< Yohanes 9 >

1 Esi Yesu yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe.
Now as Jesus was passing by, He saw a man blind from birth,
2 Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, “Nufiala, ame kae wɔ nu vɔ̃, ŋutsu sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃wo tae wodzii ŋkuagbãtɔea? Eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃e wɔe be wòle alea loo alo edzilawo ƒe nu vɔ̃woe?”
and His disciples asked Him, “Rabbi, who sinned, this man or his parents, that he was born blind?”
3 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye ame sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃ ta ame sia ƒe ŋku gbã ɖo o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia.
Jesus answered, “Neither this man nor his parents sinned, but this happened so that the works of God would be displayed in him.
4 Esi ŋu ke la, ele be míawɔ ame si dɔm la ƒe dɔ. Ne zã do la, ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.
While it is daytime, we must do the works of Him who sent Me. Night is coming, when no one can work.
5 Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli la.”
While I am in the world, I am the light of the world.”
6 Esi wògblɔ nya sia la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wòtsɔ ta la blu ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi.
When Jesus had said this, He spit on the ground, made some mud, and applied it to the man’s eyes.
7 Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nàle tsi le Siloam Ta la me” (Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa”). Ŋkuagbãtɔ la yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu, wòkpɔ nu.
Then He told him, “Go, wash in the Pool of Siloam” (which means “Sent”). So the man went and washed, and came back seeing.
8 Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubiala wònye la bia wo nɔewo be, “Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?”
At this, his neighbors and those who had formerly seen him begging began to ask, “Isn’t this the man who used to sit and beg?”
9 Ame aɖewo be eyae, eye ɖewo hã be menye eyae o, ɖeko wòɖii. Ke ŋutsu la ŋutɔ gblɔ be, “Nyee.”
Some claimed that he was, but others said, “No, he just looks like him.” But the man kept saying, “I am the one.”
10 Ameawo biae be, “Ke aleke wɔ hafi wò ŋkuwo ʋu?”
“How then were your eyes opened?” they asked.
11 Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu lae nya anyi vi aɖe tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi hegblɔ nam be maɖale tsi le Siloam Ta la me. Mewɔ esia ale nye ŋkuwo ʋu, eye mede asi nukpɔkpɔ me.”
He answered, “The man they call Jesus made some mud and anointed my eyes, and He told me to go to Siloam and wash. So I went and washed and received my sight.”
12 Ameawo gabiae be, “Afi ka ame sia le?” Eɖo eŋu na wo be, “Nyemenya o.”
“Where is He?” they asked. “I do not know,” he answered.
13 Ale ameawo kplɔ ŋutsu la yi ɖe Farisitɔwo gbɔe.
They brought to the Pharisees the man who had been blind.
14 Ke gbe si gbe Yesu nya anyi tsɔ ʋu ŋku nɛ la nye Dzudzɔgbe ŋkeke.
Now the day on which Jesus had made the mud and opened his eyes was a Sabbath.
15 Farisitɔ la hã biae be aleke wòwɔ hafi nèle nu kpɔm? Egblɔ na wo be, “Etsɔ ba sisi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye meɖale tsi, eye nye ŋkuwo ʋu, eye mele nu kpɔm.”
So the Pharisees also asked him how he had received his sight. The man answered, “He put mud on my eyes, and I washed, and now I can see.”
16 Farisitɔwo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o, elabena mede bubu Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu o.” Ke bubuawo bia be, “Aleke nu vɔ̃ wɔla nate ŋu awɔ nukunu siawoe?” Ale mama ɖo wo dome.
Because of this, some of the Pharisees said, “This man is not from God, for He does not keep the Sabbath.” But others said, “How can a sinful man perform such signs?” And there was division among them.
17 Mlɔeba la, wogatrɔ ɖe ŋkuagbãtɔ la ŋu hebiae be, “Ame ka ƒomevi nèbu be enye? Wòe wòʋu ŋku na.” Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Nyagblɔɖila wònye.”
So once again they asked the man who had been blind, “What do you say about Him, since it was your eyes He opened?” “He is a prophet,” the man replied.
18 Yudatɔwo mexɔe se be ŋutsu la nye ŋkuagbãtɔ, eye Yesu ʋu eƒe ŋkuwo o va se ɖe esime woyɔ edzilawo vɛ.
The Jews still did not believe that the man had been blind and had received his sight until they summoned his parents
19 Wobia wo be, “Mia vie nye ame sia? Ŋkuagbãtɔe wònye hafi miedzia? Nenye be ele eme nenema ɖe, aleke wɔ wòle nu kpɔm fifia?”
and asked, “Is this your son, the one you say was born blind? So how is it that he can now see?”
20 Edzilawo ɖo eŋu be, “Vavã mía vie, eye ŋkuagbãtɔe míedzii.
His parents answered, “We know he is our son, and we know he was born blind.
21 Gake míenya ale si wòwɔ hafi le nu kpɔm o, eye míenya ame si ʋu eƒe ŋkuwo nɛ o. Mibia eya ŋutɔ; etsi, ate ŋu aƒo nu, aɖe eɖokui nu.”
But how he can now see or who opened his eyes, we do not know. Ask him. He is old enough to speak for himself.”
22 Edzilawo gblɔ nya sia, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ɖoe be ame si agblɔ be Yesue nye Kristo la la, woanyae le gbedoxɔ la me.
His parents said this because they were afraid of the Jews. For the Jews had already determined that anyone who confessed Jesus as the Christ would be put out of the synagogue.
23 Esia ta edzilawo gblɔ be, “Etsi, mibia eya ŋutɔ ɖo.”
That was why his parents said, “He is old enough. Ask him.”
24 Farisitɔawo gayɔ ŋutsu si ƒe ŋkuwo gbã kpɔ la zi evelia, eye wogblɔ nɛ be, “Kafu Mawu boŋ. Míenya be nu vɔ̃ wɔla wònye.”
So a second time they called for the man who had been blind and said, “Give glory to God! We know that this man is a sinner.”
25 Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Eɖanye nu vɔ̃ wɔla o, eɖanye ame nyui o, nyemenya o. Nu ɖeka si ko menya lae nye be, tsã la, menye ŋkuagbãtɔ, ke azɔ la, mele nu kpɔm!”
He answered, “Whether He is a sinner I do not know. There is one thing I do know: I was blind, but now I see!”
26 Ameawo gabiae be, “Nu ka wòwɔ na wò? Aleke wòwɔ hafi ʋu wò ŋkuwo na wò?”
“What did He do to you?” they asked. “How did He open your eyes?”
27 Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ nya sia na mi xoxo, gake miesee o. Nu ka ta miedi be magagblɔe na mi ɖo? Alo ɖe miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?”
He replied, “I already told you, and you did not listen. Why do you want to hear it again? Do you also want to become His disciples?”
28 Farisitɔawo de asi ŋutsu la dzudzu me hegblɔ be, “Wò la, ŋutsu sia ƒe nusrɔ̃lae nènye, ke míawo la, Mose ƒe nusrɔ̃lawoe míenye.
Then they heaped insults on him and said, “You are His disciple; we are disciples of Moses.
29 Míenya be Mawu ƒo nu na Mose, ke ame sia la, míenya afi si wòtso hã o.”
We know that God spoke to Moses, but we do not know where this man is from.”
30 Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ewɔ nuku ŋutɔ be mienya afi si wòtso o, gake eyae ʋu nye ŋkuwo nam.
“That is remarkable indeed!” the man said. “You do not know where He is from, and yet He opened my eyes.
31 Mienya be Mawu meɖoa to nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ eɖoa to mawuvɔ̃la kple ame si wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.
We know that God does not listen to sinners, but He does listen to the one who worships Him and does His will.
32 Ame aɖeke mese kpɔ be ame aɖe ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe kpɔ o. (aiōn g165)
Never before has anyone heard of opening the eyes of a man born blind. (aiōn g165)
33 Ɖe ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o la, mate ŋu awɔ naneke o.”
If this man were not from God, He could do no such thing.”
34 Wogblɔ na ŋutsu la be, “Wò la, nu vɔ̃ me wodzi wò ɖo. Nu ka ta nèdi be yeafia nu mí ɖo?” Ale wonyae do goe.
They replied, “You were born in utter sin, and you are instructing us?” And they threw him out.
35 Yesu se be wonya ŋutsu sia le gbedoxɔ me, eya ta esi wòdo goe la, ebiae be, “Èxɔ Amegbetɔ Vi la dzi sea?”
When Jesus heard that they had thrown him out, He found the man and said, “Do you believe in the Son of Man?”
36 Ŋutsu la biae be, “Aƒetɔ, ame kae? Gblɔe nam, ne maxɔ edzi ase.”
“Who is He, Sir?” he replied. “Tell me so that I may believe in Him.”
37 Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si nèle kpɔkpɔm lae. Le nyateƒe me la, eyae le nu ƒom na wò fifia.”
“You have already seen Him,” Jesus answered. “He is the One speaking with you.”
38 Ŋutsu la gblɔ be, “Aƒetɔ, mexɔe se,” eye wòsubɔe.
“Lord, I believe,” he said. And he worshiped Jesus.
39 Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexea me ɖo, be ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.”
Then Jesus declared, “For judgment I have come into this world, so that the blind may see and those who see may become blind.”
40 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae be, “Ɖe nèle gbɔgblɔm be míawo hã míenye ŋkuagbãtɔwoa?”
Some of the Pharisees who were with Him heard this, and they asked Him, “Are we blind too?”
41 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne mienye ŋkuagbãtɔwo la, womabu fɔ mi be miewɔ nu vɔ̃ o, gake esi miebe yewole nu kpɔm la, miaƒe nu vɔ̃wo anɔ mia dzi.”
“If you were blind,” Jesus replied, “you would not be guilty of sin. But since you claim you can see, your guilt remains.”

< Yohanes 9 >