< Yosua 10 >

1 Esi Adoni Zedek, Yerusalem fia se ale si Yosua xɔ Ai du, tsrɔ̃e gbidigbidi, eye wòwu Ai fia kple ale si wòwɔ Ai fia kple Yeriko fia kpakple ale si Gibeontɔwo wɔ nubabla kple Israelviwo, eye wozu Israel dzi nɔlawo la,
Adoni-zedek, king of Jerusalem, learned that Joshua had captured Ai and destroyed the town completely, as he had also done to Jericho, and had killed its king, just as he had the king of Jericho. He also heard that the Gibeonites had made peace with the Israelites and were allied with them.
2 vɔvɔ̃ gã aɖe ɖoe, elabena Gibeon lolo abe fiadu ene, eye wòlolo sãa wu Ai, evɔ Gibeontɔwo nye aʋawɔla sesẽwo,
The people of Jerusalem were very frightened by this because Gibeon was a large town—as large as any town ruled by the king, and larger than Ai, and its men were tough fighters.
3 eya ta Adoni Zedek, Yerusalem fia ɖo du ɖe fia siawo: Hebron fia, Hoham, Yarmut fia, Piran, Lakis fia, Yafia kple Eglon fia, Debir.
So Adoni-zedek, king of Jerusalem, sent a message to Hoham, king of Hebron, Piram, king of Jarmuth, Japhia, king of Lachish, and Debir, king of Eglon, saying,
4 Fia Adoni Zedek gblɔ na wo be, “Miva kpe ɖe ŋunye míatsrɔ̃ Gibeontɔwo, elabena wowɔ ŋutifafa kple Yosua kple Israelviwo.”
“Come and help me attack Gibeon because they have made peace with Joshua and the Israelites.”
5 Ale Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ siawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo katã ɖekae be yewoaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu.
So these five Amorite kings (the kings of Jerusalem, Hebron, Jarmuth, Lachish, and Eglon) and their armies gathered and set off. They surrounded Gibeon and then began their attack.
6 Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua le Gilgal enumake be, “Miva kpe ɖe miaƒe subɔlawo ŋu! Miva kaba ne miava ɖe mí! Amoritɔwo ƒe fiawo katã tso woƒe nɔƒewo le toawo dzi va le mía gbɔ kple woƒe aʋakɔwo.”
The Gibeonites sent a message to Joshua at the camp in Gilgal, saying, “Please don't abandon us, your servants! Come quickly and save us! We need your help for all the Amorite kings of the hill country have joined in attacking us.”
7 Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la ho tso Gilgal, eye woyi be yewoaxɔ na Gibeontɔwo.
So Joshua, all his fighting men and best fighters, set off from Gilgal.
8 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ wo o, elabena mieɖu wo dzi xoxo! Metsɔ wo na mi be miatsrɔ̃ wo, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o.”
The Lord had said to Joshua, “Don't be afraid of them, for you will defeat them. Not a single one will be able to stand against you.”
9 Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la zɔ mɔ zã blibo la tso Gilgal, eye woɖi ɖe futɔwo dzi kpoyi.
By marching all night from Gilgal, Joshua arrived without warning.
10 Tete Yehowa na futɔwo vɔ̃ eye wotɔtɔ, ale Israelviwo wu ame geɖewo le Gibeon, eye wonya ame mamlɛawo, nɔ wo wum le mɔa dzi yi keke Bet Horon kple Azeka kple Makeda.
The Lord threw the Amorite armies into a panic when they saw the Israelites. He struck them down with a great blow at Gibeon; he chased them all the way up to Beth-horon, cutting them down on the way to Azekah and Makkedah.
11 Esi futɔwo nɔ sisim tso toawo dzi henɔ abu ɖim la, Yehowa na kpewo ge tso dziƒo va dze wo dzi hetsrɔ̃ wo le mɔa dzi va se ɖe keke Azeka ke. Ame siwo kpe siawo wu la sɔ gbɔ wu ame siwo Israelviwo wu kple yi.
As they ran away from the Israelites down the slope from Beth-horon, the Lord hurled large hailstones down on them from the skies all the way to Azekah. More were killed by the hailstones than we killed by the swords of the Israelites.
12 Esime Israelviwo nɔ Amoritɔwo nyam, nɔ wo wum la, Yosua do gbe ɖa na Yehowa kple gbe sesẽ be, “Na ɣe natɔ ɖe Gibeon tame, eye nàna ɣleti hã natɔ ɖe Aiyalon balime tame!”
On the day that the Lord handed the Amorites over to the Israelites, Joshua spoke by the Lord in the presence of the Israelites, saying, “Sun, stand still over Gibeon! Moon, stand still over the Valley of Aijalon!”
13 Eye ɣe kple ɣleti siaa megaʋã o va se ɖe esime Israelviwo ƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ! Woŋlɔ nu geɖewo wu esia tso aʋa sia wɔwɔ ŋuti ɖe Yasar ƒe Agbalẽ me. Ale ɣe tɔ ɖe dziƒo abe gaƒoƒo blaeve-vɔ-ene sɔŋ ene!
The sun stopped moving, and the moon stood still, until the nation of Israel had inflicted defeat on their enemies. (This is recorded in the Book of Jashar). The sun stopped in the middle of the sky and did not go down for around a full day.
14 Ŋkeke sia tɔgbi meva yi kpɔ o, eye etɔgbi megava kpɔ o tso gbe ma gbe, esi Yehowa tɔ ɣe kple ɣleti le ame ɖeka ƒe gbedodoɖa ta. Ke Yehowa nɔ aʋa wɔm na Israel.
There wasn't a day like this ever before or since when the Lord listened to a human voice in such a way. It was because the Lord was fighting for Israel.
15 Le esia megbe la, Israelviwo ƒe aʋakɔ la trɔ yi Gilgal.
Then Joshua and all the army returned to the camp at Gilgal.
16 Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo si le aʋa la me yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agado aɖe me le Makeda.
The five kings had run away and hid in a cave at Makkedah.
17 Esime wona nyanya Yosua be wokpɔ fiawo la,
When Joshua was told that the five kings were hiding in a cave at Makkedah,
18 eɖe gbe be woamli kpe gã aɖe axe agado la nu, eye woana dzɔlawo nanɔ afi ma akpɔ egbɔ be fiawo tsi agado la me.
he gave this order, “Roll some large stones to block the entrance to the cave and have some men guard it.
19 Yosua ɖe gbe na aʋakɔ la be, “Minɔ futɔwo nyanya dzi, eye miawu wo tso megbe; migana woade woƒe duwo me o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akpe ɖe mia ŋu miatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”
But don't you stay there. Chase the enemy down and attack them from the rear. Don't let them escape to their towns for the Lord has given them to you to defeat.”
20 Ale Yosua kple Israelʋakɔ la yi futɔwo wuwu dzi. Wotsrɔ̃ aʋakɔ atɔ̃awo katã negbe ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu ɖo woƒe du siwo woɖo gli ƒo xlã la me.
So Joshua and the Israelites totally defeated them, striking them down and killing them. Only a few of them survived to escape back to their towns.
21 Le esia megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woƒe asaɖa me le Makeda. Womewu aʋawɔla ɖeka pɛ gɔ̃ hã le wo dome o! Tso esia dzi la, futɔ aɖeke megaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o.
The army returned to Joshua at the camp at Makkedah, and no one dared even to threaten the Israelites.
22 Yosua ɖe gbe be woaɖe kpe gã la ɖa le agado la nu, eye woakplɔ fia atɔ̃awo vɛ.
Then Joshua said, “Open the cave entrance and bring out the five kings to me from the cave.”
23 Ale woʋu agado la, eye wokplɔ Yerusalem, Hebron, Yarmut, Lakis kple Eglon fiawo vɛ.
So they did, bringing out the five kings from the cave—the kings of Jerusalem, Hebron, Jarmuth, Lachish, and Eglon.
24 Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, eyɔ Israel ŋutsuwo katã eye wòɖe gbe na eƒe aʋakplɔlawo, ame siwo de aʋa kplii be, “Mite va eye miaɖo afɔ ve dzi na fia siawo!” Tete wote va eye woɖo afɔ ve dzi na fia atɔ̃awo.
When they had brought the kings to Joshua, he summoned all the fighting men, and said to the commanders who had gone with him, “Come here, and put your feet on the necks of these kings.” So they came over and put their feet on their necks.
25 Yosua gblɔ na Israelviwo be, “Migavɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Ŋusẽ nenɔ mia ŋu, eye mialé dzi ɖe ƒo, elabena Yehowa awɔ miaƒe futɔwo katã alea.”
Joshua said to them, “Don't ever be afraid or discouraged! Be strong and be brave! For the Lord is going to do the same thing to all your enemies that you're going to fight!”
26 Tete Yosua tsɔ eƒe yi wu fia atɔ̃awo, eye wòde ka wo ɖe ati atɔ̃ ŋu va se ɖe fiẽ.
Then Joshua killed the kings and hung their bodies on five trees and left them hanging there until the evening.
27 Esime ɣe nɔ to ɖom la, Yosua na woɖe wo le atiawo ŋu, wotsɔ wo ƒu gbe ɖe agado si me wosi yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖo la me, eye woli kɔ kpe gãwo ɖe agado la nu. Kpe siawo gale afi ma va se ɖe egbe.
As the sun went down Joshua gave the order to take their bodies down from the trees and throw them into the cave where they had been hiding. Then the Israelites piled up stones over the entrance to the cave, and they are there to this very day.
28 Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o.
That day Joshua captured Makkedah, killing all its inhabitants, including the king. He set it apart and completely destroyed it and everyone in it, leaving no survivors. He killed the king of Makkedah just as he had killed the king of Jericho.
29 Tso afi sia la, Israelviwo yi Libna.
Then Joshua and the Israelite army left Makkedah and went to attack Libnah,
30 Yehowa tsɔ du la kple fia la de asi na Israel le afi sia hã; wowu ame sia ame le dua me abe ale si wowɔ le Yeriko ene.
and the Lord gave the town and its king to the Israelites. Joshua had everyone in it killed, leaving no survivors. He killed its king just as he had killed the king of Jericho.
31 Israelviwo tso Libna, eye woyi ɖadze Lakis du la hã dzi.
Then Joshua and the Israelite army moved on from Libnah to Lachish, surrounding the town and attacking it.
32 Yehowa tsɔ du sia hã na Israel le ŋkeke evelia dzi. Wowu ame sia ame le afi sia hã abe ale si wowɔ le Libna ene.
The Lord gave the town to the Israelites who captured it on the second day. Joshua had everyone in it killed, just as he had done in Libnah.
33 Esime Israelviwo nɔ aʋa wɔm le Lakis la, Gezer fia Horan va do kple eƒe aʋakɔ be yeaʋli Lakis du la ta. Ke Yosua ƒe amewo wui, eye wotsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la.
Then Horam, king of Gezer, came with his army to help Lachish, but Joshua and his men killed them, leaving no survivors.
34 Yosua kple Israel katã dzo le Lakis heyi Eglon. Woɖe to ɖe du sia, eye woho aʋa ɖe eŋu.
Joshua and the Israelite army moved on from Lachish to Eglon, surrounding the town and attacking it.
35 Woxɔ du sia hã gbe ma gbe ke, eye wowu ame sia ame abe ale si wowu Lakistɔwo katã ene.
They captured it the same day. Joshua had everyone in it killed that very day. He set it apart and completely destroyed it, just as he had done in Lachish.
36 Esi wodzo le Eglon la, woyi Hebron.
Joshua and the Israelite army left Eglon and went to attack Hebron.
37 Woxɔ du sia kple du sue siwo ƒo xlãe, eye wowu ameawo katã kple woƒe fia; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe o.
They captured the town, as well as the towns nearby. Joshua had all the inhabitants killed, leaving no survivors. Just as he had done in Eglon, he set it apart and completely destroyed it and everyone in it.
38 Wotrɔ azɔ yi Debir.
Then Joshua and the Israelite army turned and went to attack Debir.
39 Woɖu Debirtɔwo dzi enumake, wu ame sia ame abe ale si wowɔ le Libna ene.
He captured it and its king and all the towns nearby. Joshua had all the inhabitants killed, leaving no survivors. Just as he had done in Hebron, he set it apart and completely destroyed it and everyone in it. He killed the king of Debir just as he had killed the king of Libnah.
40 Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene.
So Joshua conquered the whole land—the hill country, the Negev, the foothills, and the slopes—and all their kings. He didn't leave a single survivor. He killed everyone as the Lord, the God of Israel, had commanded.
41 Wowu wo tso Kades Barnea yi Gaza, tso Gosen yi Gibeon.
Joshua destroyed them from Kadesh-barnea to Gaza and the whole of the land from Goshen to Gibeon.
42 Wowɔ nu siawo katã le aʋadzedze ɖeka pɛ ko me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la nɔ aʋa wɔm na wo.
All the kings and their lands were conquered by Joshua in one campaign because the Lord, the God of Israel, was fighting for the Israelites.
43 Le dziɖuɖu siawo megbe la, Yosua kple Israel blibo la trɔ yi asaɖa la me le Gilgal.
Joshua and the Israelite army then returned to the camp at Gilgal.

< Yosua 10 >