< Yosua 13 >
1 Yosua tsi heku amegã azɔ, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Fifia, èzu amegãɖeɖi, evɔ dukɔ geɖewo gali siwo dzi wòle be miaɖu.
約書亞年紀老邁,耶和華對他說:「你年紀老邁了,還有許多未得之地,
2 “Anyigba siwo kpɔtɔ la woe nye: “Filisti kple Gesur dukɔwo ƒe anyigba
就是非利士人的全境和基述人的全地。
3 si tso Sixor tɔsisi la gbɔ le Egipte ƒe liƒo dzi heyi anyiehe ke, elabena wobu anyigba si va tɔ Ekron ƒe liƒo la abe Kanaantɔwo ƒe anyigba ene. Filistitɔwo ƒe fiawo nɔ Gaza, Asdod, Askelon, Gat kple Ekron; hekpe ɖe Avitɔwo ŋu
從埃及前的西曷河往北,直到以革倫的境界,就算屬迦南人之地。有非利士人五個首領所管的迦薩人、亞實突人、亞實基倫人、迦特人、以革倫人之地,並有南方亞衛人之地。
4 le dziehe; Kanaantɔwo ƒe anyigba la katã gali kpe ɖe Ara, si nye Sidontɔwo tɔ heyi keke Afek le Amoritɔwo ƒe liƒo dzi ŋu.
又有迦南人的全地,並屬西頓人的米亞拉到亞弗,直到亞摩利人的境界。
5 Gebalitɔwo ƒe anyigba kple Lebanonyigba blibo la ɖo ta ɣedzeƒe, tso Baal Gad, si le Hermon to la ƒe anyigbeme heyi Hamat mɔ la nu.
還有迦巴勒人之地,並向日出的全黎巴嫩,就是從黑門山根的巴力‧迦得,直到哈馬口。
6 “Sidontɔwo, ame siwo le tonyigba la dzi le Lebanon towo kple Misrefat Maim dome la ƒe anyigba hã le eme. Mele klalo be manya dukɔ siawo katã ɖa le Israel dukɔ la ŋgɔ, eya ta bu anyigba siawo katã abe mia tɔwo ene,
山地的一切居民,從黎巴嫩直到米斯利弗‧瑪音,就是所有的西頓人,我必在以色列人面前趕出他們去。你只管照我所吩咐的,將這地拈鬮分給以色列人為業。
7 eye nàmae na Israel ƒe to asiekɛawo kple Manase ƒe to afã la abe ale si meɖo na wò ene.”
現在你要把這地分給九個支派和瑪拿西半個支派為業。」
8 Manase ƒe to la ƒe afã kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe xoxo, elabena Mose tsɔ anyigba sia na wo.
瑪拿西那半支派和呂便、迦得二支派已經受了產業,就是耶和華的僕人摩西在約旦河東所賜給他們的:
9 Woƒe anyigba la nye teƒe si tso Areor, le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga kple du siwo le balime la, to Medeba ƒe togbɛnyigba dzi yi Dibon.
是從亞嫩谷邊的亞羅珥和谷中的城,並米底巴的全平原,直到底本,
10 Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si ƒe fiadu nye Hesbon la ƒe duwo hã nɔ anyigba la me, eye wòtso eme yi keke Amon ƒe liƒowo dzi.
和在希實本作王亞摩利王西宏的諸城,直到亞捫人的境界;
11 Gilead kple anyigba si nye Gesuritɔwo kple Makatitɔwo tɔ kple Hermon to la, Basan to la kple Saleka du la
又有基列地、基述人、瑪迦人的地界,並黑門全山、巴珊全地,直到撒迦;
12 kple Ɔg, Basan fia, ame si ɖu fia le Astarot kple Edrei la ƒe anyigba. Eyae nye Refaimtɔ mamlɛtɔ, elabena Mose ho aʋa ɖe wo ŋu, eye wònya wo ɖa le anyigba la dzi.
又有巴珊王噩的全國-他在亞斯他錄和以得來作王(利乏音人所存留的只剩下他)。這些地的人都是摩西所擊殺、所趕逐的。
13 Ke Israelviwo menya Gesuritɔwo alo Makatitɔwo o, eya ta wogale Israelviwo dome va se ɖe egbe.
以色列人卻沒有趕逐基述人、瑪迦人;這些人仍住在以色列中,直到今日。
14 Ale si woma anyigba na Israel ƒe to vovovoawo la yi ale: Levitɔwo: Mose mena anyigba aɖeke Levitɔwo o, ke boŋ etsɔ vɔsanu siwo ameawo atsɔ vɛ na Yehowa, Israel ƒe Mawu la na wo.
只是利未支派,摩西 沒有把產業分給他們。他們的產業乃是獻與耶和華-以色列上帝的火祭,正如耶和華所應許他們的。
15 Ruben ƒe to: Mose na anyigba Ruben ƒe to la ɖe ƒome siwo le to la me la ƒe agbɔsɔsɔ nu.
摩西按着呂便支派的宗族分給他們產業。
16 Ruben ƒe viwo ƒe anyigba tso Aroer le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga, dze le Arnon du si le balime la ƒe titina la ŋu va dze le Medeba ƒe togbɛwo ŋu.
他們的境界是亞嫩谷邊的亞羅珥和谷中的城,靠近米底巴的全平原;
17 Du siwo nɔ afi ma la woe nye Hesbon kple du bubu siwo le gbadzaƒe: Dibon, Bamɔt Baal, Bet Baal Meon,
希實本並屬希實本平原的各城,底本、巴末‧巴力、伯‧巴力‧勉、
18 Yaza, Kedemot, Mefaat,
雅雜、基底莫、米法押、
19 Kiriataim, Sibma, Zeret Sabar si le to aɖe dzi le balime la tame,
基列亭、西比瑪、谷中山的細列‧哈沙轄、
20 Bet Peor, Bet Yesimot kple Pisga to la kɔgo.
伯‧毗珥、毗斯迦山坡、伯‧耶西末;
21 Du siwo nɔ togbɛwo dzi kple Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe me la hã nɔ Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Sixɔn nye Amoritɔwo ƒe fia si nɔ Hesbon. Mose wu Fia Sixɔn kple Midian fia bubu siawo: Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba.
平原的各城,並亞摩利王西宏的全國。這西宏曾在希實本作王,摩西把他和米甸的族長以未、利金、蘇珥、戶珥、利巴擊殺了;這都是住那地屬西宏為首領的。
22 Israelviwo hã wu afakala Balaam si nye Beor ƒe vi la hã.
那時以色列人在所殺的人中,也用刀殺了比珥的兒子術士巴蘭。
23 Yɔdan tɔsisi lae nye Ruben ƒe viwo ƒe anyigba la ƒe liƒo le ɣedzeƒe lɔƒo.
呂便人的境界就是約旦河與靠近約旦河的地。以上是呂便人按着宗族所得為業的諸城,並屬城的村莊。
24 Gad ƒe to: Mose na anyigba Gad ƒe viwo ƒe to la ɖe ƒome siwo le to la me ƒe agbɔsɔsɔ nu.
摩西按着迦得支派的宗族分給他們產業。
25 Yazer kple Gilead ƒe duwo katã kple Amonyigba ƒe afã heyi Aroer le Raba gbɔ nɔ Gad ƒe viwo ƒe anyigba la me.
他們的境界是雅謝和基列的各城,並亞捫人的一半地,直到拉巴前的亞羅珥;
26 Anyigba la gatso Hesbon yi Ramat Mizpa kple Betonim, eye wògatso Mahanaim yi Lo Debir.
從希實本到拉抹‧米斯巴和比多寧,又從瑪哈念到底璧的境界,
27 Teƒe siwo le anyigba sia me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime la woe nye: Bet Haram, Bet Nimra, Sukɔt, Zafɔn kple Fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe anyigba mamlɛa. Anyigba la ƒe liƒo le ɣetoɖoƒe lae nye, Yɔdan tɔsisi la yi anyigbeme va ɖo keke Galilea ƒu la ƒe dzigbeme.
並谷中的伯‧亞蘭、伯‧寧拉、疏割、撒分,就是希實本王西宏國中的餘地,以及約旦河與靠近約旦河的地,直到基尼烈海的極邊,都在約旦河東。
28 Esiawoe nye du siwo wotsɔ na ƒome siwo le Gad ƒe to la me abe woƒe domenyinu ene.
以上是迦得人按着宗族所得為業的諸城,並屬城的村莊。
29 Mose na anyigba Manase viwo ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒomewo nu.
摩西把產業分給瑪拿西半支派,是按着瑪拿西半支派的宗族所分的。
30 Ena anyigba wo tso Mahanaim. Basan blibo si nye Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe kple Yair kple Basan ƒe du blaade nɔ to sia ƒe anyigba me.
他們的境界是從瑪哈念起,包括巴珊全地,就是巴珊王噩的全國,並在巴珊、睚珥的一切城邑,共六十個。
31 Wotsɔ Gilead ƒe afã, Astarot kple Edrei (du siwo le Ɔg, Basan fia ƒe fiaɖuƒe me), na Makir, Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã. Esiawoe nye anyigba siwo wotsɔ na Manase ƒe vi Makir ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒome nu.
基列的一半,並亞斯他錄、以得來,就是屬巴珊王噩國的二城,是按着宗族給瑪拿西的兒子瑪吉的一半子孫。
32 Aleae Mose ma anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, afi si ameawo ƒu asaɖa anyi ɖo ɣe ma ɣi le Yeriko gbɔ.
以上是摩西在約旦河東對着耶利哥的摩押平原所分給他們的產業。
33 Mose mena anyigba aɖeke Levitɔwo o, elabena abe ale si wòɖe eme na woe ene la, Yehowa Mawu lae nye woƒe domenyinu, Yehowa koe nye nu si wohiã. Yehowa ŋutɔ akpɔ wo ta abe ale si dze ene.
只是利未支派,摩西沒有把產業分給他們。耶和華-以色列的上帝是他們的產業,正如耶和華所應許他們的。