< Yosua 19 >

1 Simeon ƒe viwo nye to evelia si wona anyigbae. Yuda ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe ge ɖe Simeon ƒe viwo tɔ me.
次にシメオンのため即ちシメオン子孫の支派のためにその宗族にしたがひて籤を掣りその產業ばユダの子孫の產業の中にあり
2 Du wuiadre kple wo ŋu kɔƒe siwo nɔ anyigba si wona Simeon ƒe viwo me la woe nye: Beerseba, Seba, Molada,
その有る產業はベエルシバ即ちシバ、モラダ
3 Hazar Sual, Bala, Ezem,
ハザルシユアル、バラ、エゼム
4 Eltolad, Betul, Horma,
エルトラデ、ベトル、ホルマ
5 Ziklag, Bet Markabot, Hazar Susa,
チクラグ、ベテマルカボテ、ハザルスサ
6 Bet Lebaot kple Saruhen. Du asieke kple woƒe kɔƒeduwo.
ベテレバオテ、シヤルヘンの十三邑並びに之につける村々
7 Ain, Rimon, Eter kple Asan. Du ene kple woƒe kɔƒeduwo.
およびアイン、リンモン、エテル、アシヤンの四邑ならびに之につける村々
8 Wotsɔ du siwo nɔ anyigbeme yi keke Balat Beer, si wogayɔna be (Rama le Negeb) la. Esiawo hã wotsɔ na Simeon ƒe viwo.
および此邑々の周圍にありてバアラテベエルすなはち南のラマまでに至るところの一切の村々等なりシメオンの子孫の支派がその宗族にしたがひて獲たる產業は是のごとし
9 Ale Simeon ƒe viwo ƒe domenyinu tso nu si wotsɔ na Yuda ƒe viwo gbã la me, elabena nu si wona Yuda ƒe viwo gbã la lolo na wo akpa.
シメオンの子孫の產業はユダの子孫の分の中より出づ是ユダの子孫の分自分のためには多かりしに因てシメオンの子孫のおのれの產業を彼らの產業の中に獲たるなり
10 To etɔ̃lia si wona anyigbae lae nye Zebulon ƒe viwo. Woƒe anyigba la ƒe liƒo dze egɔme tso Sarid ƒe anyigbeme.
第三にゼブルンの子孫のために其宗族にしたがひて籤を掣り其產業の境界はサリデに及び
11 Eƒo xlã tso afi sia yi ɣetoɖoƒe, te ɖe Marala kple Dabeset ŋu va ɖo Yokneam tɔʋu la ŋu.
また西に上りてマララに至りダバセテに達しヨグネアムの前なる河に達し
12 Le go kemɛ dzi la, liƒo la ɖo ta ɣedzeƒe va ɖo Kislot Tabor ƒe liƒo dzi, heyi Daberat kple Yafia.
サリデよりして東の方日のいづる方にまがりてキスロテタボルの境界にいたりタベラに出でヤピアに上り
13 Eyi ŋgɔ ɖo ta Gat Hefer, Et Kazin kple Rimono ƒe ɣedzeƒe hafi trɔ ɖo ta Nea.
彼處より東の方ガテヘペルにわたりてイツタカジンにいたりネアまで廣がるところのリンモンに至りて盡き
14 Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyieheliƒo to Hanaton hewu nu ɖe Ifta El ƒe balime.
また北にまはりてハンナトンにいたりイフタエルの谷にいたりて盡く
15 Kata, Nahalal, Simron, Idala kple Betlehem kple du sue siwo ƒo xlã wo la hã nɔ woƒe anyigba me.
カツタテ、ナハラル、シムロン、イダラ、ベテレヘムなどの十二邑ならびに之につける村々あり
16 Du wuieve siawo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la nɔ Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba me.
ゼブルンの子孫がその宗族にしたがひて獲たる產業およびその邑と村とは是のごとし
17 To enelia si wona anyigbae lae nye Isaka ƒe viwo ƒe ƒomewo.
第四にイツサカルすなはちイツサカルの子孫のためにその宗族にしたがひて籤を掣り
18 Du siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye: Yezreel, Kesulot, Sunem,
その境界の包括る處はヱズレル、ケスロテ、シユネム
19 Hafaraim, Siɔn, Anaharat,
ハパライム、シオン、アナハラテ
20 Rabit, Kision, Ebez,
ラビテ、キシン、エベツ
21 Remet, En Ganim, En Hada, Bet Pazez.
レメテ、エンガンニム、エンハダ、ベテパツゼズなどなり
22 Liƒo la va ke ɖe Tabɔr, Sahazuma kple Bet Semes heva wu nu ɖe Yɔdan nu. Wonye du wuiade kple du sue siwo ƒo xlã wo.
その境界タボル、シヤハヂマおよびベテシメシに達しその境界ヨルダンにいたりて盡く其邑あはせて十六また之につける村々あり
23 Du wuiade siawo kple du sue siwo ƒo xlã wo lae nɔ anyigba la dzi. Isaka ƒe viwo ƒe anyigba yi ɖatɔ Yɔdan tɔsisi la.
イツサカルの子孫の支派が其宗族にしたがひて獲たる產業および其邑々村々は是の如し
24 To atɔ̃lia si wona anyigbae lae nye Aser.
第五にアセルの子孫の支派のために其宗族にしたがひて籤を掣り
25 Du siwo nɔ Aser ƒe viwo ƒe anyigba dzi la woe nye: Helkat, Hali, Beten, Aksaf,
其境界の内はヘルカテ、ハリ、ベテン、アクサフ
26 Alamelek, Amad kple Misal. Anyigba sia ƒe ɣedzeƒeliƒo tso Karmel yi Sihor Libnat
アランメレク、アマデ、ミシヤルなり其境界西の方カルメルに達しまたシホルリブナテに達し
27 ɖo ta ɣedzeƒe to Bet Dagon yi keke Zebulon le Ifta El ƒe balime. Etrɔ ɖo ta Bet Emek kple Neiel ƒe anyiehe, eye wòyi ɣedzeƒe na Kabul,
日の出る方に折てベテダゴンにいたりゼブルンに達し北の方イフタヱルの谷のベテエメク及びネイエルに達し左してカブルに出で
28 Ebron, Rehob, Hamon, Kana kple Sidon gãtɔ.
エプロン、レホブ、ハンモン、カナにわたりて大シドンにまでいたり
29 Liƒo la ɖo ta Rama kple Tiro, du si woɖo gli ƒo xlã la gbɔ, eye wòyi ɖatɔ Domeƒu la le Hosa. Du bubu siwo le anyigba la dzi la woe nye Mahala, Akzib,
ラマに旋りツロの城に及びまたホサに旋りアクジブの邊にて海にいたりて盡く
30 Uma, Afek kple Rehob. Wonye du blaeve-vɔ-eve kple kɔƒeduwo
またウンマ、アベクおよびレホブありその邑あはせて二十二また之につける村々あり
31 Aser viwo ƒe anyigba me duwo de blaeve-vɔ-eve kpe ɖe du sue siwo ƒo xlã wo la ŋu.
アセルの子孫の支派がその宗族にしたがひて獲たる產業およびその邑々村々は是のごとし
32 To adelia si wona anyigbae lae nye Naftali.
第六にナフタリの子孫のためにナフタリの子孫の宗族にしたがひて籤を掣り
33 Eƒe liƒo dze egɔme tso Helef, le ʋuti si le Zaananim gbɔ. Eyi Adami Nekeb, Yabneel kple Lakum hetɔ Yɔdan tɔsisi la.
その境界はヘレフより即ちザアナイムの樫の樹より起りアダミネケブおよびヤブニエルを經てラクムにいたりヨルダンにいたりて盡く
34 Eƒe ɣetoɖoƒeliƒo dze egɔme tso Helef, dze to Aznɔt Tabɔr ŋu yi Hukok hewɔ ɖeka kple Zebulon ƒe liƒo le dziehe. Anyigba sia ƒe liƒo gawɔ ɖeka kple Aser ƒe viwo tɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe ɣedzeƒeliƒoe nye Yɔdan tɔsisi la.
而して其境界西に旋りてアズノテタボルにいたり彼處よりホツコクに出で南はゼブルンに達し西はアセルに達し日の出る方はヨルダンの邊にてユダに達す
35 Du siwo woɖo gli ƒo xlã le anyigba la dzi la woe nye: Zidim, Zer, Hamat, Rakat, Kineret,
その堅固たる邑々はヂデム、ゼル、ハンマテ、ラツカテ、キンネレテ
36 Adama, Rama, Hazor,
アダマ、ラマ、ハゾル
37 Kedes, Edrei, En Hazor,
ケデシ、エデレイ、エンハゾル
38 Yirɔn, Migdalel, Horem, Bet Anat kple Bet Semes. Wonye du wuiasiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.
イロン、ミグダルエル、ホレム、ベテアナテ、ベテシメシなど合せて十九邑亦これにつける村々あり
39 Ale du siwo nɔ Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi la le wuiasiekɛ kpe ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu.
ナフタリの子孫の支派がその宗族にしたがひて獲たる產業およびその邑々村々は是のごとし
40 To mamlɛtɔ si wona anyigbae lae nye Dan.
第七にダンの子孫の支派のためにその宗族にしたがひて籤を掣り
41 Du siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye: Zora, Estaol, Ir Semes,
その產業の境界の内はゾラ、エシタオル、イルシメシ
42 Salabin, Aiyalon, Itla,
シヤラビム、アヤロン、イテラ
43 Elon, Timna, Ekron,
エロン、テムナ、エクロン
44 Elteke, Gibeton, Baalat,
エルテケ、ギベトン、バアラテ
45 Yehud, Bene Berak, Gat Rimon,
ヱホデ、ベネベラク、ガテリンモン
46 Me Yakɔn kple Rakɔn kple anyigba si te ɖe Yopa ŋu.
メヤルコン、ラツコン、ヨツパと相對ふ地などなり
47 (Dan ƒe viwo mete ŋu xɔ anyigba la bɔbɔe o, eya ta wowɔ aʋa kple Lesen du la, eye woxɔe. Wonɔ afi ma, eye wotsɔ wo tɔgbui Dan ƒe ŋkɔ na teƒea).
但しダンの子孫の境界は初よりは廣くなれり其はダンの子孫上りゆきてライシを攻取り刃をもちてこれを撃ほろぼし之を獲て其處に住たればなり而してその先祖ダンの名にしたがびてライシをダンと名けたり
48 Du siawo kple wo ŋu kɔƒe siwo ƒo xlã wo nye domenyinu si Dan ƒe viwo xɔ.
ダンの子孫の支派がその宗族にしたがひて獲たる產業およびその邑々村々は是のごとし
49 Ale woma anyigba la ɖe toawo dome, eye wode liƒo wo ŋu. Israel dukɔ la tsɔ anyigba la ƒe akpa tɔxɛ aɖe na Nun ƒe vi Yosua,
かく境界を畫りて產業の地を與ふることを終ぬ而してイスラエルの子孫おのれの中にてヌンの子ヨシユアに產業を與へたり
50 elabena Yehowa gblɔ be Yosua ate ŋu atia du sia du si adze eŋu. Etia Timnat Sera le Efraim ƒe tonyigba dzi, gbugbɔe tu, eye wònɔ afi ma.
すなはちヱホバの命にしたがひて彼にその求むる邑を與ふエフライムの山地なるテムナテセラ是なり彼その邑を建なほして其處に住む
51 Nunɔla Eleazar, Yosua kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo kpɔ akɔdada la dzi hena anyigba la mama ɖe toawo dome. Woda akɔ sia le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu le Silo.
祭司エレアザル、ヌンの子ヨシユアおよびイスラエルの子孫の支派の族長等がシロにおいて集會の幕屋の門にてヱホバの前に籤をもて分與へし產業は是のごとし斯地を分つことを終たり

< Yosua 19 >