< Yosua 24 >

1 Yosua yɔ Israelviwo katã, woƒe ƒomewo ƒe ametsitsiwo, tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo siaa ƒo ƒu ɖe Sekem le Mawu ŋkume.
若蘇厄又聚集以色列眾支派來到舍根,也召集了以色列長老、首領,和官長,叫他們立在官長面前,
2 Yosua gblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la be, ‘Mia tɔgbuiwo, Tera, Abraham kple Nahor fofo wonɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, eye wosubɔ mawu bubuwo.
若蘇厄對全民眾說:「上主以色列的天主這樣說:從前你們的祖先亞巴郎和納曷爾的父親特辣黑,住在大河那邊,事奉別的神明。
3 Ke mekplɔ Abraham, mia tɔgbui, tso anyigba ma dzi, na wòtso tɔsisi la, eye mekplɔe va Kanaanyigba dzi. Mena eƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ to via Isak dzi.
我將你們的祖先亞巴郎從大河那邊召來,領他們走遍客納罕全地,使他的後裔繁多,賜給了他依撒格。
4 Isak ƒe vi siwo menae la woe nye, Yakob kple Esau. Metsɔ anyigba si ƒo xlã Seir to la na Esau, ke Yakob kple viawo yi Egipte.
我又將雅各伯和厄撒烏賜給了依撒格;將色依爾山區賜給了厄撒烏作產業;雅各伯卻和他的兒子下到了埃及。
5 “‘Meɖo Mose kple Aron ɖa be woahe dɔvɔ̃ dziŋɔwo va Egipte dzi, eye mekplɔ nye ameawo dzoe abe ablɔɖemewo ene.
以後,我派遺了梅瑟和亞郎,在埃及行奇跡,打擊了埃及,然後將你們領了出來。
6 Ke esi woɖo Ƒu Dzĩ la nu la, Egiptetɔwo kplɔ wo ɖo kple tasiaɖamwo kple sɔwo,
當我領你們的祖先離開埃及來到海邊時,埃及人率領車輛兵馬,追趕你們的祖先直到紅海。
7 ale Israelviwo do ɣli yɔm, eye mena viviti do ɖe woawo kple Egiptetɔwo dome. Mena atsiaƒu la ŋe dze Egiptetɔwo dzi, eye wonyrɔ ɖe tsi la me, miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ. Le esia megbe la, Israelviwo nɔ gbegbe la ƒe geɖe.
當他們呼求上主時,上主便在你們和埃及人之間突降濃霧,仗海水流回淹沒了他們。我在埃及所行的,你們都親眼見過。以後你們在曠野住了很久。
8 “‘Mlɔeba la, mekplɔ mi va Amoritɔwo ƒe anyigba dzi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ. Afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi, ke metsrɔ̃ wo, eye metsɔ woƒe anyigba la na mi.
當我領你們到了住在約旦河東阿摩黎人的地域時,你們曾攻擊過你們,但我將你們交在你們手中,使你們佔領他們的地方,由你們面前消滅了他們。
9 Emegbe la, Fia Balak ho aʋa ɖe Israel ŋu, eye wòbia tso Balaam, Beor ƒe vi, si be wòaƒo fi ade mi,
那時摩阿布王,漆頗爾的兒子巴拉克起來攻擊以色列,並派人叫貝敖爾的兒子巴郎來詛咒你們。
10 ke nyemeɖo toe o, ke boŋ mena wòyra mi boŋ. Ale meɖe Israel tso eƒe asi me.
但是我不想俯聽巴郎,他反而祝福了你們。這樣,我從他手中救了你們。
11 “‘Mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieva Yeriko, afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi abe ale si Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo siaa wɔ ene. Wowɔ aʋa kpli mi ɖeka ɖeka, gake metsrɔ̃ wo katã.
以後你們渡過約旦河來到耶利哥,耶利哥的居民同你們作,以後有阿摩黎人、培黎齊人、客納罕人。赫特人、基爾加士人、希威人和耶步斯人,都同你們作過戰,但我將他們都交在你們手中。
12 Meɖo nudzodzoe teamewo ɖe mia ŋgɔ be woanya Amoritɔwo ƒe fia eveawo kple woƒe amewo. Menye miaƒe yiwo alo aŋutrɔwoe he dziɖuɖu vɛ na mi o!
我並派黃蜂在你們前,將阿摩黎人的兩個王子,從你們面前趕走,並未用你們的劍,也未用你們的弓。
13 Metsɔ anyigba si ŋu mieku kutri le o kple du siwo mietso o, du siwo me miele fifia la na mi. Metsɔ waingblewo kple amitiwo na mi hena miaƒe nuɖuɖu togbɔ be menye miawoe de woƒe agblewo o hã.’
這樣,我把未經你們開墾的地,賜給了你們;把未經你們建築的城,賜給了你們居住;將未經你們種植的葡萄園和橄欖樹林,賜給了你們作食物。
14 “Eya ta mivɔ̃ Yehowa, eye miasubɔe kple dzi blibo le nyateƒe me. Miɖe asi le mawu siwo mia tɔgbuiwo subɔ esime wonɔ Frat tɔsisi la godo kple Egipte la ŋu. Misubɔ Yehowa ɖeɖe ko.
所以你們應該敬畏上主,誠心敬地事奉衪,拋棄你們祖先在大河那邊和埃及所事奉的神,惟獨事奉上主。
15 Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!”
若是你們不樂意事奉上主,那麼今天就揀選你們所願事奉的,或是你們祖先在大河那邊所事奉的神,或是你們現住地的阿摩黎人的神;至於我和我的家族,我們一定要事奉上主。」
16 Ameawo ɖo eŋu be, “Míagblẽ Yehowa ɖi gbeɖe asubɔ mawu bubuwo o,
眾百姓回答說:「我們絕對不願背棄上主,去事奉其他的神!
17 elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe mía fofowo tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. Eyae nye Mawu si wɔ nukunu gãwo le Israelviwo ŋkume esi míezɔ mɔ to gbedzi, eye wòɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me esi míeto woƒe anyigbawo dzi.
因為上主是我們的天主,是衪領我們和我們的祖先出離了埃及地,為奴之家,在我們眼前行了絕大的神蹟,在我們所走的一切路上,在我們所經過的一切民族中,紿終保護了我們。
18 Yehowae nya Amoritɔwo kple dukɔ bubu siwo nɔ anyigba sia dzi. Ɛ̃, míetia Yehowa, elabena eya ɖeka koe nye Mawu.”
上主更從我們面前,趕走了所有的異族,和住在這地的阿摩黎人。為此我們必要事奉上主,因為衪是我們的天主。」
19 Yosua ɖo eŋu na ameawo be, “Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu le kɔkɔe, eye wòʋãa ŋu, matsɔ miaƒe aglãdzedze kple nu vɔ̃wo ake mi o.
若蘇厄對百姓說:「你們不能事奉上主,因為衪是神聖不可侵犯的天主,是忌邪的天主,衪決不寬赦你們的過犯和罪惡,
20 Ne miegblẽ Yehowa ɖi, eye miesubɔ mawu bubuwo la, atso ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi togbɔ be ekpɔ mia dzi ɣeyiɣi didi sia hã.”
如果你們背棄上主,去事奉外邦的神,在衪恩待你們之後,衪必轉而向你們降禍,消滅你們。
21 Ameawo ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Yehowa ko miasubɔ.”
百姓答覆若蘇厄說:「決不! 我們一定要事奉上主! 」
22 Yosua yi edzi be, “Miawo ŋutɔ miese nu si miegblɔ. Mielɔ̃ be yewoasubɔ Yehowaa?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenye ɖasefowo.”
若蘇厄對百姓說:「這是你們自己對自己作證,要選擇事奉上主! 」他們答說:「我們自己作證。」
23 Yosua gblɔ be, “Enyo, ekema miɖe asi le mawu siwo katã le mia si fifia la ŋu, eye miaɖo to Aƒetɔ, Yehowa, Israel ƒe Mawu la.”
「那麼,你們應除掉你們中間的外邦神,一心歸向上主,以色列的天主。」
24 Ameawo ɖo eŋu na Yosua be, “Ɛ̃, míasubɔ, eye míaɖo to, Yehowa míaƒe Mawu ko!”
百姓答覆若蘇厄說:「我們決定事奉上主,我們的天主,必聽從衪的聲音。」
25 Ale Yosua bla nu kple wo gbe ma gbe le Sekem, eye wòtsɔ wo de nubabla mavɔ me kple Mawu.
當天若蘇厄便與百姓立約,在舍根為他們立定了誡命和典章。
26 Yosua ŋlɔ ameawo ƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe Segbalẽ la me, eye wòmli kpe gã aɖe da ɖe logoti si le Yehowa ƒe Agbadɔ la gbɔ la te abe ŋkuɖodzinu ene.
若蘇厄將這些話都寫在天主的法律書上;又取了一塊一石,立在上主聖所旁邊的篤耨樹下。
27 Eye Yosua gblɔ na ameawo katã be, “Kpe sia se nu siwo katã Yehowa gblɔ, eya ta anye ɖasefo atsi tsitre ɖe mia ŋu ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe dzi o.”
g寸全民眾說:「看! 這塊石頭將作我們的見證,因為這塊石頭聽見了上主對我們所說的一切話。這塊石頭也將作你們的見證,以免你們背棄你們的天主。」
28 Yosua ɖe asi le ameawo ŋu, eye ame sia ame yi eƒe anyigba dzi.
此後,若蘇厄便打發百姓各回到的地業去了。
29 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, Nun vi Yosua ku. Exɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo.
這事以後,上主的僕人,農的兒子若蘇厄便去了世,享年一百一十歲。
30 Woɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi le Timnat Sera, le Efraim ƒe tonyigba la dzi, le Gaas toawo ƒe anyiehe lɔƒo.
人將埋葬在阿士山北,厄弗辣因山區的提默納特色辣黑自己的產業內。
31 Israel subɔ Yehowa le Yosua kple ametsitsi bubu siwo kpɔ nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ na Israel teƒe la le woƒe agbenɔɣiwo.
若蘇厄在世時以及在他死後,那些知道上主為以色列所行的一切事蹟的長老們在世時,以色列人常事奉了上主。
32 Woɖi Yosef ƒe ƒu siwo Israel tsɔ vɛ tso Egiptenyigba dzi la ɖe Sekem, le anyigba si Yakob ƒle le Hamor ƒe viwo si la dzi. Teƒe sia le anyigba si woma na Yosef ƒe viwo la me.
以色列子民也將從埃及抬回來的若瑟遺骸,埋葬在舍根的田裏。那塊地是雅各伯用一百銀錢,由舍根的父親,哈摩爾的子孫手中買來的;這塊地便成了若瑟子孫的產業。
33 Eleazar, Aron ƒe vi hã ku, eye woɖii ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi le Gibea, du si wotsɔ na via Finehas la me.
亞郎的兒子厄肋阿匝爾也死了。人將他埋葬在基貝亞,即他的兒子丕乃哈斯在厄弗辣因山地分得的城內。

< Yosua 24 >