< Yosua 15 >

1 Anyigba si wotsɔ na Yuda ƒe viwo la ƒe anyigbemeliƒo dze egɔme tso Edom ƒe dzigbemeliƒo dzi, tso Zin gbegbe la, eye wòtɔ Negeb ƒe dzieheliƒo.
猶大支派的子孫按照家族,抽籤分得的土地是在極南部,以厄東邊境為界,南至親曠野。
2 Dzieheliƒo sia tso Dzeƒu alo Ƒukuku la to le anyigbeme
南方的邊界起自鹽海頂端,即海灣南端,
3 ɖo ta dziehe tso Akrabim to dzi mɔ la gbɔ heyi Zin. Eɖo ta dziehe to Kades Barnea, to Hezron heyi Adar, trɔ ɖo ta Karka,
沿阿刻辣賓山坡之南,經親曠野,上至卡德士巴爾乃亞之南,再由此經過赫茲龍,上至阿達爾,再繞過卡爾卡,
4 eye wòyi Azmon. Eto tɔʋu si le Egipte ƒe liƒo dzi la ŋu heyi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Yuda ƒe anyigbemeliƒo.
穿過阿茲孟直到埃及小河,而後廷至大海:以上是他們南方的邊界。
5 Ɣedzeƒeliƒo la tso Dzeƒu la ŋu yi Yɔdan tɔsisi la nu. Anyigbemeliƒo la dze egɔme tso afi si Yɔdan tɔsisi la de nu Dzeƒu la me le,
東方的邊界是起自鹽海直到約旦河口;北方的是起自約旦河口的海灣,
6 hetso eme yi Bet Hogla, Bet Araba ƒe anyiehe yi Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ.
上至貝特曷革拉,經過貝特阿拉巴北部,上至勒烏本人波罕的盤石;
7 Tso afi ma la, liƒo la to Akɔr ƒe balime yi Debir, eye wòtrɔ yi anyiehe kple ɣetoɖoƒe dome ɖo ta Gilgal le Adumim towo ƒe akpa kemɛ dzi, le balime la ƒe dziehe lɔƒo. Egayi En Semes ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi En Rogel.
再由此上至德彼爾,沿阿苛爾山谷,往北轉向位於谷南的阿杜明山坡對面的革里羅特,再經默士水泉,直到洛革耳泉。
8 Liƒo la to Ben Hinom ƒe Balime azɔ, to Yebus, afi si wotso Yerusalem ɖo ƒe dziehe lɔƒo, to ɣetoɖoƒe yi toawo dzi le Ben Hinom ƒe Balime tame heyi ɖase ɖe Refaim ƒe balime ƒe seƒe le dzigbeme.
以後再由此由本希農山谷而上,直達耶步斯,即耶路撒冷的南側,再上至俯視本希農山谷西方的山頂,這山位於勒法因平原的北端。
9 Egatso to la tame heyi Nef to la ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi du siwo le Efrɔn to dzi la gbɔ hafi trɔ ɖo ta dzigbeme, ƒo xlã Baala (si wogayɔna be Kiriat Yearim)
再由這山頂轉向乃費托亞水泉,直到厄斐龍山,然後轉向巴阿拉,──即克黎雅特耶阿陵。
10 ɖo ta Edom ƒe to Seir gbɔ, yi Yearim to alo Kesalon ƒe dzigbeme, yi Bet Semes heto Timna ŋu.
再從巴阿拉向西折向肥依爾山,繞過耶阿陵即革撒隆山脊北部,下至貝特舍默士,經過提默納,
11 Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to.
直至厄刻龍山脊北部,再繞過史加龍,經巴阿拉山,直到雅貝乃耳,最後至海為止。
12 Ke ɣetoɖoƒeliƒo enye ƒu gã la kple eŋu nyigbawo. Esia nye Yudaviwo ƒe liƒo godoo va kpe le woƒe ƒomeawo nu.
西方的邊界以大海海濱為界:以上是猶大子孫按照家族所分得的地區四周的邊界。
13 Yehowa gblɔ na Yosua be wòatsɔ Yuda ƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Kaleb, Yefune ƒe vi la. Ale wotsɔ Arba du si wogayɔna be Hebron, du si wotsɔ Anak fofo ƒe ŋkɔ na la na Kaleb.
若蘇厄遵照上主的吩咐,將猶大子孫中的一部分土地,即克黎雅特阿爾巴,分給了耶孚乃的兒子加肋布。阿爾巴是阿納克的祖先,阿爾巴即是赫貝龍。
14 Esia ta Kaleb nya Anak ƒe vi etɔ̃awo, Talmai, Sesai kple Ahiman ƒe dzidzimeviwo le anyigba la dzi,
加肋布從那裏趕走了阿納克的三個子孫:舍瑟、阿希曼和塔爾耳買;他們是阿納克的後代。
15 eye wòwɔ aʋa kple ame siwo nɔ Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la me.
加肋布又從那裏上去,攻打了德彼爾固民。──德彼爾以叫克黎雅特色費爾。
16 Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi.
加肋布說:「誰能征服或拿下克黎雅特色費爾,我便將我的女兒阿革撒給他為妻。」
17 Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a.
加肋布的弟兄,刻納次的兒子敖特尼奪下了那城,加肋布便將自己的女兒阿革撒給他為妻。
18 Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti. Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?”
阿革撒快門的時候,丈夫勸她向她的們父親要求一塊田地。阿革撒一下驢,加肋布便向她說:「妳要﹖」什麼
19 Axsa ɖo eŋu be, “Na nu bubu aɖem, elabena anyigba si nènam la nye gbegbe sɔŋ! Na teƒe si tsi le lam.” Ale Kaleb tsɔ tsivudo si le to dzi kple balime la nɛ.
阿革撒答說:「請你給我一件禮物;即要把我安放在南方的旱地,求你也將水泉給我。」她的父親就把上泉和下泉賜給了她。
20 Esiae nye anyigba si wona Yuda ƒe viwo.
以下是猶大支派子孫.按照家族分得的產業:
21 Woƒe du siwo nɔ Edom le Negeb ƒe liƒowo dzi woe nye: Kabzeel, Eder, Yagur,
猶大支派子孫在乃革布與厄東交界的城市,有卡貝責耳、阿辣得、雅古爾、
22 Kina, Dimona, Adada,
克納狄摩納、阿爾阿辣。
23 Kedes, Hazor, Itnan,
刻德士、哈祚爾、依特南、
24 Zif, Telem, Bealot,
齊弗、特冷、貝阿羅特、
25 Hazor Hadata, Keriot Hezron (si nye Hazor),
哈祚爾哈達大、克黎約特赫茲龍──祚爾加達、即哈祚爾、
26 Aman, Sema, Molada,
阿曼、舍瑪、摩拉達、
27 Hazar Gada, Hesmon, Bet Pelet,
哈匝爾加達、赫士孟、貝特培肋特、
28 Hazar Sual, Beerseba, Biziotia,
哈匝爾叔阿耳、貝爾舍巴及所屬村鎮、
29 Baala, Im, Ezem,
巴阿拉、依因、厄曾、
30 Eltolad, Kesil, Horma,
厄耳托拉得、革息耳、曷爾瑪、
31 Ziklag, Madmana, Sansana,
漆刻拉格、瑪德瑪納、桑森納、
32 Lebaot, Silhin, Ain kple Rimon. Du siawo katã de blaeve-vɔ-asiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.
肋巴敖特、史耳新和恩黎孟:共計二十九座城巴和及所屬村鎮。
33 Du siwo wotsɔ na Yuda ƒe viwo le gbadzaƒe la woe nye: Estaol, Zora, Asna,
在盆地有厄市陶耳、祚辣、阿市納、
34 Zanoa, En Ganim, Tapua, Enam,
匝諾亞、恩加寧、塔普亞、厄南、
35 Yarmut, Adulam, Soko Azeka,
雅爾慕特、阿杜藍、索苛、阿則卡、
36 Saaraim, Aditaim, Gedera (alo Gederotaim). Du siawo nye du wuiene kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.
沙阿辣因、阿狄塔殷、革德辣及革德洛塔殷:共計十四座城和所屬村鎮。
37 Wogatsɔ du wuiade kple woƒe kɔƒewo na Yuda ƒe viwo. Du siawoe nye: Zenan, Hadasa, Migdal Gag,
責南、哈達沙、米革達耳加得、
38 Dilean, Mizpeh, Yɔkteel,
狄耳罕、米茲培、約刻特耳、
39 Lakis, Bozkat, Eglon,
基士、波茲卡特、厄革隆。
40 Kabon, Lahmas, Kitlis,
加朋、拉赫瑪斯、基特里士、
41 Gederot, Bet Dagon, Naama, Makeda,
革德洛特、貝特達貢、納阿瑪、瑪刻達:共計十六座座城和所屬村鎮。
42 Libna, Eter, Asan,
里貝納、厄特爾、阿商、
43 Yefta, Asna, Nezib,
依弗達、阿市納、乃漆布、
44 Keila, Akzib kple Maresa. Du siawo le asiekɛ kple wo ŋu kɔƒeduwo.
刻依拉、阿革齊布、瑪勒沙:共計九座城和所屬村鎮;
45 Ekron ƒe du kple eŋukɔƒewo katã hã nɔ Yudatɔwo ƒe anyigba la me.
尚有厄刻龍和所屬城鎮。
46 Liƒo la gatso Ekron yi ɖatɔ Domeƒu la, eye du kple kɔƒe siwo te ɖe Asdod ƒe liƒo ŋu la hã le anyigba la me kpe ɖe Asdod du la kple eƒe kɔƒewo,
還有從厄刻龍到海,所有靠近阿市多得所屬村鎮。
47 Gaza kple eƒe kɔƒewo, heyi keke Egipte ƒe tɔʋu la kple Domeƒu la ƒe ƒuta, tso Egipte tɔʋu la nu le anyigbeme yi Tiro le dzigbeme ŋu.
阿市多得所屬城鎮,直到埃及小河;並以大海為界
48 Wogatsɔ du blaene-vɔ-ene siawo kple wo ŋu kɔƒewo le tonyigba la dzi hã na Yuda ƒe viwo: Samir, Yatir, Soko,
在山地有沙米爾,雅提爾、索苛、
49 Dana, Kiriat Sana (si nye Debir),
達納、克黎雅特色費爾,即德彼爾、
50 Anab, Estemo, Anim,
阿納布、厄市特摩、阿寧、
51 Gosen, Holon, Giloh,
哥笙、曷隆和基羅:共計十一座城所屬村鎮。
52 Arab, Duma, Esam,
阿辣布、、杜瑪、厄商、
53 Yanim, Bet Tapua, Afeka,
雅農、貝特塔普亞、阿費克、
54 Humta, Kiriat Arba (alo Hebron) kple Zior. Dus siawo le asieke kple woƒe kɔƒeduwo.
胡默達、克黎雅特阿爾巴,即赫貝龍和漆敖爾:共計九座城所屬村鎮。
55 Maon, Karmel, Zif, Yuta,
瑪紅、加爾默爾、齊弗、猶他、
56 Yezreel, Yokdeam, Zanoah,
依次勒耳、刻約德罕、匝諾亞、
57 Kain, Gibea kple Timna. Du siawo le ewo kple woƒe kɔƒeduwo.
卡因、基貝亞、提默納:共計十座城所屬村鎮。
58 Halhul, Bet Zur, Gedor,
哈耳胡耳、貝特族爾、革多爾、
59 Maarat, Bet Anot, Eltekon. Du siawo le ade kple woƒe kɔƒeduwo.
瑪阿辣特、貝特阿諾特、厄耳特孔:共計六座城所屬村鎮。特科亞、厄弗辣大即白冷、培敖爾、厄堂、谷隆、塔堂、索勒、加倫、加林、貝特爾、瑪納:共計十一座城所屬村鎮。
60 Kiriat Baal (si wogayɔna hã be Kiriat Yearim) kple Raba. Du siawo le eve kple woƒe kɔƒeduwo.
尚有克黎雅特巴爾即克黎雅特耶阿陵和阿辣巴兩座城,所屬村鎮。
61 Bet Araba, Midin, Sekaka,
在曠野有貝特阿辣巴、
62 Nibsan, Dzedu la kple En Gedi. Du ade kple woƒe kɔƒeduwo.
尼貝商、監城和恩革狄:共計六座城所屬村鎮。
63 Yuda ƒe viwo mete ŋu nya Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem la ɖa o, eya ta Yebusitɔwo gale afi ma, le Yuda ƒe viwo dome va se ɖe egbe.
至於住在耶路撒冷的耶步斯人,猶大人不能將他們趕走,因此耶步斯人直到今日,仍同猶大人一起住在耶路撒冷。

< Yosua 15 >