< Yohanes 20 >

1 Le Kɔsiɖagbe ŋdi kanya, esi xexea me mekɔ vɔ tututu o la, Maria si tso Magdala la yi yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ be womli kpe si nɔ yɔdo la nu la ɖa.
Le premier jour de la semaine, Marie-Madeleine se rendit au sépulcre, dès le matin, avant que les ténèbres fussent dissipées, et elle vit la pierre enlevée du sépulcre.
2 Eƒu du yi Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ vevie la gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Wova ɖe Aƒetɔ la ƒe kukua le yɔdo la me, eye míenya afi si wokɔe yi ɖada ɖo o!”
Elle courut donc, et vint trouver Simon-Pierre et l’autre disciple que Jésus aimait, et leur dit: « Ils ont enlevé du sépulcre le Seigneur, et nous ne savons où ils l’ont mis. »
3 Ale Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ la tso kpla yi ɖe yɔdo la gbɔ.
Pierre sortit avec l’autre disciple, et ils allèrent au sépulcre.
4 Wo ame eve la nɔ du ƒum, gake nusrɔ̃la kemɛ la ƒu du gbɔ Petro ŋu hetre yɔdo la gbɔ ɖoɖo.
Ils couraient tous deux ensemble, mais l’autre disciple courut plus vite que Pierre, et arriva le premier au sépulcre.
5 Ebɔbɔ kpɔ yɔdo la me, ke ekpɔ ameɖivɔ la le yɔdo la me, gake mege ɖe eme o.
Et s’étant penché, il vit les linceuls posés à terre; mais il n’entra pas.
6 Simɔn Petro hã va ɖo, eye wòge ɖe yɔdo la me. Eya hã kpɔ avɔ ɣi ƒuƒlu la le anyigba,
Simon-Pierre qui le suivait, arriva à son tour et entra dans le sépulcre; il vit les linges posés à terre,
7 kple taku si wotsɔ bla Yesu ƒe tae la; woxatsae nyuie tsɔ da ɖe yɔdo la ƒe axadzi.
et le suaire qui couvrait la tête de Jésus, non pas posé avec les linges, mais roulé dans un autre endroit.
8 Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdo la gbɔ gbã la hã ge ɖe eme mlɔeba. Ekpɔe, eye wòxɔe se be, etsi tsitre vavã.
Alors l’autre disciple qui était arrivé le premier au sépulcre, entra aussi; et il vit, et il crut:
9 (Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.)
car ils ne comprenaient pas encore l’Ecriture, d’après laquelle il devait ressusciter d’entre les morts.
10 Azɔ nusrɔ̃lawo trɔ yi aƒe me.
Les disciples s’en retournèrent donc chez eux.
11 Ke Maria tɔ ɖe yɔdo la to nɔ avi fam. Esi wònɔ avi fam la, ebɔbɔ be yeakpɔ yɔdo la me ɖa,
Cependant Marie se tenait près du sépulcre, en dehors, versant des larmes; et en pleurant elle se pencha vers le sépulcre;
12 kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdo la me wonɔ anyi ɖe teƒe si Yesu ƒe ŋutilã kukua nɔ; ɖeka nɔ tade, eye evelia nɔ afɔde.
et elle vit deux anges vêtus de blanc, assis à la place où avait été mis le corps de Jésus, l’un à la tête, l’autre aux pieds.
13 Wobiae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo?” Eɖo eŋu na wo be, “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wokɔe da ɖo o.”
Et ceux-ci lui dirent: « Femme, pourquoi pleurez-vous? » Elle leur dit: « Parce qu’ils ont enlevé mon Seigneur, et je ne sais où ils l’ont mis. »
14 Enye kɔ kpɔ megbe, eye wòkpɔ Yesu wònɔ tsitre ɖe emegbe, gake menya be Yesue o.
Ayant dit ces mots, elle se retourna et vit Jésus debout; et elle ne savait pas que c’était Jésus.
15 Yesu biae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo? Ame ka dim nèle?” Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va kɔe le afi sia la, gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam be mayi aɖakɔe.”
Jésus lui dit: « Femme, pourquoi pleurez-vous? Qui cherchez-vous? » Elle, pensant que c’était le jardinier, lui dit: « Seigneur, si c’est vous qui l’avez emporté, dites-moi où vous l’avez mis, et j’irai le prendre. »
16 Yesu yɔe be, “Maria!” Enumake Maria trɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòyɔe le Hebrigbe me be, “Raboni!” (si gɔmee nye “Nufiala”).
Jésus lui dit: « Marie! » Elle se retourna et lui dit en hébreu: « Rabboni! » c’est à dire Maître.
17 Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”
Jésus lui dit: « Ne me touchez point, car je ne suis pas encore remonté vers mon Père. Mais allez à mes frères, et dites-leur: Je monte vers mon Père et votre Père, vers mon Dieu et votre Dieu. »
18 Maria Magdalatɔ la yi nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Mekpɔ Aƒetɔ la,” eye wògblɔ nya siwo Yesu gblɔ nɛ la na wo.
Marie-Madeleine alla annoncer aux disciples qu’elle avait vu le Seigneur, et qu’il lui avait dit ces choses.
19 Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ me la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Yesu va do ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi.”
Le soir de ce même jour, le premier de la semaine, les portes du lieu où se trouvaient les disciples étant fermées, parce qu’ils craignaient les Juifs, Jésus vint, et se présentant au milieu d’eux, il leur dit: « Paix avec vous! »
20 Esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esi wokpɔ Aƒetɔ la.
Ayant ainsi parlé, il leur montra ses mains et son côté. Les disciples furent remplis de joie en voyant le Seigneur.
21 Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm.”
Il leur dit une seconde fois: « Paix avec vous! » Comme mon Père m’a envoyé, moi aussi je vous envoie. »
22 Le esia megbe la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ be, “Mixɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Après ces paroles, il souffla sur eux et leur dit: « Recevez l’Esprit-Saint.
23 Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee la, ekpɔ tsɔtsɔke; ne mietsɔe ke ame aɖe o la, makpɔ tsɔtsɔke o.”
Ceux à qui vous remettrez les péchés, ils leur seront remis; et ceux à qui vous les retiendrez, ils leur seront retenus. »
24 Toma, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka (si wogayɔna be Didymus) la menɔ nusrɔ̃lawo dome hafi Yesu va o.
Mais Thomas, l’un des douze, celui qu’on appelle Didyme, n’était pas avec eux lorsque Jésus vint.
25 Esi wòva la, nusrɔ̃la mamlɛawo gblɔ nɛ be, “Míekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma gblɔ na wo be, “Va se ɖe esime metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe abi si le axadame nɛ me la, nyemaxɔe se o.”
Les autres disciples lui dirent donc: « Nous avons vu le Seigneur. » Mais il leur dit: « Si je ne vois dans ses mains la marque des clous, et si je ne mets mon doigt à la place des clous, et ma main dans son côté, je ne croirai point. »
26 Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ me, tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu, eye Toma hã nɔ wo dome. Togbɔ be ʋɔtruawo nɔ tutu hã la, Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ be, “Ŋutifafa na mi.”
Huit jours après, les disciples étant encore dans le même lieu, et Thomas avec eux, Jésus vint, les portes étant fermées, et se tenant au milieu d’eux, il leur dit: « Paix avec vous! »
27 Emegbe la, egblɔ na Toma be, “Tsɔ wò asibidɛ ƒo ɖe afi sia; kpɔ nye asiwo ɖa. Tsɔ wò asi de nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, eye nàxɔe se.”
Puis il dit à Thomas: « Mets ici ton doigt, et regarde mes mains; approche aussi ta main, et mets-la dans mon côté; et ne sois pas incrédule, mais croyant. »
28 Toma gblɔ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!”
Thomas lui répondit: « Mon Seigneur, et mon Dieu! »
29 Yesu gblɔ nɛ be, “Esi nèkpɔm la, èxɔe se, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se.”
Jésus lui dit: « Parce que tu m’as vu, [Thomas], tu as cru. Heureux ceux qui n’ont pas vu et qui ont cru. »
30 Yesu wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume, esiwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o.
Jésus a fait encore, en présence de ses disciples, beaucoup d’autres miracles qui ne sont pas écrits dans ce livre.
31 Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me.
Mais ceux-ci ont été écrits, afin que vous croyiez que Jésus est le Christ, le Fils de Dieu, et qu’en croyant vous ayez la vie en son nom.

< Yohanes 20 >