< Yohanes 6 >
1 Le esiawo megbe la, Yesu tso Galilea ƒu (si woyɔna hã be Tiberias Ƒu la) yi egodo.
這事以後,耶穌渡過加利利海,就是提比哩亞海。
2 Ameha gã aɖe nɔ eyome, elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu.
有許多人因為看見他在病人身上所行的神蹟,就跟隨他。
3 Yesu lia togbɛ aɖe, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ anyi ɖe afi ma.
耶穌上了山,和門徒一同坐在那裏。
4 Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la hã tu aƒe.
那時猶太人的逾越節近了。
5 Esi Yesu fɔ ta dzi hekpɔ ameha gã aɖe wogbɔna va egbɔ la, ebia Filipo be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le ana ameha gã sia woaɖu?”
耶穌舉目看見許多人來,就對腓力說:「我們從哪裏買餅叫這些人吃呢?」(
6 Yesu bia nya sia be yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.
他說這話是要試驗腓力;他自己原知道要怎樣行。)
7 Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Ɣleti ade ƒe fetu gɔ̃ hã mate ŋu aƒle nuɖuɖu wòade na ameha sia o!”
腓力回答說:「就是二十兩銀子的餅,叫他們各人吃一點也是不夠的。」
8 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simɔn Petro nɔvi, gblɔ nɛ be,
有一個門徒,就是西門‧彼得的兄弟安得烈,對耶穌說:
9 “Ŋutsuvi aɖe le afi sia si si lubolo sue atɔ̃ kple tɔmelã meme eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?”
「在這裏有一個孩童,帶着五個大麥餅、兩條魚,只是分給這許多人還算甚麼呢?」
10 Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ame sia ame nanɔ anyi.” Gbe sɔ gbɔ ɖe teƒe sia. Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ la nɔ anyi ɖe gbeawo dzi.
耶穌說:「你們叫眾人坐下。」原來那地方的草多,眾人就坐下,數目約有五千。
11 Yesu tsɔ aboloawo, eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la, etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã meme eveawo hã ta, eye wòtsɔe na ameawo.
耶穌拿起餅來,祝謝了,就分給那坐着的人;分魚也是這樣,都隨着他們所要的。
12 Esi ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie vɔ la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Miƒo abolo wuwlui siwo katã susɔ la nu ƒu be womagaɖi vlo o.”
他們吃飽了,耶穌對門徒說:「把剩下的零碎收拾起來,免得有糟蹋的。」
13 Ale woƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu, eye wòyɔ kusi wuieve sɔŋ.
他們便將那五個大麥餅的零碎,就是眾人吃了剩下的,收拾起來,裝滿了十二個籃子。
14 Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na le xexe sia me.”
眾人看見耶穌所行的神蹟,就說:「這真是那要到世間來的先知!」
15 Yesu kpɔe dze sii be ameawo nɔ didim be yewoalé ye aɖo fiae sesẽtɔe, eya ta ewɔ dzaa galia togbɛ la, eye wòdzo le wo gbɔ.
耶穌既知道眾人要來強逼他作王,就獨自又退到山上去了。
16 Le fiẽ me la, nusrɔ̃lawo yi ƒuta ɖanɔ elalam le afi ma.
到了晚上,他的門徒下海邊去,
17 Zã do vɔ keŋ, gake Yesu medo ta ɖa o, eya ta nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wokui ɖo ta Kapernaum.
上了船,要過海往迦百農去。天已經黑了,耶穌還沒有來到他們那裏。
18 Ya sesẽ aɖe de asi ƒoƒo me, eye ƒu la dze agbo.
忽然狂風大作,海就翻騰起來。
19 Esi woku ʋu la abe agbadroƒe etɔ̃ alo ene ko ene la, wokpɔ Yesu wònɔ tetem ɖe ʋu la ŋuti, enɔ ƒu la dzi zɔm, eye vɔvɔ̃ ɖo wo,
門徒搖櫓,約行了十里多路,看見耶穌在海面上走,漸漸近了船,他們就害怕。
20 ke egblɔ na wo be, “Nyee, migavɔ̃ o.”
耶穌對他們說:「是我,不要怕!」
21 Wodi be yewoakɔe ade ʋu la me, gake enumake la, ʋu la de tɔkɔ, afi si yim wonɔ la.
門徒就喜歡接他上船,船立時到了他們所要去的地方。
22 Esi ŋu ke la, ameha si nɔ tsitre ɖe ƒu la ƒe go kemɛ dzi la de dzesii be ʋu ɖeka koe nɔ afi ma. Wokpɔ hã be, Yesu meɖo ʋu la kple eƒe nusrɔ̃lawo o, ke boŋ woawo ɖeɖe koe yi.
第二日,站在海那邊的眾人知道那裏沒有別的船,只有一隻小船,又知道耶穌沒有同他的門徒上船,乃是門徒自己去的。
23 Tete ʋu bubu aɖewo tso Tiberia va ɖo afi si ameawo ɖu abolo si Aƒetɔ la yra kple akpedada le.
然而,有幾隻小船從提比哩亞來,靠近主祝謝後分餅給人吃的地方。
24 Esi ameawo kpɔ be Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo menɔ afi ma o la, woɖo ʋuawo heyi Kapernaum be yewoaɖadi Yesu.
眾人見耶穌和門徒都不在那裏,就上了船,往迦百農去找耶穌。
25 Esi woɖo Kapernaum la, wokpɔ Yesu, eye wobiae be, “Nufiala, ɣe ka ɣi nèva ɖo afi sia?”
既在海那邊找着了,就對他說:「拉比,是幾時到這裏來的?」
26 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, miele diyem, menye ɖe esi miekpɔ nukunuwo ta o, ke boŋ le nuɖuɖu si mena mi etsɔ la ta.
耶穌回答說:「我實實在在地告訴你們,你們找我,並不是因見了神蹟,乃是因吃餅得飽。
27 Migawɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si kplɔa ame yina ɖe agbe mavɔ me si Nye, Amegbetɔ Vi la mana mi la ta. Eya dzie Mawu Fofo la da asi ɖo.” (aiōnios )
不要為那必壞的食物勞力,要為那存到永生的食物勞力,就是人子要賜給你們的,因為人子是父上帝所印證的。」 (aiōnios )
28 Ameawo biae be, “Nu ka míawɔ be míawɔ dɔ siwo Mawu di?”
眾人問他說:「我們當行甚麼才算做上帝的工呢?」
29 Yesu ɖo eŋu be, “Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖa la dzi ase.”
耶穌回答說:「信上帝所差來的,這就是做上帝的工。」
30 Tete ameawo biae be, “Nukunu ka nàwɔ míakpɔ be míaxɔ dziwò ase? Nu ka nàwɔ?
他們又說:「你行甚麼神蹟,叫我們看見就信你;你到底做甚麼事呢?
31 Mía fofowo ɖu mana le gbea dzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ena abolo wo tso dziƒo be woaɖu.’”
我們的祖宗在曠野吃過嗎哪,如經上寫着說:『他從天上賜下糧來給他們吃。』」
32 Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, menye Mosee na abolo tso dziƒo mi o, ke boŋ Fofonyee.
耶穌說:「我實實在在地告訴你們,那從天上來的糧不是摩西賜給你們的,乃是我父將天上來的真糧賜給你們。
33 Abolo si Mawu na lae nye ame si tso dziƒo va, eye wòna agbe xexea me.”
因為上帝的糧就是那從天上降下來、賜生命給世界的。」
34 Ameawo gblɔ be, “Aƒetɔ, tso fifia heyi la, na abolo sia mí.”
他們說:「主啊,常將這糧賜給我們!」
35 Yesu gblɔ be, “Nyee nye agbebolo la. Ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o.
耶穌說:「我就是生命的糧。到我這裏來的,必定不餓;信我的,永遠不渴。
36 Gake abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, miekpɔm, gake miexɔ dzinye se o.
只是我對你們說過,你們已經看見我,還是不信。
37 Ame siwo katã Fofo la tsɔ nam la, woava gbɔnye, eye nyemagbe wo xɔxɔ gbeɖe o.
凡父所賜給我的人必到我這裏來;到我這裏來的,我總不丟棄他。
38 Elabena nyemetso dziƒo va be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.
因為我從天上降下來,不是要按自己的意思行,乃是要按那差我來者的意思行。
39 Eye esiae nye ame si dɔm la ƒe lɔlɔ̃nu be magabu ame siwo wòtsɔ nam la dometɔ aɖeke o, ke boŋ be mana woatsi tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.
差我來者的意思就是:他所賜給我的,叫我一個也不失落,在末日卻叫他復活。
40 Elabena Fofonye ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame sia ame si kpɔa Via dzi, eye wòxɔ edzi se la, akpɔ agbe mavɔ, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.” (aiōnios )
因為我父的意思是叫一切見子而信的人得永生,並且在末日我要叫他復活。」 (aiōnios )
41 Azɔ Yudatɔwo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le eŋu, le esi wògblɔ be yee nye abolo si tso dziƒo va la ta.
猶太人因為耶穌說「我是從天上降下來的糧」,就私下議論他,
42 Wogblɔ be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef ƒe vi la oa? Míenya fofoa kple dadaa ɖe! Nu ka ta wòle gbɔgblɔm na mí fifia be, ‘Metso dziƒo va ɖo?’”
說:「這不是約瑟的兒子耶穌嗎?他的父母我們豈不認得嗎?他如今怎麼說『我是從天上降下來的』呢?」
43 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migalĩ liʋĩliʋĩ be megblɔ nya sia o.
耶穌回答說:「你們不要大家議論。
44 Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa la hee ɖe ŋunye, eye le nuwuwuŋkeke la dzi la, mana ame siawo natsi tsitre.
若不是差我來的父吸引人,就沒有能到我這裏來的;到我這裏來的,在末日我要叫他復活。
45 Abe ale si woŋlɔe ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene la, ‘Mawu afia nu wo katã.’ Ame siwo katã ɖo to Fofo la, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la vaa gbɔnye.
在先知書上寫着說:『他們都要蒙上帝的教訓。』凡聽見父之教訓又學習的,就到我這裏來。
46 Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, negbe ame si tso Mawu gbɔ la koe kpɔ Fofo la.
這不是說有人看見過父,惟獨從上帝來的,他看見過父。
47 “Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, ame si xɔ dzinye se la, agbe mavɔ le esi! (aiōnios )
我實實在在地告訴你們,信的人有永生。 (aiōnios )
49 Togbɔ be mia fofowo ɖu mana si tso dziƒo hã la, woku.
你們的祖宗在曠野吃過嗎哪,還是死了。
50 Ke esiae nye abolo si tso dziƒo va, esi ame aɖu, eye maku o.
這是從天上降下來的糧,叫人吃了就不死。
51 Nyee nye agbebolo si tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexea me ƒe agbe ta.” (aiōn )
我是從天上降下來生命的糧;人若吃這糧,就必永遠活着。我所要賜的糧就是我的肉,為世人之生命所賜的。」 (aiōn )
52 Azɔ ʋiʋli gaɖo Yudatɔwo dome ɖe nya si Yesu gblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Aleke ŋutsu sia atsɔ eƒe ŋutilã na mí be míaɖu?”
因此,猶太人彼此爭論說:「這個人怎能把他的肉給我們吃呢?」
53 Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, ne ame aɖe meɖu Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã, eye wòno eƒe ʋu o la, agbe manɔ eme o.
耶穌說:「我實實在在地告訴你們,你們若不吃人子的肉,不喝人子的血,就沒有生命在你們裏面。
54 Ame si ɖu nye ŋutilã, eye wòno nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. (aiōnios )
吃我肉、喝我血的人就有永生,在末日我要叫他復活。 (aiōnios )
55 Elabena nye ŋutilã nye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu nye nunono vavã.
我的肉真是可吃的,我的血真是可喝的。
56 Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la nye ame si le menye, eye nye hã mele eme.
吃我肉、喝我血的人常在我裏面,我也常在他裏面。
57 Abe ale si Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye mele agbe le Fofo la ta ene la, nenema ke ame si ɖua nye ŋutilã la anɔ agbe, elabena mena agbe wo.
永活的父怎樣差我來,我又因父活着;照樣,吃我肉的人也要因我活着。
58 Nyee nye abolo tso dziƒo va. Mia fofowo ɖu mana, eye woku, ke ame si aɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tso mavɔ me yi mavɔ me.” (aiōn )
這就是從天上降下來的糧。吃這糧的人就永遠活着,不像你們的祖宗吃過嗎哪還是死了。」 (aiōn )
59 Yesu gblɔ nya siawo esime wònɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum.
這些話是耶穌在迦百農會堂裏教訓人說的。
60 Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se nya sia la, wo dometɔ geɖewo gblɔ be, “Nufiafia sia sesẽ. Ame kae ate ŋu awɔ nu siawo?”
他的門徒中有好些人聽見了,就說:「這話甚難,誰能聽呢?」
61 Yesu de dzesii be yeƒe nusrɔ̃lawo le liʋĩliʋĩ lĩm, eya ta egblɔ na wo be, “Ɖe nye nyawo ɖia mia nua?
耶穌心裏知道門徒為這話議論,就對他們說:「這話是叫你們厭棄嗎?
62 Ekema miekpɔ Amegbetɔ Vi la wòyina ɖe dziƒo, afi si wòtso va ɖe!
倘或你們看見人子升到他原來所在之處,怎麼樣呢?
63 Gbɔgbɔ la naa agbe; wɔna aɖeke mele ŋutilã ya ŋu o. Nya siwo megblɔ na mi la nye Gbɔgbɔ kple agbe.
叫人活着的乃是靈,肉體是無益的。我對你們所說的話就是靈,就是生命。
64 Gake mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o, kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke.
只是你們中間有不信的人。」耶穌從起頭就知道誰不信他,誰要賣他。
65 Yesu gagblɔ be, “Esia ta megblɔ na mi be ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo la ŋutɔe hee ɖe ŋunye.”
耶穌又說:「所以我對你們說過,若不是蒙我父的恩賜,沒有人能到我這裏來。」
66 Tso esia dzi la, eƒe nusrɔ̃la geɖewo trɔ dzo le egbɔ, eye womegadzea eyome o.
從此,他門徒中多有退去的,不再和他同行。
67 Yesu bia nusrɔ̃la wuieveawo be, “Miawo hã, miedi be yewoadzoa?”
耶穌就對那十二個門徒說:「你們也要去嗎?」
68 Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame ka gbɔ míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò. (aiōnios )
西門‧彼得回答說:「主啊,你有永生之道,我們還歸從誰呢? (aiōnios )
69 Míexɔe se, eye mienyae be wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔe la.”
我們已經信了,又知道你是上帝的聖者。」
70 Yesu gblɔ nɛ be, “Mi ame wuievee metia, gake mia dometɔ ɖeka nye Abosam!”
耶穌說:「我不是揀選了你們十二個門徒嗎?但你們中間有一個是魔鬼。」
71 (Yesu gblɔ nya sia tso Yuda, Simɔn Iskariɔt ƒe vi, ame si nye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, ame si afia eyomemɔ emegbe la ŋu.)
耶穌這話是指着加略人西門的兒子猶大說的;他本是十二個門徒裏的一個,後來要賣耶穌的。