< Yohanes 2 >
1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpe Yesu dada be wòava kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe teƒe le Kana si le Galilea Nuto me.
Le troisième jour, il y eut des noces à Cana de Galilée. La mère de Jésus était là.
2 Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã.
Jésus fut aussi invité, avec ses disciples, aux noces.
3 Esi wɔnawo nɔ edzi yim la, wain si nom ameawo nɔ la vɔ. Ale Yesu dada va egbɔ hegblɔ nɛ be, “Wain mele wo si o.”
Lorsque le vin vint à manquer, la mère de Jésus lui dit: « Ils n'ont pas de vin. »
4 Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.”
Jésus lui dit: « Femme, qu'est-ce que cela a à voir avec toi et moi? Mon heure n'est pas encore venue. »
5 Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.”
Sa mère dit aux serviteurs: « Tout ce qu'il vous dira, faites-le. »
6 Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe me.
Or, il y avait là six vases d'eau en pierre, placés selon la méthode de purification des Juifs, et contenant chacun deux ou trois métrées.
7 Yesu gblɔ na subɔlawo be, “Midu tsi kɔ ɖe zɔwo katã me woayɔ.” Ale wowɔ nenema.
Jésus leur dit: « Remplissez d'eau les vases d'eau. » Ils les remplirent donc jusqu' au bord.
8 Egagblɔ na wo be, “Azɔ mikui yi na nuɖuɖudzikpɔla la.” Wowɔ nenema.
Il leur dit: « Puisez maintenant un peu d'eau, et portez-la au maître de la fête. » Ils en prirent donc.
9 Nuɖuɖudzikpɔla la no tsi si trɔ zu wain la ƒe ɖe, ke menya afi si wòtso o, subɔlawo koe nya. Azɔ eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la
Lorsque le maître du repas eut goûté l'eau devenue vin et qu'il ne sut pas d'où il venait (mais les serviteurs qui avaient puisé l'eau le savaient), le maître du repas appela l'époux
10 eye wògblɔ nɛ be, “Zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo naa wain nyuitɔ woƒe ame kpekpewo gbã, eye ne ame sia ame noe wòsui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo, eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.”
et lui dit: « Que chacun serve d'abord le bon vin, puis, lorsque les convives auront bu, le moins bon. Toi, tu as gardé le bon vin jusqu'à maintenant! »
11 Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu wɔ le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.
Ce commencement de ses miracles, Jésus l'accomplit à Cana de Galilée, et il révéla sa gloire; et ses disciples crurent en lui.
12 Esi srɔ̃ɖeŋkekenyui la wu enu la, Yesu kple dadaa, nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Kapernaum, eye wonɔ afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo.
Après cela, il descendit à Capharnaüm, lui, sa mère, ses frères et ses disciples, et ils y restèrent quelques jours.
13 Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la gogo la, Yesu yi Yerusalem.
La Pâque des Juifs était proche, et Jésus monta à Jérusalem.
14 Ekpɔ amewo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu wonɔ nyiwo, alẽwo kple akpakpawo dzram. Gaɖɔlilawo hã nɔ teƒea nɔ ga ɖɔlim na amewo.
Il trouva dans le temple ceux qui vendaient des bœufs, des brebis et des colombes, et les changeurs de monnaie assis.
15 Ale Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam, eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me. Enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi.
Il fit un fouet de cordes et les chassa tous du temple, tant les brebis que les bœufs; il jeta la monnaie des changeurs et renversa leurs tables.
16 Egblɔ na ame siwo nɔ akpakpawo dzram la be, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asimee o!”
À ceux qui vendaient les colombes, il dit: « Enlevez ces choses d'ici! Ne faites pas de la maison de mon Père une place de marché! »
17 Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be mawunya gblɔ be, “Lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye.”
Ses disciples se souvinrent qu'il était écrit: « Le zèle pour votre maison me dévorera. »
18 Azɔ Yudatɔwo va Yesu gbɔ hebiae be, “Ŋusẽ ka nèkpɔ, be nèwɔ nu siawo, eye dzesi ka nàfia mí?”
Les Juifs lui répondirent donc: « Quel signe nous montres-tu, puisque tu fais ces choses? »
19 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migbã gbedoxɔ sia, eye magagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ megbe.”
Jésus leur répondit: « Détruisez ce temple, et en trois jours je le relèverai. »
20 Yudatɔwo gblɔ be, “Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke wò ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ megbea?”
Les Juifs dirent donc: « Il a fallu quarante-six ans pour construire ce temple! Le relèveras-tu en trois jours? »
21 Ke “gbedoxɔ” si ŋu Yesu nɔ nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã.
Mais lui, il parlait du temple de son corps.
22 Esi Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu, eye wo katã va eme vavã.
Quand donc il fut ressuscité des morts, ses disciples se souvinrent qu'il avait dit cela, et ils crurent à l'Écriture et à la parole que Jésus avait dite.
23 Dzesi siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na be ame geɖe xɔ eƒe ŋkɔ dzi se.
Or, lorsqu'il était à Jérusalem, à la Pâque, pendant la fête, beaucoup crurent en son nom, observant les miracles qu'il faisait.
24 Ke Yesu meka ɖe ame siawo ƒe xɔse dzi o, elabena edze si amegbetɔwo ƒe nɔnɔme.
Mais Jésus ne se confiait pas à eux, parce qu'il connaissait tout le monde,
25 Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase nɛ tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me.
et qu'il n'avait pas besoin que quelqu'un rendît témoignage au sujet de l'homme, car il savait lui-même ce qui était dans l'homme.