< Yosua 11 >

1 Esi Yabin, Hazor fia se ale si Israelviwo nɔ dukɔwo dzi ɖum la, eɖo du ɖe Yobab, Madɔn fia kple Simron fia kple Aksaf fia,
Now when Jabin king of Hazor heard about these things, he sent word to Jobab king of Madon; to the kings of Shimron and Achshaph;
2 kple fia siwo nɔ tonyigba la dzi le dziehe le Araba, le Kineret kple esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Galilea ƒu la ƒe dziehe kple fia siwo nɔ ɣetoɖoƒetogbɛwo dzi le ƒuta, te ɖe Nafɔt Dor ŋu.
to the kings of the north in the mountains, in the Arabah south of Chinnereth, in the foothills, and in Naphoth-dor to the west;
3 Eɖo du ɖe Kanaan fia siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa eveawo dzi, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo le tonyigba la dzi kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Hermon to la dzi le Mizpanyigba dzi.
to the Canaanites in the east and west; to the Amorites, Hittites, Perizzites, and Jebusites in the hill country; and to the Hivites at the foot of Hermon in the land of Mizpah.
4 Dukɔ siawo katã kplɔ woƒe aʋakɔwo vɛ, eye woƒo ƒu zu aʋakɔ gã ɖeka ɖe Israel ŋu. Aʋakɔ gã sia kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene.
So these kings came out with all their armies, a multitude as numerous as the sand on the seashore, along with a great number of horses and chariots.
5 Woƒu asaɖa anyi ɖe Merɔn tsi dzidzi la gbɔ.
All these kings joined forces and encamped at the waters of Merom to fight against Israel.
6 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ aʋakɔ gã sia o, elabena etsɔ hafi ɣelawoɣi naɖo la, wo katã woazu nu kukuwo le Israel ŋgɔ! Gbã la, tu woƒe sɔwo ƒe atawo, eye nàtɔ dzo woƒe tasiaɖamwo!”
Then the LORD said to Joshua, “Do not be afraid of them, for by this time tomorrow I will deliver all of them slain before Israel. You are to hamstring their horses and burn up their chariots.”
7 Yosua kple eƒe amewo va dze futɔwo dzi le vo me le Merɔn tsi dzidzi la gbɔ.
So by the waters of Merom, Joshua and his whole army came upon them suddenly and attacked them,
8 Yehowa tsɔ aʋakɔ gã ma de asi na Israelviwo, eye wonya wo va se ɖe keke Sidon du gã la me kple Misrefat Maim heyi Mizpa balime le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Futɔwo dometɔ aɖeke metsi agbe o.
and the LORD delivered them into the hand of Israel, who struck them down and pursued them all the way to Greater Sidon and Misrephoth-maim, and eastward as far as the Valley of Mizpeh. They struck them down, leaving no survivors.
9 Yosua kple eƒe amewo tu ata na futɔwo ƒe sɔwo, eye wotɔ dzo woƒe tasiaɖamwo abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.
Joshua treated them as the LORD had told him; he hamstrung their horses and burned up their chariots.
10 Esi wotrɔ gbɔna la, Yosua xɔ Hazor du, si nye fiadu na dukɔ ƒoƒu mawo katã, eye wòwu eƒe fia.
At that time Joshua turned back and captured Hazor and put its king to the sword, because Hazor was formerly the head of all these kingdoms.
11 Wowu ame sia ame le Hazor du la me, eye wotɔ dzo du la.
The Israelites put everyone in Hazor to the sword, devoting them to destruction. Nothing that breathed remained, and Joshua burned down Hazor itself.
12 Yosua dze fia mamlɛawo ƒe du bubuawo dzi. Wowu ameawo katã abe ale si Mose gblɔe da ɖi xoxo la ene.
Joshua captured all these kings and their cities and put them to the sword. He devoted them to destruction, as Moses the LORD’s servant had commanded.
13 Ke Yosua metɔ dzo du siwo nɔ togbɛwo dzi la ya o, negbe Hazor ko.
Yet Israel did not burn any of the cities built on their mounds, except Hazor, which Joshua burned.
14 Israelviwo ha du siwo wotsrɔ̃ la ƒe nuwo kple lãwo na wo ɖokuiwo, ke wowu amegbetɔwo katã,
The Israelites took for themselves all the plunder and livestock of these cities, but they put all the people to the sword until they had completely destroyed them, not sparing anyone who breathed.
15 elabena nenemae Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, eya hã gblɔ ɖoɖo ma na Yosua, eye eya hã wɔ nu si wogblɔ nɛ. Yosua wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi.
As the LORD had commanded His servant Moses, so Moses commanded Joshua. That is what Joshua did, leaving nothing undone of all that the LORD had commanded Moses.
16 Ale Yosua ɖu anyigba blibo la dzi. Exɔ Negeb kple Gosenyigba kple Araba kple Israel ƒe tonyigbawo kple sɔsɔeƒewo.
So Joshua took this entire region: the hill country, all the Negev, all the land of Goshen, the western foothills, the Arabah, and the mountains of Israel and their foothills,
17 Ale Israelviwo ƒe anyigba keke azɔ tso keke Halak to la gbɔ te ɖe Seir ŋu yi Baal Gad le Lebanon ƒe balime le Hermon to la te. Yosua wu teƒe mawo ƒe fiawo katã.
from Mount Halak, which rises toward Seir, as far as Baal-gad in the Valley of Lebanon at the foot of Mount Hermon. He captured all their kings and struck them down, putting them to death.
18 Yosua tsɔ ƒe adre wɔ nu siawo katã.
Joshua waged war against all these kings for a long period of time.
19 Israelviwo mewɔ ŋutifafa kple du aɖeke me tɔwo o, negbe Hivitɔ siwo nɔ Gibeon ko. Wowu ame bubuawo katã,
No city made peace with the Israelites except the Hivites living in Gibeon; all others were taken in battle.
20 elabena Yehowa ɖo be dukɔ mawo nadi be yewoawɔ aʋa boŋ kple Israelviwo ɖe ŋutifafawɔwɔ teƒe. Eya ta wotsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
For it was of the LORD to harden their hearts to engage Israel in battle, so that they would be set apart for destruction and would receive no mercy, being annihilated as the LORD had commanded Moses.
21 Le ɣeyiɣi sia me la, Yosua tsrɔ̃ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nɔ tonyigbawo dzi le Hebron, Debir, Anab, Yuda kple Israel. Ewu wo katã keŋkeŋ, eye wòtsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi.
At that time Joshua proceeded to eliminate the Anakim from the hill country of Hebron, Debir, and Anab, and from all the hill country of Judah and of Israel. Joshua devoted them to destruction, along with their cities.
22 Wo dometɔ aɖeke megasusɔ ɖe Israelnyigba dzi o, ke ɖewo ganɔ Gaza, Gat kple Asdod.
No Anakim were left in the land of the Israelites; only in Gaza, Gath, and Ashdod did any survive.
23 Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi.
So Joshua took the entire land, in keeping with all that the LORD had spoken to Moses. And Joshua gave it as an inheritance to Israel according to the allotments to their tribes. Then the land had rest from war.

< Yosua 11 >