候,举目观看,不料,有一个人手里有拔出来的刀,对面站立。约书亚到他那里,问他说:“你是帮助我们呢,是帮助我们敌人呢?”
14 Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe Aʋafiae menye.” Yosua tsyɔ mo anyi, de ta agu nɛ kple vɔvɔ̃, eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔlae menye; nu ka nèdi be mawɔ?”
他回答说:“不是的,我来是要作耶和华军队的元帅。”约书亚就俯伏在地下拜,说:“我主有什么话吩咐仆人。”
15 Yehowa ƒe Aʋafia la gblɔ nɛ be, “Ɖe wò afɔkpa le afɔ, elabena teƒe kɔkɔe aɖee nètsi tsitre ɖo!” Yosua wɔ nu si Aʋafia la ɖo nɛ, heɖe eƒe afɔkpa la le afɔ.
耶和华军队的元帅对约书亚说:“把你脚上的鞋脱下来,因为你所站的地方是圣的。”约书亚就照着行了。