< Yosua 20 >
1 Yehowa gblɔ na Yosua be,
茲にヱホバ、ヨシユアに告て言たまひけるは
2 “Gblɔ na Israelviwo be woatia sitsoƒeduwo, abe ale si meɖoe da ɖi to Mose dzi ene la azɔ.
汝イスラエルの子孫に告て言へ汝等モーセによりて我が汝らに語りおきし逃遁の邑を擇び定め
3 Ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, ate ŋu asi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, eye woaxɔ nɛ tso ame kukua ƒe ƒometɔwo, ame siwo adi be yewoabia hlɔ̃ awui la ƒe asi me.
誤りて知ずに人を殺せる者を其處に逃れしめよ是は汝らが仇打する者を避て逃るべき處なり
4 Ne amewula la ɖo du siawo dometɔ ɖeka me la, awɔ takpekpe kple du ma me tɔwo ƒe ametsitsiwo, agblɔ nu si dzɔ la na wo, ekema woaxɔe, ana teƒee wòanɔ le wo dome.
斯る者は是等の邑の一に逃れゆき邑の門の入口に立てその邑の長老等の耳にその事情を述べし然る時は彼ら之をその邑に受いれ處を與へて己の中に住しむべし
5 Ne ame kuku la ƒe ƒometɔ aɖe va be yeabia hlɔ̃e, awui la, womaɖe asi le amewula la ŋu nɛ o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu amea o.
假令仇打する者追ゆくとも彼らその人を殺せる者を之が手に交すべからず其は彼知ずして人を殺せるにて素より之を惡みをりしに非ればなり
6 Ele be amewula la nanɔ sitsoƒedu la me va se ɖe esime ʋɔnudrɔ̃lawo nadrɔ̃ ʋɔnui, eye wòaganɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã si nɔ dzi ɖum hafi nya sia dzɔ la naku. Ekema amewula la ate ŋu atrɔ ayi wo de azɔ.”
その人は會衆の前に立て審判を受るまで其時の祭司の長の死る迄その邑に住をるべし然る後その人を殺せる者己の邑に歸り往てその家にいたり己が逃いでし邑に住むべし
7 Du siwo wotsɔ wɔ sitsoƒeduwoe lae nye Kedes le Galilea, le Naftali ƒe viwo ƒe tonyigba dzi, Sekem le Efraim ƒe viwo ƒe tonyigba dzi kple Kiriat Arba si wogayɔna be Hebron la, le Yuda ƒe tonyigba dzi.
爰にナフタリの山地なるガリラヤのケデシ、エフライムの山地なるシケムおよびユダの山地なるキリアテアルバ(すなはちヘブロン)を之がために分ち
8 Yehowa gaɖoe be woagatia du bubu etɔ̃ woazu sitsoƒeduwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, le Yeriko ƒe akpa kemɛ. Sitsoƒedu siawoe nye Bezer le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi, Ramot le Gilead, le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi kple Golan le Basan, le Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi.
またヨルダンの彼旁ヱリコの東の方にてはルベンの支派の中より平地なる荒野のベゼルを擇び定めガドの支派の中よりギレアデのラモテを擇び定めマナセの支派の中よりバシヤンのゴランを擇び定めたり
9 Sitsoƒedu siawo li na amedzro siwo le Israelviwo dome kple Israelviwo ŋutɔ siaa, ale be ame si meɖoe hafi wu nɔvia o la ate ŋu asi ayi teƒe ma, woadrɔ̃ ʋɔnui, eye womabia hlɔ̃e, awui o.
是すなはちイスラエルの一切の子孫および之が中に寄寓をる他國人のために設けたる邑々にして凡て人を誤まり殺せる者を此に逃れしめ其會衆の前に立ざる中に仇打の手に死るがごときことなからしめんためなり