< Yosua 14 >

1 Esiae nye ale si woma Kanaanyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na Israelviwoe. Nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun ƒe vi kple Israel ƒe towo ƒe ƒomewo ƒe kplɔlawo ma anyigba la na ameawo.
This was the land that was allotted to the Israelites to own in the land of Canaan by Eleazar the priest, Joshua, son of Nun, and the leaders of the tribes.
2 Abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la, woda akɔ hena anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la mama ɖe Israel ƒe to asiekɛ kple afã mamlɛawo dome.
The decision regarding the land division among the nine and a half tribes was made by casting lots, as the Lord had instructed Moses.
3 Mose tsɔ to eve kple afã ƒe domenyinu na wo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, ke mena domenyinu aɖeke Levitɔwo ɖe ame bubuawo dome o,
Moses had allotted land to the two and a half tribes east of the Jordan but he had made no allocation to the Levites among them.
4 elabena Yosef ƒe viwo va zu to eve, siwo nye Manase kple Efraim. Womema anyigba na Levitɔwo o, ke boŋ du siwo me woanɔ kple lãnyiƒewo ko wona wo.
The descendants of Joseph had become two tribes, Manasseh and Ephraim. The Levites were not given any land, only towns to live in and pasture for their flocks and herds.
5 Ale wowɔ se si Yehowa de na Mose la dzi pɛpɛpɛ le anyigba la mama me.
So the Israelites followed the instructions the Lord had given Moses in allocating the land.
6 Kaleb nɔ ŋgɔ na ame dɔdɔ aɖewo tso Yuda ƒe to la me, eye wova Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb Kenizitɔ gblɔ na Yosua be, “Èɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Mose tso nye kple wò ŋu esime míenɔ Kades Barnea la dzia?
Leaders from the tribe of Judah approached Joshua at Gilgal, and Caleb, son of Jephunneh the Kenizzite, said to him, “You remember what the Lord told Moses, the man of God, at Kadesh-barnea about me and you.
7 Mexɔ ƒe blaene ɣe ma ɣi. Mose dɔ mí tso Kades Barnea be míatsa ŋku le Kanaanyigba la dzi. Esi míegbɔ la, megblɔ nu si mekpɔ tututu la nɛ,
I was forty when Moses, the servant of God, sent me from Kadesh-barnea to spy out the land. When I returned I told the truth in my report.
8 ke nɔvinye ŋkutsala bubuawo ya do vɔvɔ̃ na ameawo, eye woɖe dzi le wo ƒo dzodzro le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu. Zi ale si menɔ Yehowa, nye Mawu, yome ta la,
But those who went with me made our people afraid. However, I have faithfully followed the Lord my God.
9 Mose gblɔ nam be, ‘Kanaanyigba la ƒe akpa si dzi miele la, azu wò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe.’
At that time Moses made a solemn promise, telling me, ‘The land where you have walked will belong to you and your children forever, because you faithfully followed the Lord my God.’
10 “Abe ale si wò ŋutɔ nènya ene la, Yehowa lé agbe ɖe te nam, eye wòna lãmesesẽm tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia, le ƒe blaene-vɔ-atɔ̃ siawo me, tso esime míetsa tsaglalã le gbedzi. Egbe la, mexɔ ƒe blaenyi-vɔ-atɔ̃,
Look—the Lord has kept me alive these past forty-five years as he promised, from the time the Lord told Moses this while Israel was wandering in the wilderness. Now I'm eighty-five,
11 gake ŋusẽ le ŋunye fifia abe ale si menɔ esime Mose ɖo mí ɖe ŋkutsaƒe ene. Magate ŋu azɔ mɔ, awɔ aʋa fifia abe ɣe ma ɣi ene,
but I'm still as strong today as when Moses sent me out. I'm as strong and ready for battle or for whatever may come as I was then.
12 eya ta mele bia wòm be nàtsɔ tonyigba si ŋugbe Yehowa do nam la nam. Èɖo ŋku edzi be le míaƒe ŋkutsatsa me la, míekpɔ Anakviwo wonɔ du gã siwo woɖo gli ƒo xlãe la me. Ke ne Yehowa li kplim la, manya wo ɖa le anyigba la dzi.”
So give me the hill country that the Lord spoke about. You heard at that time about the descendants of Anak who lived there in large, fortified towns. If the Lord is with me I will drive them out as the Lord promised.”
13 Yosua yra Kaleb, Yefune vi, eye wòtsɔ Hebron du la nɛ abe eƒe domenyinu ene.
So Joshua blessed Caleb and granted him ownership of Hebron.
14 Hebron ganye Kaleb, si nye Yefune, ame si hã nye Kenizitɔ la ƒe vi ƒe dzidzimeviwo tɔ va se ɖe egbe, elabena Kaleb ɖo to Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
So Hebron belonged to Caleb, son of Jephunneh the Kenizzite, from that day to this because he had faithfully followed the Lord, the God of Israel.
15 Wotsɔ Anakitɔwo ƒe ame xɔŋkɔ aɖe ƒe ŋkɔ na Hebron, eya ta woyɔnɛ tsã be, Kiriat Arba. Tso esime Israelviwo xɔ anyigba la, eye wonɔ edzi ko la, afi ma tɔwo megaho aʋa ɖe wo ŋu kpɔ o.
(Hebron was formerly called Kiriath-arba, named after a great leader of the descendants of Anak.) And the land was at peace.

< Yosua 14 >