< Yosua 23 >

1 Le esiawo katã megbe esi Yehowa na be Israelviwo ɖu woƒe futɔwo katã dzi, eye wokpɔ gbɔdzɔe la, Yosua, ame si zu amegãɖeɖi azɔ la
ויהי מימים רבים אחרי אשר הניח יהוה לישראל מכל איביהם מסביב ויהושע זקן בא בימים
2 yɔ Israel ƒe kplɔlawo, ametsitsiwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dɔdzikpɔlawo katã ƒo ƒu hegblɔ na wo be, “Fifia metsi azɔ.
ויקרא יהושע לכל ישראל--לזקניו ולראשיו ולשפטיו ולשטריו ויאמר אלהם--אני זקנתי באתי בימים
3 Miekpɔ nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le nye agbenɔɣi. Ewɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòtsɔ woƒe anyigba na mi.
ואתם ראיתם את כל אשר עשה יהוה אלהיכם לכל הגוים האלה--מפניכם כי יהוה אלהיכם הוא הנלחם לכם
4 Mema dukɔ siwo gali kokoko kple esiwo dzi meɖu la ƒe anyigbawo na mi abe miaƒe domenyinu ene, tso Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣedzeƒe heyi Domeƒu la ŋu le ɣetoɖoƒe.
ראו הפלתי לכם את הגוים הנשארים האלה בנחלה--לשבטיכם מן הירדן וכל הגוים אשר הכרתי והים הגדול מבוא השמש
5 Yehowa, miaƒe Mawu la ana miaƒe futɔwo nagbugbɔ, eye wòanya wo, woasi le mia ŋgɔ. Miaxɔ woƒe anyigbawo abe ale si Yehowa, miaƒe Mawu la do ŋugbe na mi ene.
ויהוה אלהיכם הוא יהדפם מפניכם והוריש אתם מלפניכם וירשתם את ארצם כאשר דבר יהוה אלהיכם לכם
6 “Ke miwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me la dzi pɛpɛpɛ. Migade axa na seawo dzi wɔwɔ le mɔ suetɔ kekeake gɔ̃ hã nu o.
וחזקתם מאד--לשמר ולעשות את כל הכתוב בספר תורת משה לבלתי סור ממנו ימין ושמאול
7 Mikpɔ nyuie be, miade ha kple trɔ̃subɔla siwo gale anyigba la dzi kura o. Migayɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã o; migawɔ woƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me o, eye migasubɔ wo o.
לבלתי בא בגוים האלה הנשארים האלה אתכם ובשם אלהיהם לא תזכירו ולא תשביעו ולא תעבדום ולא תשתחוו להם
8 Ke midze Yehowa, miaƒe Mawu la yome abe ale si miele wɔwɔm va se ɖe fifia ene.
כי אם ביהוה אלהיכם תדבקו כאשר עשיתם עד היום הזה
9 Yehowa nya dukɔ triakɔwo ɖa le mia ŋgɔ, eye dukɔ aɖeke mete ŋu ɖu mia dzi o.
ויורש יהוה מפניכם גוים גדלים ועצומים ואתם לא עמד איש בפניכם עד היום הזה
10 Mia dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe te ŋu nya futɔ akpe ɖeka ɖe du nu, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la wɔa aʋa na mi,
איש אחד מכם ירדף אלף כי יהוה אלהיכם הוא הנלחם לכם כאשר דבר לכם
11 eya ta mikpɔ egbɔ be yewoyi Yehowa miaƒe Mawu lɔlɔ̃ dzi.
ונשמרתם מאד לנפשתיכם לאהבה את יהוה אלהיכם
12 “Ne miegbugbɔ le Yehowa yome, eye ne miede asi srɔ̃ɖeɖe tso wo dome me la,
כי אם שוב תשובו ודבקתם ביתר הגוים האלה הנשארים האלה אתכם והתחתנתם בהם ובאתם בהם והם בכם
13 ekema minyae nyuie be, Yehowa maganya dukɔ mawo ɖa le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ azu mɔ si wotre na mi, ana miase veve le miaƒe axadame, wòazu ŋu anɔ ŋku tɔm na mi, eye miatsrɔ̃ le anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la dzi.
ידוע תדעו כי לא יוסיף יהוה אלהיכם להוריש את הגוים האלה מלפניכם והיו לכם לפח ולמוקש ולשטט בצדיכם ולצננים בעיניכם עד אבדכם מעל האדמה הטובה הזאת אשר נתן לכם יהוה אלהיכם
14 “Esusɔ vie ko maku. Mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyuie le eƒe dzi me be Yehowa miaƒe Mawu na nu nyui siwo katã ŋugbe wòdo la mi, ɖeke meda le edzi o.
והנה אנכי הולך היום בדרך כל הארץ וידעתם בכל לבבכם ובכל נפשכם כי לא נפל דבר אחד מכל הדברים הטובים אשר דבר יהוה אלהיכם עליכם--הכל באו לכם לא נפל ממנו דבר אחד
15 Ke abe ale si wòwɔ ŋugbe siwo katã wòdo na mi dzi ene la, nenema ke wòawɔ ɖe nya vɔ̃ siwo katã wògblɔ da ɖi la hã dzii.
והיה כאשר בא עליכם כל הדבר הטוב אשר דבר יהוה אלהיכם אליכם כן יביא יהוה עליכם את כל הדבר הרע--עד השמידו אותכם מעל האדמה הטובה הזאת אשר נתן לכם יהוה אלהיכם
16 Ne miewɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi dzi o, eye ne miesubɔ Mawu bubuwo la, ekema ahe to na mi le eƒe dɔmedzoe me, eye eteƒe madidi o la, mia dometɔ aɖeke magasusɔ ɖe anyigba nyui si Yehowa tsɔ na mi la dzi o.”
בעברכם את ברית יהוה אלהיכם אשר צוה אתכם והלכתם ועבדתם אלהים אחרים והשתחויתם להם--וחרה אף יהוה בכם ואבדתם מהרה מעל הארץ הטובה אשר נתן לכם

< Yosua 23 >