< Yona 1 >
1 Yehowa ƒe nya va na Yona, Amitai ƒe vi la be,
This message from the Lord came to Jonah, the son of Amittai:
2 “Yi ɖe Ninive, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, elabena woƒe ŋutasẽse va ɖo gbɔnye.”
“Arise, go to that great city, Nineveh, and preach against it; for their wickedness is known to me.”
3 Ke nya sia na Yona si le Yehowa nu heɖo ta Tarsis. Eyi ƒutadu aɖe si woyɔna be Yopa la me, eye esi wòyi ɖe melidzeƒe si le afi ma la, ekpɔ meli aɖe si nɔ mɔ dzem yina ɖe Tarsis. Exe ʋuɖofe enumake, eye wòɖo ʋu la hege ɖe meli la ƒe globoeƒe aɖe be yeasi le Yehowa gbɔ.
But Jonah started to flee to Tarshish from the presence of the Lord. He went down to Joppa and found a ship going to Tarshish. So he paid the fare and went aboard to go with them to Tarshish from the presence of the Lord.
4 Esi ʋu la dze mɔ yina sẽe ko la, Yehowa dɔ yaƒoƒo sesẽ aɖe ɖa si na be ahom dziŋɔ aɖe tu. Meli la ʋuʋu heyeheye henɔ didim be yeanyrɔ.
But the Lord made a furious wind blow over the sea, and there was such a great storm that the ship was in danger of breaking to pieces.
5 Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ gã aɖe lé ʋukulawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eƒe mawu yɔm kple ɣli, eye wotsɔ agba si wodo na meli la ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me be meli la nazu wodzoe vie. Esi nu siawo katã nɔ edzi yim la, Yona ya nɔ alɔ̃ dɔm dzidzemetɔe le afi si wòbe ɖo.
The sailors were terrified and each cried for help to his own god. They threw the ship’s cargo into the sea to make the ship lighter. Meanwhile Jonah had gone down into the bottom of the ship and lay fast asleep.
6 Meli la ƒe amegã yi ɖe afi si wònɔ la, eye wòdo ɣli ɖe eta be, “Nu ka! Alɔ̃ dɔm wò ya nèle le ɣeyiɣi sia mea? Tso kaba nàyɔ wò mawu, ɖewohĩ akpɔ nublanui na mí tso ahom la me!”
The captain of the ship went and said to him, “How can you sleep? Call on your god; perhaps that god will think of us, so that we may not be lost.”
7 Azɔ melikulawo gblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míadzidze nu, akpɔe ɖa be ame kae na dzɔgbevɔ̃e sia va mía dzi mahã.” Ale wodzidze nu, eye wòdze Yona dzi.
The sailors said to one another, “Come, let us cast lots to discover on whose account this evil has come upon us.” So they cast lots, and the lot indicated Jonah.
8 Ale wo katã wobia gbee zi ɖeka be, “Nu ka nèwɔ, be nèhe ahom sia va mía dzi? Dɔ ka nèwɔna? Dukɔ ka me nètso? Gbe ka gblɔlae nènye?”
So they said to him, “Are you to blame for this? Tell us, what is your business, and where do you come from? What is your country and to what people do you belong?”
9 Yona ɖo eŋu na wo be, “Hebritɔwoe menye, eye mesubɔa Yehowa, Dziƒo Mawu la, ame si wɔ atsiaƒu kple anyigba.”
He replied, “I am a Hebrew, and a worshipper of the Lord, the God of heaven, who made the sea and the dry land.”
10 Nya sia sese na wovɔ̃, eye wobiae be, “Nu ka nèwɔ?” Elabena ameawo nya be ɖe wònɔ sisim le Yehowa nu, elabena egblɔe na wo do ŋgɔ.
Then the men were greatly frightened and said to him, “What have you done?” For they knew that he was fleeing from the presence of the Lord, because he had told them.
11 Ƒutsotsoeawo gale agbo dzem ɖe edzi, eya ta wobiae be, “Nu ka míawɔ wò be ƒu la nadze akɔ anyi?”
Then they said to him, “What should we do to you, to make the sea calm for us?” For the sea grew more and more stormy.
12 Yona gblɔ na wo be, “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me ekema ahom la nu atso. Elabena menya be tanye ahom la le tutum ɖo.”
He said to them, “Take me up and throw me into the sea, and the sea will be calm for you, for I know that it is because of me this fierce storm has overtaken you.”
13 Ʋukulawo dze agbagba be woaku ʋu la ava gota, gake gbeɖe; womete ŋui o, elabena ƒutsotsoeawo gadze agbo ɖe edzi wu tsã.
But instead the men rowed hard to get back to the land; they could not, however, for the sea grew more and more stormy ahead.
14 Ale wodo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, mègabia hlɔ̃ mi ɖe ame sia ƒe agbe ta o. Mègabu fɔ mí be míekɔ ʋu maɖifɔ ɖi o, elabena, O Yehowa, wòe wɔ nu si dze ŋuwò.”
So they cried to the Lord and said, “We beg you, Lord, we beg you, don’t let us die for this man’s life, and don’t let us be guilty of shedding innocent blood, for you are the Lord; you have done as it pleases you.”
15 Ale wolé Yona, kɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me, eye ƒu dzeagbo la dze akɔ anyi enumake.
And they took up Jonah, and threw him into the sea; and the sea became calm.
16 Nu si dzɔ la na be ʋua me nɔlawo katã vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, eye wosa vɔ na Yehowa heɖe adzɔgbe nɛ.
Then the men greatly feared the Lord, and they offered a sacrifice and made vows to him.
17 Yehowa dɔ ƒumelã gã aɖe wòmi Yona. Ale Yona nɔ ƒumelã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.
But the Lord arranged for a great fish to swallow Jonah, and Jonah was inside the fish three days and three nights.