< Yosua 21 >

1 Levitɔwo ƒe kplɔlawo va Silo be yewoalé nya aɖe akpɔ kple nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israel ƒe to vovovoawo ƒe kplɔlawo.
Now the family heads of the Levites approached Eleazar the priest, Joshua son of Nun, and the heads of the other tribes of Israel
2 Wogblɔ na takpekpe la be, “Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, be wòatsɔ du aɖewo ana mí Levitɔwo, woanye aƒe na mí kple lãnyiƒe na míaƒe lãwo.”
at Shiloh in the land of Canaan and said to them, “The LORD commanded through Moses that we be given cities in which to live, together with pasturelands for our livestock.”
3 Eya ta Israelviwo tsɔ du siwo dzi woɖu la dometɔ aɖewo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo abe ale si Yehowa gblɔ ene.
So by the command of the LORD, the Israelites gave the Levites these cities and their pasturelands out of their own inheritance:
4 Levi ƒome la ƒe akpa si tso Kohat ƒe hlɔ̃ me lae nye ame gbãtɔ siwo wona anyigbae. Aron ƒe dzidzimeviwo hã xɔ du wuietɔ̃ siwo nye: Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe.
The first lot came out for the Kohathite clans. The Levites who were descendants of Aaron the priest received thirteen cities by lot from the tribes of Judah, Simeon, and Benjamin.
5 Wotsɔ du ewo tso Efraim ƒe viwo ƒe duwo me na Kohat ƒe ƒome bubuawo.
The remaining descendants of Kohath received ten cities by lot from the tribes of Ephraim, Dan, and the half-tribe of Manasseh.
6 Gerson ƒe viwo xɔ du wuietɔ̃ siwo wotia to akɔdada me tso du siwo le Basan la me. Isaka ƒe viwo, Aser ƒe viwo, Naftali ƒe viwo kple Manase ƒe to ƒe afã ɖe asi le du siawo ŋu na wo.
The descendants of Gershon received thirteen cities by lot from the tribes of Issachar, Asher, Naphtali, and the half-tribe of Manasseh in Bashan.
7 Merari ƒe viwo xɔ du wuieve tso Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo gbɔ.
And the descendants of Merari received twelve cities from the tribes of Reuben, Gad, and Zebulun.
8 Ale wowɔ ɖe nu si Yehowa ɖo na Mose la dzi, eye woma du siawo kple lãnyiƒe siwo le wo ŋu la to akɔdada me.
So the Israelites allotted to the Levites these cities, together with their pasturelands, as the LORD had commanded through Moses.
9 Esiawoe nye du siwo woxɔ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigba dzi
From the tribes of Judah and Simeon, they designated these cities by name
10 na Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo wɔ Kohat hlɔ̃, eye wodzɔ tso Levi me. Woawoe nye ame gbãtɔ siwo wona anyigbae.
to the descendants of Aaron from the Kohathite clans of the Levites, because the first lot fell to them:
11 Wotsɔ Arba du, si wotsɔ Arba, Anak fofo ƒe ŋkɔ na, eye woyɔnɛ azɔ be Hebron le Yuda ƒe tonyigba dzi la na wo, kpe ɖe lãnyiƒe si ƒo xlãe la ŋu.
They gave them Kiriath-arba (that is, Hebron), with its surrounding pasturelands, in the hill country of Judah. (Arba was the father of Anak.)
12 Ke wotsɔ agblenyigba siwo le dua kple kɔƒe siwo le eŋu la na Kaleb, Yefune ƒe vi, abe eƒe domenyinu ene xoxo.
But they had given the fields and villages around the city to Caleb son of Jephunneh as his possession.
13 Hekpe ɖe Hebron si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka ŋu la, du siwo wogatsɔ na nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo la woe nye Libna,
So to the descendants of Aaron the priest they gave these cities, together with their pasturelands: Hebron, a city of refuge for the manslayer, Libnah,
14 Yatir, Estemoa,
Jattir, Eshtemoa,
15 Holon, Debir,
Holon, Debir,
16 Ain, Yuta kple Bet Semes kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. Wonye du asiekɛ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigbawo me.
Ain, Juttah, and Beth-shemesh—nine cities from these two tribes, together with their pasturelands.
17 Wona du ene siawo wo, le Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Gibeon, Geba,
And from the tribe of Benjamin they gave them Gibeon, Geba,
18 Anatɔt kple Almon kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo.
Anathoth, and Almon—four cities, together with their pasturelands.
19 Ale wotsɔ du wuietɔ̃ kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na nunɔlawo, Aron ƒe dzidzimeviwo.
In all, thirteen cities, together with their pasturelands, were given to the priests, the descendants of Aaron.
20 Wotsɔ du aɖewo tso Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi na ƒome bubu aɖewo tso Kohat hlɔ̃ la me.
The remaining Kohathite clans of the Levites were allotted these cities: From the tribe of Ephraim
21 Wotsɔ du ene siawo le Efraim tonyigba la dzi la na wo: Sekem si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo le Efraim ƒe tonyigba la dzi, Gezer,
they were given Shechem in the hill country of Ephraim (a city of refuge for the manslayer), Gezer,
22 Kibzaim kple Bet Horon kple wo ŋu lãnyiƒewo.
Kibzaim, and Beth-horon—four cities, together with their pasturelands.
23 Wotsɔ du ene siawo, Elteke, Gibeton,
From the tribe of Dan they were given Elteke, Gibbethon,
24 Aiyalon kple Gat Rimon kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo tso Dan ƒe viwo ƒe anyigba dzi.
Aijalon, and Gath-rimmon—four cities, together with their pasturelands.
25 Wotsɔ du eve na wo le Manase ƒe viwo ƒe to afã la ƒe anyigba dzi; du siawoe nye Taanak kple Gat Rimon kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.
And from the half-tribe of Manasseh they were given Taanach and Gath-rimmon—two cities, together with their pasturelands.
26 Ale ƒome siwo tso Kohat hlɔ̃ la me la, xɔ du ewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo.
In all, ten cities, together with their pasturelands, were given to the rest of the Kohathite clans.
27 Levitɔ bubu siwo tso Gerson hlɔ̃ la me la xɔ du eve kple woƒe lãnyiƒewo: le Manase ƒe viwo ƒe ɣedzeƒenyigba dzi. Du siawoe nye Golan le Basan, si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Be Estera.
This is what the Levite clans of the Gershonites were given: From the half-tribe of Manasseh they were given Golan in Bashan, a city of refuge for the manslayer, and Beeshterah—two cities, together with their pasturelands.
28 Woxɔ du ene siawo le Isaka ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Kision, Daberat,
From the tribe of Issachar they were given Kishion, Daberath,
29 Yarmut kple En Ganim, kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene.
Jarmuth, and En-gannim—four cities, together with their pasturelands.
30 Woxɔ du ene siawo le Aser ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Misal, Abdon,
From the tribe of Asher they were given Mishal, Abdon,
31 Helkat kple Rehob, kpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene.
Helkath, and Rehob—four cities, together with their pasturelands.
32 Woxɔ du etɔ̃ le Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Kedes le Galilea si nye Sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Hamot Dor kple Kartan kple wo ŋu lãnyiƒewo siwo le du etɔ̃.
And from the tribe of Naphtali they were given Kedesh in Galilee (a city of refuge for the manslayer), Hammoth-dor, and Kartan—three cities, together with their pasturelands.
33 Ale ƒome vovovoawo tso Gerson ƒe hlɔ̃ la me xɔ du wuietɔ̃ kple woƒe lãnyiƒewo.
In all, thirteen cities, together with their pasturelands, were given to the Gershonite clans.
34 Levitɔ mamlɛawo, ame siwo nye Merari ƒe hlɔ̃ la xɔ du ene siawo: le Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Yokneam, Karta,
This is what the Merarite clan (the rest of the Levites) were given: From the tribe of Zebulun they were given Jokneam, Kartah,
35 Dimna kple Nahalal kple woƒe lãnyiƒewo siwo nye du ene.
Dimnah, and Nahalal—four cities, together with their pasturelands.
36 Woxɔ du ene, Bezer, Yahaz,
From the tribe of Reuben they were given Bezer, Jahaz,
37 Kedemot kple Mefaat kple wo ŋu lãnyiƒewo le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi siwo le du ene.
Kedemoth, and Mephaath—four cities, together with their pasturelands.
38 Woxɔ du ene le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Ramot le Gilead si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka, Mahanaim,
And from the tribe of Gad they were given Ramoth in Gilead, a city of refuge for the manslayer, Mahanaim,
39 Hesbon kple Yazer kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo.
Heshbon, and Jazer—four cities in all, together with their pasturelands.
40 Ale du siwo katã wodzidze nu tsɔ na Merari ƒe hlɔ̃ siwo nye Levitɔwo ƒe ƒome mamlɛawo la le du wuieve.
In all, twelve cities were allotted to the clans of Merari, the remaining Levite clans.
41 Du siwo katã nɔ Levitɔwo si le Israelnyigba dzi la, le blaene-vɔ-enyi kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.
For the Levites, then, there were forty-eight cities in all, together with their pasturelands, within the territory of the Israelites.
42 Lãnyiƒewo ƒo xlã du siawo dometɔ ɖe sia ɖe, aleae wònɔ na du ɖe sia ɖe.
Each of these cities had its own surrounding pasturelands; this was true for all the cities.
43 Ale Yehowa tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na wo tɔgbuiwo la katã na Israelviwo. Woyi ɖaɖu ameawo dzi, eye wonɔ afi ma.
Thus the LORD gave Israel all the land He had sworn to give their fathers, and they took possession of it and settled in it.
44 Yehowa na ŋutifafa wo abe ale si wòdo ŋugbe ene; ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo katã dzi.
And the LORD gave them rest on every side, just as He had sworn to their fathers. None of their enemies could stand against them, for the LORD delivered all their enemies into their hand.
45 Ale nu nyui siwo katã ŋugbe Yehowa do na wo la va eme nenema tututu.
Not one of all the LORD’s good promises to the house of Israel had failed; everything was fulfilled.

< Yosua 21 >