< Yosua 3 >

1 Yosua kple Israelviwo katã fɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ tso Sitim va ɖo Yɔdan tɔsisi la to le fiẽ me. Wotsi afi ma dɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hafi tso tɔsisi la.
Joshua rose up early in the morning; and they moved from Shittim, and came to the Jordan, he and all the children of Israel. They lodged there before they passed over.
2 Le ŋkeke etɔ̃lia gbe la, kplɔlawo tsa le asaɖa la me,
It happened after three days, that the officers went through the midst of the camp;
3 eye woɖe gbeƒã na ameawo be, “Ne miekpɔ nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo wokɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la, ekema miho miadze wo yome.
and they commanded the people, saying, "When you see the ark of the covenant of the LORD your God, and the priests the Levites bearing it, then you shall move from your place, and follow it.
4 Mieva afi sia kpɔ o, eya ta nunɔlawo afia afi si miayi la mi, gake migate ɖe nubablaɖaka la ŋu kplikplikpli o; mina dometsotso abe kilomita ɖeka ene nanɔ miawo kple nubablaɖaka la dome. Mikpɔ egbɔ be yewomete ɖe eŋu wu nenema o.”
However, keep a distance of about two thousand nine hundred fifty-three feet between yourselves and the ark. Do not come near to it, that you may know the way by which you must go; for you have not passed this way before."
5 Yosua gblɔ na ameawo be, “Mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti, elabena etsɔ la, Yehowa le nukunu gã aɖe wɔ ge.”
Joshua said to the people, "Sanctify yourselves; for tomorrow the LORD will do wonders among you."
6 Yosua gblɔ na nunɔlawo le ŋdi me be, “Mikɔ nubablaɖaka la, eye miakplɔ mí atso Yɔdan tɔsisi lae!” Ale wodze mɔ.
Joshua spoke to the priests, saying, "Take up the ark of the covenant, and pass over before the people." They took up the ark of the covenant, and went before the people.
7 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Made bubu gã aɖe ŋuwò egbe ale be, Israelviwo katã nanya be meli kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene.
The LORD said to Joshua, "Today I will begin to magnify you in the sight of all Israel, that they may know that as I was with Moses, so I will be with you.
8 Gblɔ na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woatɔ ɖe tɔsisi la nu.”
You shall command the priests who bear the ark of the covenant, saying, 'When you come to the brink of the waters of the Jordan, you shall stand still in the Jordan.'"
9 Yosua ƒo ƒu Israelviwo katã nu, eye wògblɔ na wo be, “Miva miase nya si Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ.
Joshua said to the children of Israel, "Come here, and hear the words of the LORD your God."
10 Egbe la, miadze sii kɔtɛe be Mawu gbagbe la le mia dome, eye wòanya Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, kple Yebusitɔwo le anyigba si xɔ ge míala fifia la dzi.
Joshua said, "Hereby you shall know that the living God is among you, and that he will without fail drive the Canaanite, and the Hethite, and the Hivite, and the Perizzite, and the Girgashite, and the Amorite, and the Jebusite out from before you.
11 Mibu eŋu kpɔ! Mawu, ame si nye Aƒetɔ na xexea me katã la ƒe nubablaɖaka akplɔ mí atso tɔsisi lae!
Look, the ark of the covenant of the Lord of all the earth passes over before you into the Jordan.
12 “Fifia la, mitia ame wuieve, ame ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me hena dɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ.
Now therefore take twelve men from the children of Israel, one man for each tribe.
13 Ne nunɔla siwo kɔ Yehowa, anyigba la katã ƒe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la, ka afɔ Yɔdan tɔsisi la me teti ko la, eƒe tsi siwo le sisim yi anyigbeme la nu atso, eye woazu gli.”
It shall come to pass, when the soles of the feet of the priests who bear the ark of the LORD, the Lord of all the earth, rest in the waters of the Jordan, that the waters of the Jordan will be cut off, even the waters that come down from above; and they shall stand in one heap."
14 Ale esi ameawo do le asaɖa la me yina be woatso Yɔdan tɔsisia la, nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la dze ŋgɔ na wo.
It happened, when the people moved from their tents to pass over the Jordan, the priests who bore the ark of the covenant being before the people,
15 Azɔ Yɔdan tɔsisi la ɖɔ, gbagba le nuŋeɣi katã, gake esi nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la ɖo Yɔdan tɔsisi la nu, eye woƒe afɔ ka tɔsisi la to teti ko la,
and when those who bore the ark had come to the Jordan, and the feet of the priests who bore the ark had dipped in the edge of the water (for the Jordan overflows all its banks all the time of harvest),
16 dzigbetsi la dzudzɔ sisi, eye wòzu gli le adzɔge na wo le du aɖe si woyɔna be Adam la gbɔ le Zaretan lɔƒo. Ke tsi si nɔ sisim yina ɖe anyigbeme la si yi ɖe Araba alo Dzeƒu la me. Ale tsi la ƒe sisi tɔ keŋkeŋ, eye ameawo tso tɔsisi la ɖi go ɖe Yeriko kasa.
that the waters which came down from above stood, and rose up in one heap, a great way off, at Adam, the city that is beside Zarethan; and those that went down toward the sea of the Arabah, even the Salt Sea, were wholly cut off. Then the people passed over right against Jericho.
17 Nunɔla siwo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi le Yɔdan tɔsisi la titina, ale Israelviwo katã tso eme va se ɖe esime dukɔ blibo la tso tɔsisi la le anyigba ƒuƒu dzi.
The priests who bore the ark of the covenant of the LORD stood firm on dry ground in the middle of the Jordan; and all Israel passed over on dry ground, until all the nation had passed completely over the Jordan.

< Yosua 3 >