< Yosua 4 >

1 Esi ameawo katã tso tɔsisi la dedie la, Yehowa gblɔ na Yosua bena,
When the whole nation had finished crossing the Jordan, the LORD said to Joshua,
2 “Tia ame wuieve tso Israel dukɔ la me, ame ɖeka tso to ɖe sia ɖe me,
“Choose twelve men from among the people, one from each tribe,
3 eye nàgblɔ na wo be: woatsɔ kpe wuieve tso teƒe si tututu nunɔlaawo tsi tsitre ɖo le Yɔdan tɔsisi la titina; woatsɔ kpe wuieve siawo ayi ɖe teƒe si miaƒu asaɖa anyi ɖo le zã sia me.”
and command them: ‘Take up for yourselves twelve stones from the middle of the Jordan where the priests were standing, carry them with you, and set them down in the place where you spend the night.’”
4 Ale Yosua yɔ ame wuieve siwo wòtia tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me,
So Joshua summoned the twelve men he had appointed from the Israelites, one from each tribe,
5 eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yɔdan tɔsisi la titina, afi si nubablaɖaka la le; mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta tso afi ma. Kpeawo ƒe xexlẽme nanɔ wuieve, ɖeka ɖe to wuieveawo dometɔ ɖe sia ɖe nu.
and said to them, “Cross over before the ark of the LORD your God into the middle of the Jordan. Each of you is to take a stone upon his shoulder, according to the number of the tribes of Israel,
6 Mitsɔ wo tu ŋkuɖodzikpe ale be ne mia viwo abia mi gbe aɖe gbe be, ‘Nu kae ŋkuɖodzikpe sia le fiafiam mahã?’ la,
to serve as a sign among you. In the future, when your children ask, ‘What do these stones mean to you?’
7 miagblɔ na wo be, Yɔdan tɔsisi la dzudzɔ sisi le nubablaɖaka la ŋgɔ. Esi wòtso Yɔdan tɔsisia la, tsi la ƒe sisi nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzikpe na Israelviwo tegbetegbe.”
you are to tell them, ‘The waters of the Jordan were cut off before the ark of the covenant of the LORD. When it crossed the Jordan, the waters were cut off.’ Therefore these stones will be a memorial to the Israelites forever.”
8 Israelviwo wɔ abe ale si Yosua ɖo na wo ene pɛpɛpɛ. Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la titina, kpe ɖeka ɖe to ɖeka ɖe sia ɖe nu, abe ale si Yehowa ɖo na Yosua ene tututu. Wokɔ kpeawo yi afi si woƒu asaɖa anyi ɖo le zã ma me hewɔ ŋkuɖodzikpe aɖe ɖe afi ma.
Thus the Israelites did as Joshua had commanded them. They took up twelve stones from the middle of the Jordan, one for each tribe of Israel, just as the LORD had told Joshua; and they carried them to the camp, where they set them down.
9 Yosua hã kɔ kpe wuieve tu ŋkuɖodzikpe bubu ɖe Yɔdan tɔsisi la titina, le teƒe si nunɔlawo tsi tsitre ɖo. Ŋkuɖodzikpe sia gali egbegbe.
Joshua also set up twelve stones in the middle of the Jordan, in the place where the priests who carried the ark of the covenant stood. And the stones are there to this day.
10 Nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la, tsi tsitre ɖe tɔsisi la titina va se ɖe esime wowɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa gblɔ na Yosua to Mose dzi la dzi. Ameawo ɖe abla zɔ tɔʋu ƒuƒui la me.
Now the priests who carried the ark remained standing in the middle of the Jordan until the people had completed everything the LORD had commanded Joshua to tell them, just as Moses had directed Joshua. The people hurried across,
11 Esi ameawo katã tso tɔsisi la la vɔ la, nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la tso tɔʋu la me va wo gbɔ le godzi, eye wodze ŋgɔ na wo.
and after everyone had finished crossing, the priests with the ark of the LORD crossed in the sight of the people.
12 Ŋutsu siwo tso Ruben kple Gad ƒe towo me kple Manase ƒe to afã me la bla akpa na aʋawɔwɔ, eye wodze ŋgɔ na Israelviwo abe ale si Mose ɖo na wo ene.
The Reubenites, the Gadites, and the half-tribe of Manasseh crossed over before the Israelites, armed for battle as Moses had instructed them.
13 Aʋawɔlawo abe ŋutsu akpe blaene ene tso eme le Yehowa ŋkume yi gbedzi le Yeriko lɔƒo.
About 40,000 troops armed for battle crossed over before the LORD into the plains of Jericho.
14 Gbe ma gbe nye ŋkeke gã aɖe na Yosua, elabena Yehowa de bubu gã aɖe eŋu le Israelviwo katã ŋkume. Ale wobui, eye wovɔ̃e abe Mose ene le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
On that day the LORD exalted Joshua in the sight of all Israel, and they revered him all the days of his life, just as they had revered Moses.
15 Yehowa gblɔ na Yosua be
Then the LORD said to Joshua,
16 wòaɖe gbe na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woado go le Yɔdan tɔsisi la me.
“Command the priests who carry the ark of the Testimony to come up from the Jordan.”
17 Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe nya sia dzi,
So Joshua commanded the priests, “Come up from the Jordan.”
18 eye esi nunɔlawo ɖo afɔ tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi ko la, tɔsisi la gade asi sisi me, eye wògagbagba ɖe eƒe gowo dzi abe tsã ene.
When the priests carrying the ark of the covenant of the LORD came up out of the Jordan and their feet touched the dry land, the waters of the Jordan returned to their course and overflowed all the banks as before.
19 Nukunu sia va eme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi. Gbe ma gbe la, Israel dukɔ blibo la tso Yɔdan tɔsisi la, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yeriko ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
On the tenth day of the first month the people went up from the Jordan and camped at Gilgal on the eastern border of Jericho.
20 Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la me tu ŋkuɖodzikpe ɖe afi ma.
And there at Gilgal Joshua set up the twelve stones they had taken from the Jordan.
21 Yosua gaɖe nu si ŋkuɖodzikpe la le fiafiam la gɔme na Israelviwo hegblɔ be, “Ne mia viwo va bia mi gbe aɖe gbe be nu ka ta kpe siawo le afi sia ɖo, eye nu ka fiam wole hã la,
Then Joshua said to the Israelites, “In the future, when your children ask their fathers, ‘What is the meaning of these stones?’
22 miagblɔ na wo be kpe siawo le ŋku ɖom nukunu gã si dzɔ esime Israel dukɔ la zɔ ƒuƒuiƒe hetso Yɔdan tɔsisi la dzi!
you are to tell them, ‘Israel crossed the Jordan on dry ground.’
23 Migblɔ ale si Yehowa, míaƒe Mawu la na tɔsisi la mie le mía ŋkume, eye wòna wònɔ miemie nenema va se ɖe esime mí katã míetso tɔsisi la! Nenema tututue Yehowa wɔ na mi esi mieva ɖo Ƒu Dzĩ la to ƒe blaene nye esi va yi!
For the LORD your God dried up the waters of the Jordan before you until you had crossed over, just as He did to the Red Sea, which He dried up before us until we had crossed over.
24 Ewɔ esia ale be, xexemedukɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ale be mí katã míavɔ̃e tegbee.”
He did this so that all the peoples of the earth may know that the hand of the LORD is mighty, and so that you may always fear the LORD your God.”

< Yosua 4 >