< Yosua 2 >

1 Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve,
וישלח יהושע בן נון מן השטים שנים אנשים מרגלים חרש לאמר לכו ראו את הארץ ואת יריחו וילכו ויבאו בית אשה זונה ושמה רחב--וישכבו שמה
2 ke ame aɖewo yi ɖagblɔ na Yeriko fia be, Israelvi eve, ame siwo ɖi ŋkutsalawo la va ɖo dua me fiẽ ma.
ויאמר למלך יריחו לאמר הנה אנשים באו הנה הלילה מבני ישראל--לחפר את הארץ
3 Ale fia la dɔ dɔlawo ɖo ɖe Rahab be, “Ɖe asi le amedzroawo ŋu, elabena ŋkutsalawo wonye, eye Israelviwo ƒe kplɔlawoe ɖo wo ɖa be woadi mɔ nyuitɔ si dzi woato aho aʋa ɖe mía ŋu.”
וישלח מלך יריחו אל רחב לאמר הוציאי האנשים הבאים אליך אשר באו לביתך--כי לחפר את כל הארץ באו
4 Ke Rahab ɣla amedzroawo, eye wògblɔ be, “Ameawo nya va afi sia do ŋgɔ na mi, gake nyemenya ne ŋkutsalawo wonye o.
ותקח האשה את שני האנשים ותצפנו ותאמר כן באו אלי האנשים ולא ידעתי מאין המה
5 Wodzo esi xexea me de asi tsyɔtsyɔ me, eye wòsusɔ vie woatu dua ƒe agbowo. Nyemenya afi si woyi o, ne mieɖe abla la, ɖewohĩ miatu wo!”
ויהי השער לסגור בחשך והאנשים יצאו--לא ידעתי אנה הלכו האנשים רדפו מהר אחריהם כי תשיגום
6 Nu si Rahab wɔe nye, ekplɔ ameawo yi xɔta, eye wòɣla wo ɖe ɖetifu si wòsia ɖe afi ma la te.
והיא העלתם הגגה ותטמנם בפשתי העץ הערכות לה על הגג
7 Ale dɔlawo di wo yi keke Yɔdan tɔsisi la to. Esi dɔlawo dze mɔ ko la, wotu dua ƒe agbowo.
והאנשים רדפו אחריהם דרך הירדן על המעברות והשער סגרו--אחרי כאשר יצאו הרדפים אחריהם
8 Hafi woamlɔ anyi la, Rahab yi ɖagblɔ na amedzroawo be,
והמה טרם ישכבון והיא עלתה עליהם על הגג
9 “Menyae nyuie be Yehowa le míaƒe anyigba tsɔ ge na mi. Mí katã míele mia vɔ̃m. Miaƒe ŋkɔ ‘Israel’ sese ɖeɖe hã dea vɔvɔ̃ lãme na ame sia ame,
ותאמר אל האנשים--ידעתי כי נתן יהוה לכם את הארץ וכי נפלה אימתכם עלינו וכי נמגו כל ישבי הארץ מפניכם
10 elabena míese ale si Yehowa ɖe mɔ to Ƒu Dzĩ la me na mi esi miedzo le Egipte! Míenya nu si miewɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fia eve siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple ale si miegblẽ woƒe anyigba, eye mietsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi.
כי שמענו את אשר הוביש יהוה את מי ים סוף מפניכם בצאתכם ממצרים ואשר עשיתם לשני מלכי האמרי אשר בעבר הירדן לסיחן ולעוג--אשר החרמתם אותם
11 Nu sia ta míele mia vɔ̃m ŋutɔŋutɔ! Nya siawo sese ɖe dzi le mía ƒo, elabena Yehowa, miaƒe Mawue nye Mawu gã le dziƒo, eye menye mawu dzodzro aɖeke o.
ונשמע וימס לבבנו ולא קמה עוד רוח באיש מפניכם כי יהוה אלהיכם--הוא אלהים בשמים ממעל ועל הארץ מתחת
12 Ke azɔ la, mika atam nam kple Yehowa, miaƒe Mawu la be miave nye ƒometɔwo nu, elabena nye hã menyo dɔ me na mi. Azɔ mina dzesim abe kakaɖedzi ene,
ועתה השבעו נא לי ביהוה כי עשיתי עמכם חסד ועשיתם גם אתם עם בית אבי חסד ונתתם לי אות אמת
13 be miaɖe fofonye kple danye, nɔvinye ŋutsuwo kple nɔvinye nyɔnuwo ƒe agbe kpe ɖe woƒe nunɔamesiwo ŋu, eye be míaɖe mí tso ku me.”
והחיתם את אבי ואת אמי ואת אחי ואת אחותי (אחיותי) ואת כל אשר להם והצלתם את נפשתינו ממות
14 Amedzroawo lɔ̃, eye wodo ŋugbe nɛ be, “Ne màfia mía yomemɔ o la, ekema míakpɔ egbɔ be wò kple wò ƒometɔwo katã mianɔ dedie.
ויאמרו לה האנשים נפשנו תחתיכם למות אם לא תגידו את דברנו זה והיה בתת יהוה לנו את הארץ ועשינו עמך חסד ואמת
15 Míatsɔ míaƒe agbe aʋli mia ta.” Esi Rahab ƒe xɔta kɔ wu dua ƒe gliwo ta la, esa ka legbe aɖe ɖe eƒe fesreti ŋu, eye wòna amedzroawo ɖiɖi to ka la ŋu ɖe anyigba le dua godo.
ותורדם בחבל בעד החלון כי ביתה בקיר החומה ובחומה היא יושבת
16 Rahab gblɔ na ŋkutsalawo be, “Misi yi toawo dzi. Minɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime ame siwo le mia dim la natrɔ agbɔ, ekema miate ŋu atrɔ adzo azɔ.”
ותאמר להם ההרה לכו פן יפגעו בכם הרדפים ונחבתם שמה שלשת ימים עד שוב הרדפים ואחר תלכו לדרככם
17 Ŋutsuawo gblɔ nɛ be, “Atam si nèna míeka fifia la, mabla mí o,
ויאמרו אליה האנשים נקים אנחנו משבעתך הזה אשר השבעתנו
18 negbe ne míege ɖe anyigba la dzi, eye nètsɔ avɔ dzĩ tsi ɖe fesre si nètsɔ mí toe la nu, eye ne mèkplɔ fofowò kple dawò, nɔviwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo katã va wò aƒe me o la, míedze agɔ o.
הנה אנחנו באים בארץ את תקות חוט השני הזה תקשרי בחלון אשר הורדתנו בו ואת אביך ואת אמך ואת אחיך ואת כל בית אביך תאספי אליך הביתה
19 Ne ame aɖe do go le wò aƒe me yi mɔtata dzi la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi, menye míawoe wɔe o. Ke hena ame siwo anɔ wò aƒe me la, amea ƒe ʋu ava míaƒe ta dzi ne míeka asi eŋuti.
והיה כל אשר יצא מדלתי ביתך החוצה דמו בראשו--ואנחנו נקים וכל אשר יהיה אתך בבית--דמו בראשנו אם יד תהיה בו
20 Ke ne ègblɔ nu si wɔm míele la na ame aɖe la, atam si nèna míeka la, mabla mí o.”
ואם תגידי את דברנו זה--והיינו נקים משבעתך אשר השבעתנו
21 Rahab gblɔ na wo bena, “Melɔ̃ ɖe miaƒe ɖoɖo siawo dzi abe ale si miegblɔe ene.” Ale wòɖe asi le wo ŋu woyi. Ke etsi ka dzĩ la ɖe fesreti la ŋu.
ותאמר כדבריכם כן הוא ותשלחם וילכו ותקשר את תקות השני בחלון
22 Ŋkutsalawo yi toawo dzi, eye wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime ame siwo nɔ wo yome tim la di wo le afi sia afi le mɔa dzi do kpoe, eye wotrɔ gbɔ va dua me.
וילכו ויבאו ההרה וישבו שם שלשת ימים עד שבו הרדפים ויבקשו הרדפים בכל הדרך ולא מצאו
23 Ŋkutsala eveawo ɖi tso toawo dzi, eye wotso tɔsisi la. Wogblɔ nya sia nya si dzɔ la na Yosua, Nun ƒe vi.
וישבו שני האנשים וירדו מההר ויעברו ויבאו אל יהושע בן נון ויספרו לו--את כל המצאות אותם
24 Wogblɔ be, “Kakaɖedzi blibo li bena, Yehowa atsɔ anyigba la katã ana mí, elabena afi ma tɔwo katã le mía vɔ̃m ŋutɔŋutɔ.”
ויאמרו אל יהושע כי נתן יהוה בידנו את כל הארץ וגם נמגו כל ישבי הארץ מפנינו

< Yosua 2 >