< Yohanes 4 >
1 Farisitɔwo se be Yesu le nusrɔ̃lawo kpɔm fũu, eye wòle mawutsi dem ta na amewo tsɔ wu Yohanes,
And so, when Jesus realized that the Pharisees had heard that Jesus made more disciples and baptized more than John,
2 togbɔ be menye Yesu ŋutɔe le mawutsi dem ta na amewo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe.
(though Jesus himself was not baptizing, but only his disciples)
3 Esi Yesu se nya sia la, edzo le Yudea, hetrɔ yi Galilea.
he left behind Judea, and he traveled again to Galilee.
4 Enɔ na Yesu be wòato Samaria hafi ayi Galilea.
Now he needed to cross through Samaria.
5 Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, eva ɖo Samariatɔwo ƒe du aɖe si woyɔna be Sikar la me, si te ɖe anyigba si Yakob na via Yosef la ŋu.
Therefore, he went into a city of Samaria which is called Sychar, near the estate which Jacob gave to his son Joseph.
6 Yakob ƒe vudo la le afi sia. Vudo sia le anyigba si Yakob tsɔ na via Yosef la dzi. Le mɔ legbe si wòzɔ kple ɖeɖiteameŋu ta la, Yesu nɔ anyi ɖe vudoa gbɔ be yeadzudzɔ. Anɔ gaƒoƒo adelia me.
And Jacob’s well was there. And so Jesus, being tired from the journey, was sitting in a certain way on the well. It was about the sixth hour.
7 Eteƒe medidi o la, Samaria nyɔnu aɖe va be yeadu tsi. Yesu gblɔ nɛ be, “Àte ŋu ana tsi aɖem manoa?”
A woman of Samaria arrived to draw water. Jesus said to her, “Give me to drink.”
8 (Eƒe nusrɔ̃lawo yi kɔƒea me yi nuɖuɖu ƒle ge.)
For his disciples had gone into the city in order to buy food.
9 Samaria nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Yudatɔ nènye, eye menye Samariatɔ. Aleke wò Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?” (Elabena Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o.)
And so, that Samaritan woman said to him, “How is it that you, being a Jew, are requesting a drink from me, though I am a Samaritan woman?” For the Jews do not associate with the Samaritans.
10 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si ƒomevi le tsi biam wò la, anye ne èbiae, eye wòana agbetsi wò.”
Jesus responded and said to her: “If you knew the gift of God, and who it is who is saying to you, ‘Give me to drink,’ perhaps you would have made a request of him, and he would have given you living water.”
11 Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, vudo sia goglo, eye tsikunu mele asiwò be nàtsɔ aku tsii le eme o. Afi ka nèle agbetsi la kpɔ ge le?
The woman said to him: “Lord, you do not have anything with which to draw water, and the well is deep. From where, then, do you have living water?
12 Gawu la, ɖe nède ŋgɔ wu mía fofo Yakob, ame si ɖe vudo la na mí, eye eya ŋutɔ, viawo kple eƒe lãwo no tsi le emea?”
Surely, you are not greater than our father Jacob, who gave us the well and who drank from it, with his sons and his cattle?”
13 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame sia ame si no tsi sia la, tsikɔ agawui,
Jesus responded and said to her: “All who drink from this water will thirst again.
14 gake ame si ano tsi si manae la, tsikɔ magawui o. Le nyateƒe me la, tsi si manae la azu agbetsi, anɔ sisim le eme si ahe agbe mavɔ vɛ.” (aiōn , aiōnios )
But whoever shall drink from the water that I will give to him will not thirst for eternity. Instead, the water that I will give to him will become in him a fountain of water, springing up into eternal life.” (aiōn , aiōnios )
15 Nyɔnu la gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, na tsi sia ƒe ɖem, be tsikɔ magawum ne mava nɔ tsi kum le afi sia gbe sia gbe o.”
The woman said to him, “Lord, give me this water, so that I may not thirst and may not come here to draw water.”
16 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Yi nàyɔ srɔ̃wò vɛ.”
Jesus said to her, “Go, call your husband, and return here.”
17 Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Srɔ̃ mele asinye o.” Yesu gblɔ nɛ be, “Èto nyateƒe esi nègblɔ be srɔ̃ mele ye si o.
The woman responded and said, “I have no husband.” Jesus said to her: “You have spoken well, in saying, ‘I have no husband.’
18 Elabena èɖe ŋutsu atɔ̃ kpɔ, eye ame si gbɔ nèle fifia hã la, menye srɔ̃wò wònye o.” Esia nye nyateƒe.
For you have had five husbands, but he whom you have now is not your husband. You have spoken this in truth.”
19 Nyɔnu la gblɔ be, “Aƒetɔ, mexɔe se be Nyagblɔɖilae nènye.
The woman said to him: “Lord, I see that you are a Prophet.
20 Nu ka ta mi Yudatɔwo miegblɔna be Yerusalem kokoko wòle be woasubɔ Mawu le, evɔ mí Samariatɔwo hã míebe ele be woasubɔ Mawu le to sia dzi, elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔ Mawu le?”
Our fathers worshipped on this mountain, but you say that Jerusalem is the place where one ought to worship.”
21 Yesu gblɔ nɛ be, “Nyɔnu, xɔ dzinye se be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, esi womagasubɔ Fofo la le to sia dzi alo le Yerusalem o.
Jesus said to her: “Woman, believe me, the hour is coming when you shall worship the Father, neither on this mountain, nor in Jerusalem.
22 Mi Samariatɔwo la, miesubɔa nu si mienya o, ke míawo la, míesubɔa nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ.
You worship what you do not know; we worship what we do know. For salvation is from the Jews.
23 Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi.
But the hour is coming, and it is now, when true worshippers shall worship the Father in spirit and in truth. For the Father also seeks such persons who may worship him.
24 Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”
God is Spirit. And so, those who worship him must worship in spirit and in truth.”
25 Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Menya be Mesia” (si woyɔna be Kristo la) “le vava ge. Ne eva la aɖe nu sia nu gɔme na mí.”
The woman said to him: “I know that the Messiah is coming (who is called the Christ). And then, when he will have arrived, he will announce everything to us.”
26 Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee.”
Jesus said to her: “I am he, the one who is speaking with you.”
27 Esi wògblɔ nya sia vɔ teti ko la, eƒe nusrɔ̃lawo va do, eye wòwɔ nuku na wo be Yesu nɔ dze ɖom kple nyɔnu aɖe, gake wo dometɔ aɖeke mebia be, “Nu ka dim nèle?” alo “Nu ka ta nèle dze ɖom kple nyɔnu la ɖo?” o.
And then his disciples arrived. And they wondered that he was speaking with the woman. Yet no one said: “What are you seeking?” or, “Why are you talking with her?”
28 Nyɔnu la gblẽ eƒe tsize la ɖe vudoa to, eye wòtrɔ yi dua me ɖagblɔ na amewo be,
And so the woman left behind her water jar and went into the city. And she said to the men there:
29 “Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ɖe manye eyae nye Kristo la oa?”
“Come and see a man who has told me all the things that I have done. Is he not the Christ?”
30 Ale amewo tso dua me va be yewoakpɔe.
Therefore, they went out of the city and came to him.
31 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ bena, “Nufiala, va ɖu nu.”
Meanwhile, the disciples petitioned him, saying, “Rabbi, eat.”
32 Ke Yesu gblɔ na wo be, “Nuɖuɖu le asinye, esi ŋu miawo mienya nu le o.”
But he said to them, “I have food to eat which you do not know.”
33 Ke nusrɔ̃lawo bia le wo nɔewo dome be, “Ɖe ame aɖe tsɔ nuɖuɖu vɛ nɛa?”
Therefore, the disciples said to one another, “Could someone have brought him something to eat?”
34 Yesu gblɔ na wo be, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòdɔm la wɔwɔ nu.
Jesus said to them: “My food is to do the will of the One who sent me, so that I may perfect his work.
35 Menye miawoe gblɔna be, ‘Esusɔ ɣleti ene ne nuŋeɣi naɖo oa’? Miwu mo dzi ne miakpɔ agblewo dzi ɖa! Nukuawo tsi na ŋeŋe.
Do you not say, ‘There are still four months, and then the harvest arrives?’ Behold, I say to you: Lift up your eyes and look at the countryside; for it is already ripe for the harvest.
36 Fifia gɔ̃ hã la, ame si ŋea nu la xɔa fetu, eye wòŋea nukuwo hena agbe mavɔ la, be nuƒãla kple nuŋela siaa nakpɔ dzidzɔ. (aiōnios )
For he who reaps, receives wages and gathers fruit unto eternal life, so that both he who sows and he who reaps may rejoice together. (aiōnios )
37 Esiae wɔe be nya si wogblɔ ɖi be, ‘Ame aɖe ƒãa nu, eye ame bubu va ŋena’ la nye nyateƒe.
For in this the word is true: that it is one who sows, and it is another who reaps.
38 Nye la, medɔ mi be miayi aɖaŋe nu le afi si mieƒã nu ɖo o la; ame bubuwoe ƒã nua hafi miawo mieyi ɖaŋe.”
I have sent you to reap that for which you did not labor. Others have labored, and you have entered into their labors.”
39 Samariatɔ geɖewo xɔ Yesu dzi se ɖe nya si nyɔnu la gblɔ na wo be, “Egblɔ nu sia nu si mewɔ kpɔ la nam la ta.” la ta.
Now many of the Samaritans from that city believed in him, because of the word of the woman who was offering testimony: “For he told me all the things that I have done.”
40 Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ, eye wònɔ wo gbɔ ŋkeke eve
Therefore, when the Samaritans had come to him, they petitioned him to lodge there. And he lodged there for two days.
41 Le eƒe nyawo ta la, ame geɖewo xɔ edzi se.
And many more believed in him, because of his own word.
42 Ale wova gblɔ na nyɔnu si do goe gbã le vudoa to la be, “Míawo hã míexɔ edzi se, elabena míawo ŋutɔ hã míese nya geɖewo tso eƒe nu me, ke menye le wò ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko ta o. Míenya be ame siae nye xexea me ƒe Ɖela la vavã.”
And they said to the woman: “Now we believe, not because of your speech, but because we ourselves have heard him, and so we know that he is truly the Savior of the world.”
43 Le ŋkeke eve megbe la, edzo yi Galilea.
Then, after two days, he departed from there, and he traveled into Galilee.
44 (Yesu ŋutɔ gblɔ be nyagblɔɖila aɖeke mekpɔa bubu le eya ŋutɔ dedu me o.)
For Jesus himself offered testimony that a Prophet has no honor in his own country.
45 Esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe nyuie, elabena wokpɔ nukunu siwo katã wòwɔ le Yerusalem, esi woyi ɖaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le afi ma.
And so, when he had arrived in Galilee, the Galileans received him, because they had seen all that he had done at Jerusalem, in the day of the feast. For they also went to the feast day.
46 Yesu gava Kana le Galilea, afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le la. Afi ma wòdo go aʋafia aɖe le. Ŋutsu sia ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum.
Then he went again into Cana of Galilee, where he made water into wine. And there was a certain ruler, whose son was sick at Capernaum.
47 Esi ŋutsu sia se be Yesu tso Yudea va ɖo Galilea la, eyi egbɔ heɖe kuku nɛ be wòava yɔ dɔ ye viŋutsuvi si ɖo kudo nu la na ye.
Since he had heard that Jesus came to Galilee from Judea, he sent to him and begged him to come down and heal his son. For he was beginning to die.
48 Yesu gblɔ nɛ be, “Mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, dzaa miekpɔ dzesi kple nukunuwo?”
Therefore, Jesus said to him, “Unless you have seen signs and wonders, you do not believe.”
49 Aʋafia la gblɔ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, va míyi kaba hafi vinyea naku?”
The ruler said to him, “Lord, come down before my son dies.”
50 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Yi aƒe me, elabena viwò la ƒe lãme sẽ.” Aʋafia la xɔ nya si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòtrɔ dzo yina aƒe me.
Jesus said to him, “Go, your son lives.” The man believed the word that Jesus spoke to him, and so he went away.
51 Esi wònɔ mɔa dzi yina la, eƒe dɔla aɖewo va kpee hegblɔ nɛ be via ƒe lãme sẽ.
Then, as he was going down, his servants met him. And they reported to him, saying that his son was alive.
52 Aʋafia la bia gaƒoƒo si me tututu via ƒe lãme sẽ la wo. Woɖo eŋu nɛ be, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã la vɔ nɛ.”
Therefore, he asked them at which hour he had become better. And they said to him, “Yesterday, at the seventh hour, the fever left him.”
53 Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, “Viwò la ƒe lãme sẽ.” Ale aʋafia la kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔ Yesu dzi se.
Then the father realized that it was at the same hour that Jesus said to him, “Your son lives.” And both he and his entire household believed.
54 Esiae nye nukunu evelia si Yesu wɔ, esi wòtso Yudea va Galilea.
This next sign was the second that Jesus accomplished, after he had arrived in Galilee from Judea.