< Yona 2 >
1 Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la le tɔmelã gã la ƒe dɔ me be,
ヨナ魚の腹の中よりその神ヱホバに祈祷て
2 “Le nye xaxa gã me, medo ɣli na Yehowa, eye wòɖo tom. Meyɔe le aʋlime ke, eye Yehowa se nye kokoƒoƒo! (Sheol )
曰けるは われ患難の中よりヱホバを呼びしに彼われこたへたまへり われ陰府の腹の中より呼はりしに汝わが聲を聽たまへり (Sheol )
3 Ekɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke; meyi to, ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye, eye ƒutsotsoe sesẽwo si to dzinye.
汝我を淵のうち海の中心に投いれたまひて海の水我を環り汝の波濤と巨浪すべて我上にながる
4 Ale megblɔ be, ‘O Yehowa, ènyam ɖa le wò ŋkume. Ke hã la, magatrɔ mo ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ.’
われ曰けるは我なんぢの目の前より逐れたれども復汝の聖殿を望まん
5 Tsi la tsyɔ dzinye, tɔ goglo la ƒo xlãm, eye ƒumegbewo bliba ta nam.
水われを環りて 魂にも及ばんとし淵我をとりかこみ海草わが頭に纒へり
6 Meyi to ɖe to kɔkɔ siwo le ƒua me la ƒe agu nu ke. Wotu agbe ƒe mɔ ɖe nunye eye wode gam ɖe ku ƒe anyigba dzi. Gake wò Yehowa, nye Mawu, èɖem tso ku ƒe asi me!
われ山の根基にまで下れり 地の關木いつも我うしろにありき しかるに我神ヱホバよ汝はわが命を深き穴より救ひあげたまへり
7 “Esi nye agbe nu le tsotsom la, meda nye susuwo ɖe dziwò, Yehowa, eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.
わが靈魂衷に弱りしとき我ヱホバをおもへり しかしてわが祈なんぢに至りなんぢの聖殿におよべり
8 “Ame siwo subɔa alakpamawuwo la bua Yehowa ƒe amenuveve si anye wo tɔ!
いつはりなる虚き者につかふるものは自己の恩たる者を棄つ
9 Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò, eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò, elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.”
されど我は感謝の聲をもて汝に獻祭をなし 又わが誓願をなんぢに償さん 救はヱホバより出るなりと
10 Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi.
ヱホバ其魚に命じたまひければヨナを陸に吐出せり