< Yosua 12 >
1 Fia siwo dzi Israelviwo ɖu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ame siwo ƒe duwo wogbã tso keke Arnon tɔsisi la ƒe balime va yi Hermon to la gbɔ kple du siwo le gbegbe siwo le ɣedzeƒe la woe nye esiawo:
以色列人在約旦河外向日出之地擊殺二王,得他們的地,就是從亞嫩谷直到黑門山,並東邊的全亞拉巴之地。
2 Amoritɔwo ƒe fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe fiaɖuƒe keke tso Aroer le Arnon balime gbɔ kple tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina yi ɖatɔ Yabok tɔsisi la si nye Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Gileadnyigba si le Yabok tɔsisi la ƒe dzigbeme egbe la ƒe afã nɔ Sixɔn ƒe anyigba me.
這二王,有住希實本、亞摩利人的王西宏。他所管之地是從亞嫩谷邊的亞羅珥和谷中的城,並基列一半,直到亞捫人的境界,雅博河
3 Anyigba si tso Araba yi Galilea ƒu la ƒe ɣetoɖoƒeliƒo dzi heyi anyigbeme ɖatɔ Araba ƒu si nye (Dzeƒu la) heɖo ta Bet Yesimot, va se ɖe Pisga towo ƒe dziehe ŋu la hã nɔ Fia Sixɔn te.
與約旦河東邊的亞拉巴,直到基尼烈海,又到亞拉巴的海,就是鹽海,通伯‧耶西末的路,以及南方,直到毗斯迦的山根。
4 Woɖu Ɔg, Basan fia, ame si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo ƒe mamlɛtɔ nɔ Astarot kple Edrei hã dzi.
又有巴珊王噩。他是利乏音人所剩下的,住在亞斯他錄和以得來。
5 Eɖu anyigba si tso Hermon to la gbɔ le dzigbeme yi Saleka le Basan to la gbɔ le ɣedzeƒe va yi ɖatɔ Gesur kple Maka fiaɖuƒewo ƒe liƒowo dzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo la dzi. Ɔg ƒe fiaɖuƒe yi anyigbeme lɔƒo kple Gileadnyigba ƒe afã le dzigbeme gome, ɖatɔ Fia Sixɔn, fia si nɔ Hesbon la ƒe anyigba.
他所管之地是黑門山、撒迦、巴珊全地,直到基述人和瑪迦人的境界,並基列一半,直到希實本王西宏的境界。
6 Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ ame siawo xoxo, eye Mose tsɔ anyigba la na Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã.
這二王是耶和華僕人摩西和以色列人所擊殺的;耶和華僕人摩西將他們的地賜給呂便人、迦得人,和瑪拿西半支派的人為業。
7 Fia siwo ƒe anyigba Yosua kple Israelviwo xɔ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la ƒe ŋkɔwoe nye esiwo gbɔna. Anyigba la tso Baal Gad le Lebanon ƒe balime yi Balak to la gbɔ le Seir to la ƒe ɣetoɖoƒe. Yosua tsɔ anyigba sia na Israelviwo ƒe to bubuawo me tɔwo.
約書亞和以色列人在約旦河西擊殺了諸王。他們的地是從黎巴嫩平原的巴力‧迦得,直到上西珥的哈拉山。約書亞就將那地按着以色列支派的宗族分給他們為業,
8 Teƒe siwo le toawo dzi, togbɛ ɣedzeƒetɔwo dzi, Yɔdan ƒe balime kple eƒe togbɛwo dzi, ɣedzeƒetowo kɔgo kple Negebnyigba la katã le anyigba sia me. Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo nɔ anyigba sia dzi tsã. Israelviwo ɖu du siawo ƒe fiawo dzi:
就是赫人、亞摩利人、迦南人、比利洗人、希未人、耶布斯人的山地、高原亞拉巴、山坡、曠野,和南地。
9 Yeriko fia ɖeka, Ai, si te ɖe Betel ŋu fia ɖeka,
他們的王:一個是耶利哥王,一個是靠近伯特利的艾城王,
10 Yerusalem fia ɖeka, Hebron fia ɖeka,
一個是耶路撒冷王,一個是希伯崙王,
11 Yarmut fia ɖeka, Lakis fia ɖeka,
一個是耶末王,一個是拉吉王,
12 Eglon fia ɖeka, Gezer fia ɖeka,
一個是伊磯倫王,一個是基色王,
13 Debir fia ɖeka, Geder fia ɖeka,
一個是底璧王,一個是基德王,
14 Horma fia ɖeka, Arad fia ɖeka,
一個是何珥瑪王,一個是亞拉得王,
15 Libna fia ɖeka, Adulam fia ɖeka,
一個是立拿王,一個是亞杜蘭王,
16 Makeda fia ɖeka, Betel fia ɖeka,
一個是瑪基大王,一個是伯特利王,
17 Tapua fia ɖeka, Hefer fia ɖeka,
一個是他普亞王,一個是希弗王,
18 Afek fia ɖeka, Lasarɔn fia ɖeka,
一個是亞弗王,一個是拉沙崙王,
19 Madɔn fia ɖeka, Hazor fia ɖeka,
一個是瑪頓王,一個是夏瑣王,
20 Simrɔn Merɔn fia ɖeka, Aksaf fia ɖeka,
一個是伸崙‧米崙王,一個是押煞王,
21 Taanak fia ɖeka, Megido fia ɖeka,
一個是他納王,一個是米吉多王,
22 Kedes fia ɖeka, Yokneam le Karmel fia ɖeka,
一個是基低斯王,一個是靠近迦密的約念王,
23 Nafɔt Dor le ƒuta fia ɖeka. Goim le Gilgal fia ɖeka
一個是多珥山岡的多珥王,一個是吉甲的戈印王,
24 kple Tirza fia ɖeka. Ale wotsrɔ̃ fia blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ kple woƒe duwo.
一個是得撒王;共計三十一個王。