< Yohanes 7 >

1 Emegbe la, Yesu yi Galilea henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi be yeayi Yudea o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui.
第一款 幕屋祭に往き給ふ ユデア人が殺さんと謀れるに因り、イエズス其後はユデアを巡ることを好み給はず、ガリレアを巡り給ひしが、
2 Gake esi Yudatɔwo ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la tu aƒe la,
ユデア人の幕屋の祝日近づきければ、
3 Yesu nɔviŋutsuwo gblɔ nɛ be, “Ele be nàdzo le afi sia ayi Yudea, be wò nusrɔ̃lawo nakpɔ nukunu siwo nèwɔna la.
兄弟等イエズスに向ひ、汝の行へる業を弟子等に見せん為、此處を去りてユデアに往け、
4 Ame si dina be yeazu ame ŋkuta la mewɔa nu le bebeme o, eya ta esi nèle nu siawo wɔm la, ele be nàɖe ɖokuiwò afia xexea me.”
蓋公に知れん事を求めながら、而も窃に事を為す人はあらず、斯る事を為す上は己を世を顕せかし、と云へり。
5 Nɔviawo gblɔ esia, elabena womexɔ edzi se o.
是其兄弟等も之を信ぜざりし故なり。
6 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɣeyiɣi sia menye ɣeyiɣi nyuitɔ nam be mayi o, ke miawo la, ɣeyiɣi ɖe sia ɖe nyo na mi.
然ればイエズス彼等に曰ひけるは、汝等の時は恒に備はれども、我時は未だ至らず、
7 Miawo la, xexea me tɔwo mate ŋu alé fu mi o, ke nye la, wolé fum, elabena megblɔna na wo be woƒe nuwɔnawo nye nu vɔ̃ɖi.
世は汝等を憎む能はざるに我をば憎めり、其は我之に就きて、其所業の惡きことを證すればなり、
8 Mido ŋgɔ mianɔ yiyim faa. Ne ɣeyiɣi nyuitɔ ɖo nam ko la, nye hã madze mia yome.”
汝等は此祭日に上れ、我時未だ満たざれば、我は此祭日に上らず、と。
9 Ale Yesu tsi Galilea le ŋkeke mawo me.
斯く曰ひてガリレアに留り給ひしが、
10 Esi Yesu nɔviŋutsuwo dzo vɔ megbe la, eya hã yi Ŋkekenyui la ɖuƒe. Ke eyi le bebeme.
兄弟等の上りたる後、自らも顕ならず忍びたる様にて祭日に上り給へり。
11 Yudatɔwo ƒe amegãwo dii vevie le azã la ɖuƒe, eye wonɔ eta biam be, “Afi ka ŋutsu ma le?”
然れば祭日に當りて、ユデア人、彼は何處に居るぞとて之を探し、
12 Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le amehawo dome. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame nyui.” Ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔ wònye le amewo flum.”
又群衆の中に之に就きて囁く者多かりき。即ち或人は彼は善人なりと謂ひ、或人は否人民を惑はすのみと謂ひ居たり、
13 Ke dzideƒo menɔ ame siwo nɔ ekafum la si be woaƒo nu tso eŋu le dutoƒo o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo.
然れど孰もユデア人の懼ろしさに、彼に就きて顕に語る人なかりき。
14 Esi ŋkekenyui la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi nufiafia amewo me.
斯て祭日の半に、イエズス[神]殿に上りて教へ給ひければ、
15 Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔm wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia be, “Aleke ame sia wɔ nya nu siawo, togbɔ be mede suku aɖeke o?”
ユデア人驚嘆して、彼曾て學ばざるに如何にして文字を知れるぞ、と云ひ居たるを、
16 Yesu ɖo eŋu be, “Nye la, nyemele nu siwo menya la fiam o, ke boŋ etso Mawu si dɔm ɖa la gbɔ.
イエズス彼等に答へて曰ひけるは、我教は我のに非ず、我を遣はし給ひし者の[教]なり。
17 Ne ame aɖe di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo.
其思召を肯て為さん人は、此教が神よりせるか又は我が私を以て言へるかを暁らん。
18 Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o.
己が私を以て語る人は己の光榮を求むれども、己を遣わしし者の光榮を求むる人は、眞實にして衷に不義ある事なし。
19 Ɖe Mose metsɔ seawo na mi oa? Gake mia dometɔ aɖeke mewɔa Mose ƒe sewo dzi o. Ke nu ka ta miedi be yewoawum ɖo?”
モイゼは律法を汝等に授けしに、汝等の中に之を行ふ者なきは何ぞや、
20 Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae le didim be yeawu wò?”
汝等如何ぞ我を殺さんとは謀る、と。群衆答へて、汝は惡魔に憑かれたり、誰か汝を殺さんとはする、と云ひしかば、
21 Yesu gblɔ na wo be, “Nukunu ɖeka pɛ ko mewɔ, eye mi katã miaƒe mo wɔ yaa.
イエズス答へて曰ひけるは、我一の業を為ししに汝等皆之を訝れり、
22 Ke Mose fia aʋatsotso mi, eye mietsoa aʋa na mia viwo le Dzudzɔgbe ŋkekea gɔ̃ hã dzi. (Ke menye Mosee to aʋatsotso vɛ o, ke boŋ edzɔ tso fofoawo dzi le blema.)
夫モイゼ割禮を汝等に授けたれば、――モイゼより出しに非ずして先祖より出でたるものなるに、――汝等安息日にも人に割禮を行ひ、
23 Azɔ la, nenye be woate ŋu atso aʋa na ɖevi le Dzudzɔgbe dzi ale be womada le Mose ƒe se dzi o la, nu ka ta miele dɔmedzoe dom ɖe ŋunye be meda gbe le ameti blibo la ŋu le Dzudzɔgbe dzi?
モイゼの律法を破らじとて、人は安息日にも割禮を受くるに、我が安息日に人の全身を醫したればとて、汝等の我を憤るは何ぞや。
24 Migadrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzedzeme nu o, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye miadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”
外見によりて是非すること無く、正しき判断によりて是非を定めよ、と。
25 Yerusalemtɔ aɖewo bia be, “Menye ame si dim wole be yewoawu lae nye esia oa?
是に於てエルザレムの或人々言ひけるは、是人々が殺さんと謀れる者に非ずや、
26 Ame lae nye esi le afii le mawunya gblɔm le dutoƒo, gake ame aɖeke mebia nya aɖekee o. Ɖe dumegãwo xɔe se mlɔeba be eyae nye Kristo la?
看よ公然と談話すれども人は之に何をも言はず。司等は彼がキリストたる事を眞に認めたるか、
27 Míenya afi si ame sia tso. Ne Kristo la va la, ame aɖeke manya afi si wòtso o.”
然りながら我等は此人の何處の者なるかを知れり、キリストの來る時には其何處よりせるかを知る人あらじ、と。
28 Esi Yesu ganɔ nu fiam le gbedoxɔa me la, edo ɣli be, “Ɛ̃, mienyam, eye mienya afi si metso. Nyemeva afi sia le ɖokuinye si o; ame si dɔm la nye nyateƒetɔ. Miawo la, mienyae o,
然るにイエズス神殿にて呼はりつつ教へて曰ひけるは、汝等は我を知り、亦我が何處より來れるかを知れり、然れども我は己によりて來りたるには非ず、我を遣はし給ひし者は眞實にて在す、汝等は之を知らず、
29 gake nye la menyae, elabena nye kplie li hafi wòdɔm.”
我は之を知れり、其は我彼より出でて、彼我を遣はし給ひたればなり、と。
30 Le Yesu ƒe nya siawo ta la, Yudatɔwo ƒe amegãwo di be yewoalée, gake ame aɖeke mete ŋu ka asi eŋu o, elabena Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo la mede haɖe o.
是に於て彼等イエズスを捕へんと謀れども、誰も手を掛くる者なかりき、其は彼が時未だ至らざればなり。
31 Ame geɖe siwo nɔ ameha la dome la xɔ edzi se. Wogblɔ be, “Ne Kristo la va la, ɖe wòawɔ nukunuwo wu esiwo ame sia wɔa?”
然れど人民の中には之を信じたる者多く、キリスト來ればとて豈此人の為すより多くの奇蹟を為さんや、と云ひ居たり。
32 Farisitɔwo se nya siwo gblɔm ameha la le tso eŋu. Ale nunɔlagãwo kple Farisitɔwo dɔ gbedoxɔmesrafowo ɖa be woayi aɖalée.
人民がイエズスに就きて斯く囁ける由ファリザイ人の耳に入りしかば、司祭長とファリザイ人とは、下役等を遣はしてイエズスを捕へしめんとせしを、
33 Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ hafi matrɔ ayi ame si dɔm la gbɔ.
イエズス彼等に曰ひけるは、我尚暫く汝等と共に居て、然て我を遣し給し者の御許に之かんとす、
34 Miadim, gake miakpɔm o, eye miate ŋu ava afi si meyina la o.”
汝等我を尋ぬべけれど而も我に遇はじ、我が居る處には汝等來る事能はず、と。
35 Yudatɔwo bia wo nɔewo be, “Afi ka wòle ɖoɖo wɔm be yeadzo ayi, eye míate ŋu akpɔe o? Ɖe wòyina mía nɔvi siwo kaka ɖe Grikitɔwo dome la gbɔ be yeafia nu Grikitɔwoa?
是に於てユデア人等語合ひけるは、我等彼に遇はじとて、彼は何處に往かんとするぞ、異邦人の中に散在せる同邦人の許に往きて、異邦人を教へんとするか、
36 Nu ka tututu wòwɔnɛ, esi wògblɔ be, ‘Miadim, gake miakpɔm o,’ eye ‘Miate ŋu ava afi si meyi la o.’”
其言に、汝等我を尋ぬべけれど而も我に遇はじ、我が居る處には汝等來る事能はず、と云ひしは何事ぞや、と。
37 Le Agbadɔmeŋkekenyui la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ kple gãtɔ dzi la, Yesu nɔ tsitre, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na ameha la be, “Ne tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòano tsi.
祭の終の日、即ち其大祭日に、イエズス立ちて呼はりつつ曰ひけるは、渇ける人あらば我許に來りて飲め、
38 Elabena mawunya gblɔ be, ‘Ame si xɔ dzinye se la, tɔsisi si nye agbetsi la anɔ dzidzim tso eya amea me.’”
我を信ずる人は、聖書に云へる如く、活ける水の川其腹より流出づべし、と。
39 Yesu nɔ nu ƒom tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti, elabena woana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si xɔ edzi se. Ke womena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o, elabena womekɔ Yesu ŋuti haɖe o.
斯く曰ひしは、己を信ずる人々に賜はるべき[聖]霊の事なりき、其はイエズス未だ光榮を受け給はざるにより、[聖]霊は未だ賜はざりしが故なり。
40 Esi ameha la se nya si wògblɔ la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila la.”
斯て彼群衆の中に、是等の言を聞きて、是眞に彼預言者なり、と謂ふ人あり、
41 Ame bubu aɖewo be, “Eyae nye Kristo la.” Ke ame bubu aɖewo bia be, “Ɖe Kristo la ate ŋu atso Galilea mahã?
是キリストなり、と謂ふ人もありき。然れど或人は、キリストはガリレアより出づべき者なるか、
42 Ɖe mawunya megblɔ be Kristo la atso David ƒe ƒome me kple Betlehem, du si me David nɔ la me oa?”
聖書にキリストはダヴィドの裔より、又ダヴィドの居たりしベトレヘムの町より出づ、と云へるに非ずや、と云ひつつ、
43 Ale mama ɖo ameawo dome ɖe Yesu ta.
イエズスに就きて群衆の中に諍論を生じたり。
44 Ame aɖewo di vevie be yewoalée, gake wo dometɔ aɖeke meka asi eŋu o.
中にはイエズスを捕へんと欲する者ありたれど、誰も手を掛くる者なかりき。
45 Mlɔeba la, gbedoxɔŋudzɔlawo trɔ yi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo gbɔ, eye wobia wo be, “Nu ka ta mielée vɛ o ɖo?”
然れど下役等は、司祭長とファリザイ人との許に還りしに、何ぞ彼を引來らざる、と云はれて、
46 Gbedoxɔŋudzɔlaawo ɖo eŋu na wo be, “Ame aɖeke meƒo nu abe ŋutsu sia ene kpɔ o.”
下役等、此人の如く語りし人は未だ曾てあらず、と答へしかば、
47 Farisitɔawo gblɔ na wo be, “Ɖe ŋutsu sia ble miawo hã?
ファリザイ人答へけるは、汝等も亦惑はされしか、
48 Ɖe dumegã aɖe alo Farisitɔ aɖe xɔ ame sia dzi sea?
長及びファリザイ人の中に、一人だも彼を信じたる者ありや、
49 Gbeɖe! Ne ameha gã sia, ame siwo menya naneke tso se la ŋu o lae xɔ edzi se la, fiƒode le ame siawo dzi!”
然れど律法を知らざる彼群衆は詛はれたる者なり、と。
50 Nikodemo, ame si nye Farisitɔwo dometɔ ɖeka, ame si yi Yesu gbɔ le zã me la bia etɔwo be,
曾て夜イエズスに至りし彼ニコデモは、其中の一人なりしが、彼等に向ひて、
51 “Ɖe míaƒe se la bua fɔ ame aɖe nenye be womedrɔ̃ ʋɔnui, hese eƒe nyawo me gbã oa?”
我律法は、先其人にも聴糺さず、其為す所をも知らずして、之を罪に定むるものなるか、と云ひしかば、
52 Woɖo eŋu nɛ be, “Wò hã Galileatɔe nènyea? Wò ŋutɔ dzro mawunya la me, eye nàkpɔ be Nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o!” [
彼等答へて云ひけるは、汝も亦ガリレア人なるか、聖書を探り見よ、然て預言者はガリレアより起るものに非ずと暁れ、と。
53 Ale takpekpea kaka, eye ame sia ame dzo yi eƒe aƒe me.
斯て各自宅に歸れり。

< Yohanes 7 >