< Yosua 22 >
1 Azɔ la, Yosua yɔ Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to la ƒe afã la ƒo ƒui.
Afei, Yosua frɛɛ Ruben ne Gad mmusuakuw ne Manase abusuakuw fa no nyinaa.
2 Egblɔ na wo be, “Miewɔ nu sia nu si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na mi be miawɔ, eye miewɔ nye sewo katã hã dzi.
Ɔka kyerɛɛ wɔn se, “Moayɛ sɛnea Mose, Awurade somfo hyɛɛ mo sɛ monyɛ no na moadi ɔhyɛ asɛm biara a mehyɛ maa mo no so.
3 Miegblẽ mia nɔvi Israelvi bubuawo ɖi kpɔ gbeɖe o togbɔ be aʋa la xɔ ɣeyiɣi didi aɖe alea hã.
Ɛwɔ mu sɛ dwumadi no agye bere tenten bi de, nanso moampa mmusuakuw a aka no akyi. Moatɔ mo bo ase adi mmara a Awurade, mo Nyankopɔn hyɛ maa mo no so de abesi nnɛ.
4 Azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la na dziɖuɖu kple dzudzɔ mí abe ale si wòdo ŋugbe ene, eya ta miyi miaƒe anyigba si Mose, Yehowa ƒe dɔla na mi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ la dzi azɔ.
Na mprempren Awurade, mo Nyankopɔn ama mmusuakuw a aka no ahomegye sɛnea ɔhyɛɛ wɔn bɔ no. Enti monkɔ mo nkyi wɔ asase a Mose, Awurade somfo no de maa mo wɔ Asubɔnten Yordan apuei fam no so.
5 Mikpɔ egbɔ be mieyi se siwo Mose de na mi la wɔwɔ dzi, milɔ̃ Yehowa, eye mizɔ ɖe ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ ŋu la nu. Milé ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, eye miasubɔe kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo.”
Monhwɛ yiye na munni mmara a Mose hyɛ maa mo no so. Monnɔ Awurade, mo Nyankopɔn. Monnantew nʼakwan nyinaa so, munni nʼahyɛde so, munni no nokware na momfa mo koma nyinaa ne mo kra nyinaa nsom no.”
6 Le esia megbe la, Yosua yra wo, eye wòɖo wo ɖe woƒe anyigbawo dzi.
Na Yosua hyiraa wɔn, gyaa wɔn kwan ma wɔkɔɔ fie.
7 Mose tsɔ anyigba na Manase ƒe to afã la ɖe Basan, eye Yosua na anyigba to la ƒe afã la ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi kple wo nɔviŋutsuwo. Esi Yosua ɖo wo ɖe aƒe me la, edo mɔ wo kple yayranya siawo
Mose de Basan asase a ɛwɔ Yordan apuei fam no maa Manase abusuakuw fa no. Abusuakuw no fa a aka no nso, wɔde asase no fa a ɛda Yordan atɔe fam no maa wɔn. Yosua regya wɔn kwan no, ohyiraa wɔn,
8 be: “Migbugbɔ yi míaƒe aƒewo me kple miaƒe kesinɔnu gbogboawo, lãha gãwo, klosalo, sika, akɔbli kple gayibɔ kple nudodo gbogboawo, eye mima afunyinu siwo mieha le míaƒe futɔwo si la kple mia nɔviŋutsuwo.”
kae se, “Agyapade bebrebe a moanya afi mo atamfo nkyɛn no, mo ne mo abusuafo a wɔwɔ fie no nkyɛ. Anantwi dodow ne nguan bebrebe no, mo dwetɛ ne sikakɔkɔɔ, mo kɔbere mfrafrae, dade ne adurade no nyinaa, mo ne wɔn nkyɛ.”
9 Ale Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la dzo le Israelviwo ƒe aʋakɔ la me le Silo, le Kanaanyigba dzi. Wotso tɔsisi la heyi woƒe anyigba dzi le Gilead.
Enti Rubenfo, Gadfo ne Manase abusuakuw fa no gyaw Israelfo nkae no hɔ wɔ Silo a ɛwɔ Kanaan asase so. Wofitii wɔn akwantu ase sɛ wɔresan akɔ wɔn ankasa asase a ɛwɔ Gilead, asase a na ɛyɛ wɔn dea dedaw a Awurade hyɛɛ Mose ma ɔde maa wɔn no so.
10 Ke hafi woatso Yɔdan adzo le Kanaanyigba dzi la, wotu ŋkuɖodzikpe gã aɖe abe vɔsamlekpui ene be ame sia ame nakpɔ.
Wɔda so wɔ Kanaan no, ansa na wobetwa Asubɔnten Yordan no, Rubenfo, Gadfo ne Manase abusuakuw fa no sii afɔremuka kɛse bi wɔ Asubɔnten Yordan nkyɛn, wɔ faako a wɔfrɛ hɔ Gelilot no.
11 Ke esi Israelvi bubuawo se nu si wowɔ la,
Israelfo a wɔaka no tee sɛ wɔasi afɔremuka wɔ Gelilot wɔ Asubɔnten Yordan atɔe fam, wɔ Kanaan asase so no,
12 woƒo ƒu aʋawɔla aɖewo nu le Silo be yewoawɔ aʋa kple yewo nɔvi Israel ƒe to eve kple afã ma me tɔwo.
wɔn nyinaa boaa wɔn ho ano wɔ Silo, siesiee wɔn ho sɛ wɔrekɔko atia wɔn nuanom.
13 Gbã la, Israelviwo na Finehas, nunɔla Eleazar ƒe vi, kplɔ ame dɔdɔ aɖewo tso tɔsisi la, eye woƒo nu kple wo nɔvi Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la.
Nea edi kan no, wotuu nnipa a ɔsɔfo Eleasar babarima Pinehas tua wɔn ano kɔɔ Gilead. Wotwaa asubɔnten no sɛ wɔne Rubenfo, Gadfo ne Manase abusuakuw fa no rekɔkasa.
14 Ame dɔdɔawo nye Israel ƒe amegãwo; ame ɖeka tso to ewoawo dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe me, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye hlɔ̃ aɖe ƒe kplɔla.
Nnipa a wotuu wɔn no yɛ mpanyimfo du a obiara gyina hɔ ma Israel mmusuakuw du no mu baako, na ɔsan yɛ ɔkannifo ma Israel mmusua no mu baako.
15 Esi woɖo Gilead la, wogblɔ na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã bena,
Na woduu Gilead asase so no, wɔka kyerɛɛ Rubenfo, Gadfo ne Manase abusuakuw fa no se,
16 “Yehowa ƒe ameha blibo la di be yeanya nu si ta miele nu vɔ̃ wɔm ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu, mietrɔ le eyome hetu vɔsamlekpui, eye miedze aglã ɖe Yehowa ŋu.
“Awurade asafokuw nyinaa pɛ sɛ wohu nea enti a moredi Israel Nyankopɔn no huammɔ. Adɛn nti na mutumi dan mo ho fi Awurade ho, kosi afɔremuka de tia no?
17 “Ɖe nu vɔ̃ si míewɔ le Peor mesɔ gbɔ na mi oa? Míekɔ mía ɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ ma ŋu haɖe va se ɖe egbe o, togbɔ be dɔvɔ̃ va dze Yehowa ƒe amewo dzi hã.
Bɔne a yɛyɛɛ wɔ Peor no nnɔɔso mmaa yɛn ana? Ɔyaredɔm a ɛbɛtɔɔ Awurade asafokuw no nyinaa so akyi no mpo, yennwiraa yɛn ho mfii ho.
18 Ɖe miegale tɔtrɔm le Yehowa yome xoxoa? Elabena mienya be ne yewodze aglã ɖe Yehowa ŋu egbe la, ado dɔmedzoe ɖe mí katã ŋu etsɔ si gbɔna.
Nanso nnɛ yi, moretwe mo ho afi Awurade ho, sɛ morenni nʼakyi. “Sɛ mosɔre tia Awurade nnɛ a, ɔkyena ne bo befuw yɛn nyinaa.
19 Ne miehiã vɔsamlekpui, elabena wogblẽ kɔ ɖo na miaƒe anyigba ta la, ekema miva kpe mí le míaƒe nɔƒe le tɔsisi la godo, afi si Yehowa le mía dome le, le eƒe Agbadɔ la me, eye míama míaƒe anyigba na mi. Ke migadze aglã ɖe Yehowa ŋu to vɔsamlekpui bubu tutu me kpe ɖe míaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui vavã ɖeka la ŋu o.
Sɛ mususuw sɛ efi aka mo asase enti afɔremuka ho hia mo a, ɛno de, mommɛka yɛn ho wɔ asuogya ha wɔ faako a Awurade ne yɛn te wɔ nʼAsɔrefi na yɛne mo bɛkyɛ yɛn asase mu. Na monnsɔre ntia Awurade na mommfa afɔremuka foforo a moasi ama mo ho so ntwe yɛn nkɔ atuatew mu. Awurade, yɛn Nyankopɔn nokware afɔremuka yɛ baako pɛ.
20 Ɖe mieɖo ŋku edzi be esime Akan, Zera ƒe vi, wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, wohe to na dukɔ blibo la, kpe ɖe ame ɖeka ma si wɔ nu vɔ̃ ŋu o mahã?”
Bere a Akan a ofi Serah abusua mu nam korɔn a ɔbɔɔ wɔ nneɛma a wɔayi asi hɔ ama Awurade, nam so yɛɛ bɔne no, Onyankopɔn antwe Israel manfo nyinaa aso? Ɛnyɛ ɔno nko ara na esiane bɔne no nti owui.”
21 Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã ɖo eŋu na Israelviwo ƒe tatɔwo be,
Rubenfo, Gadfo ne Manase abusuakuw fa no buaa mpanyimfo no se,
22 “Ŋusẽtɔ lae nye Yehowa, mawuwo dzi Mawu lae nya nu si ta míetu vɔsamlekpui la, eye míedi be miawo hã mianya! Ne míedze aglã, eye míewɔ nuteƒe na Yehowa o la, ekema migana míanɔ agbe o!
“Awurade nko ara ne Onyankopɔn! Awurade nko ara ne Onyankopɔn! Yɛansi afɔremuka no sɛ yɛde retia Awurade. Sɛ saa na yɛayɛ a, nnɛ, momfa yɛn ho nkyɛ yɛn. Nanso Awurade nim na Israel nyinaa nso nhu sɛ,
23 Ne míeda le Yehowa ƒe se dzi, eye míetu míawo ŋutɔ ƒe vɔsamlekpui be míasa numevɔ alo nuɖuvɔ loo alo ŋutifafavɔ le edzi la, ekema Yehowa ŋutɔ nahe to na mí.
yensii afɔremuka mmaa yɛn ho sɛ yɛrefi Awurade nkyɛn. Na yɛremmɔ ɔhyew afɔre ne aduan afɔre anaa asomdwoe afɔre wɔ so nso. Sɛ eyi nti na yesii afɔremuka no a, Awurade no ankasa ntwe yɛn aso.
24 Míewɔ nu sia, elabena míevɔ̃ be mia viwo agblɔ na mía viwo be, ‘Mɔ ka miekpɔ asubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la?
“Yɛasi saa afɔremuka yi, efisɛ yesuro sɛ daakye bi mo asefo bebisa yɛn asefo sɛ, ‘Tumi bɛn na mowɔ sɛ mobɛsom Awurade, Israel Nyankopɔn?
25 Yehowa wɔ Yɔdan tɔsisi la wònye liƒo le míawo kple mi Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo dome, kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa dome o.’ Ekema miaƒe dzidzimeviwo ana míaƒe dzidzimeviwo nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ,
Awurade de Asubɔnten Yordan ato yɛn nkurɔfo ne ne nkurɔfo ntam hye. Munni kyɛfa wɔ Awurade mu!’ Enti mo asefo bɛma yɛn asefo agyae Awurade som.
26 eya tae míetu vɔsamlekpui aɖe, menye hena numevɔsawo alo akpedavɔsawo o,
“Ɛno nti yɛyɛɛ yɛn adwene sɛ yebesi afɔremuka, na ɛnyɛ sɛ yɛbɛbɔ ɔhyew afɔre wɔ so,
27 ke boŋ be wòanye dzesi anɔ míawo kple miawo siaa dome kple dzesi na dzidzime siwo ava kplɔ mí ɖo la be míesubɔa Yehowa le agbadɔ kɔkɔe sia ŋgɔ kple míaƒe nunanawo hena numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo. Míewɔ esia ale be miaƒe dzidzimeviwo magblɔ na míaƒe dzidzimeviwo be, ‘Kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa, míaƒe Mawu la dome o.’
na mmom sɛ nkaedum. Ɛbɛbɔ yɛn asefo ne mo asefo nkae sɛ, yɛn nso, yɛwɔ ho kwan sɛ yɛbɛsom Awurade wɔ ne kronkronbea, abɔ yɛn ɔhyew afɔre, aduan afɔre ne asomdwoe afɔre. Na daakye bi no, mo asefo rentumi nka nkyerɛ yɛn asefo no se, ‘Munni kyɛfa wɔ Awurade mu.’
28 Ne woagblɔ alea la, mía viwo ate ŋu aɖe wo ɖokuiwo nu be, ‘Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui si mía fofowo tu ɖa! Wotui ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ƒe nɔnɔme nu. Wometui na numevɔsa kple vɔsa bubuawo o, ke boŋ wotui be wòanye kadodo anɔ míawo kple miawo dome, eye wòaganye Yehowa ƒe dzesi.’
“Sɛ wɔka sɛɛ a, yɛn asefo betumi aka se, ‘Monhwɛ Awurade afɔremuka sɛso a yɛn agyanom sii. Wɔansi amma ɔhyew afɔrebɔ anaa afɔrebɔ, na mmom, ɛyɛ nkae ade a ɛkyerɛ ayɔnkofa a yɛn nyinaa wɔ wɔ Awurade mu.’
29 “Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, míagbugbɔ le Yehowa yome alo atsi tsitre ɖe eŋu to vɔsamlekpuiɖiɖi me na mía ɖokui hena numevɔsa kple nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuawo. Vɔsamlekpui si le Agbadɔ la ŋkume ko ŋu dɔ míawɔ na vɔsasa.”
“Ɛmpare yɛn sɛ yɛbɛsɔre atia Awurade, anaasɛ yɛbɛtwe yɛn ho afi ne ho akosi yɛn ankasa afɔremuka ama ɔhyew afɔre, aduan afɔre anaa afɔrebɔ. Awurade, yɛn Nyankopɔn afɔremuka a esi nʼAhyiae Ntamadan anim no so na wodi saa dwuma no.”
30 Esi Finehas, nunɔla la kple Israelviwo ƒe tatɔwo se nya siawo tso Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la nu la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
Ɔsɔfo Pinehas ne mpanyimfo du no tee nsɛm yi fii Ruben ne Gad mmusuakuw ne Manase abusuakuw fa hɔ no, wɔn bo tɔɔ wɔn yam.
31 Finehas si nye Eleaza vi gblɔ na wo be, “Míenya egbe be, Yehowa le mía dome, elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu abe ale si míebu ene o, ke boŋ mieɖe mí tso tsɔtsrɔ̃ me!”
Ɔsɔfo Eleasar babarima Pinehas buaa wɔn se, “Nnɛ yɛahu sɛ Awurade wɔ yɛn ntam, efisɛ monyɛɛ bɔne ntiaa Awurade sɛnea yesusuwii no, mmom moagye Israel nkwa afi ɔsɛe a anka Awurade de reba wɔn so no ho.”
32 Finehas kple ame dɔdɔ ewoawo trɔ yi Israelvi bubuawo gbɔ, eye woɖe nu si dzɔ la me na wo.
Afei, Pinehas, ɔsɔfo Eleasar babarima ne mpanyimfo du no fii Ruben ne Gad mmusuakuw no nkyɛn wɔ Gilead san kɔɔ Kanaan asase so kɔbɔɔ Israelfo no amanneɛ.
33 Tete Israel blibo la tso aseye, kafu Mawu, eye womegagblɔ nya aɖeke tso aʋawɔwɔ kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo ŋu o.
Na Israelfo no nyinaa bo tɔɔ wɔn yam, woyii Onyankopɔn ayɛ na wɔanka ɔko a wɔbɛko atia Ruben ne Gad ho asɛm bio.
34 Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo na ŋkɔ vɔsamlekpui la be, “Ɖaseɖiɖi ƒe Vɔsamlekpui,” elabena wogblɔ be, “Vɔsamlekpui la nye ɖaseɖiɖi le míawo kple woawo dome be Yehowae nye míaƒe Mawu.”
Na Rubenfo ne Gadfo too afɔremuka no din sɛ “Ɔdanseni,” ɔyɛ ɔdanseni wɔ yɛne wɔn ntam sɛ Awurade yɛ yɛn nso Nyankopɔn.