< Yohanes 19 >
1 Ale Pilato na woƒo Yesu kple atam.
Тодї узяв Пилат Ісуса, та й бив Його.
2 Asrafowo wɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Wodo awu dzĩ nɛ,
А воїни сплівши вінець їз тернини, наділи на голову Йому, і в одежу червону одягли Його,
3 eye woyi egbɔ zi geɖe, eye woɖu fewu le eŋu gblɔ be, “Miedo gbe na wò Yudatɔwo ƒe fia.” Eye woƒo tome nɛ.
і казали: Радуй ся, царю Жидівський! і били Його в лице.
4 Pilato gado go va xexe, eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minya esia be nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.”
Вийшов тоді знов Пидат, і каже їм: Ось я виводжу вам Його, щоб знали, що в Йому ніякої вини не знаходжу.
5 Wokplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo be, “Miaƒe ame lae nye esi.”
Вийшов тодї Ісус у терновім вінцї і в червоній одежі. І каже їм Пилат: Ось, чоловік!
6 Esi nunɔlagãwo kple woƒe asrafowo kpɔ Yesu la, wodo ɣli sesĩe be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔ miyi ɖaklãe ɖe ati ŋu. Nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.”
Як же побачили Його архивреї та слуги, то закричали, кажучи: Розпни, розпни Його! Каже їм Пилат: Візьміть ви Його та й розпнїть; я бо не знаходжу в Йому вини.
7 Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Le míaƒe se nu la, ele be wòaku, elabena egblɔ be Mawu ƒe Vi yenye.”
Відказали йому Жиди: Ми закон маємо, і по закону нашому повинен умерти, бо Він себе Сином Божим зробив.
8 Esi Pilato se nya sia la, vɔvɔ̃ ɖoe wu tsã,
Як же почув Пилат се слово, то ще більше злякав ся,
9 eye wògage ɖe fiasã la me, eye wòbia Yesu be, “Afi ka nètso?” Gake Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o.
і ввійшов у претор знов, і каже Ісусові: Звідкіля єси Ти? Ісус же одповідї не дав йому.
10 Pilato gblɔ be, “Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Ènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo mana woaklã wò ɖe ati ŋua?”
Каже тодї Йому Пилат: До мене не говориш? Не знаєш, що власть маю розняти Тебе, і власть маю відпустити Тебе?
11 Yesu gblɔ nɛ be, “Màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o, eya ta ame si kplɔm vɛ na wò la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ wu tɔwò.”
Відказав Ісус: Не мав би єси власти нїякої надо мною, коли б не було тобі дано звиш. Тим, хто видав мене тобі, більший гріх має.
12 Tso esia dzi la, Pilato di vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu, gake Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ ɣlidodo dzi gblɔ nɛ be, “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la tsi tsitre ɖe Kaisaro ŋu.”
З того часу шукав Пилат одпустити Його; Жиди ж кричали, кажучи: Коли Сього відпустиш, не єси друг Кесареві. Всякий, хто дарем себе робить, противить ся Кесареві.
13 Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi le teƒe si woyɔna be Kpe Gbadza (si woyɔna le Hebrigbe me be Gabata).
Пилат же, почувши таке слово, вивів Ісуса, та й сїв на судищі, що зване Литостротос, а по єврейски: Гавата.
14 Enye dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitotoŋkekenyui la; anye gaƒoƒo adelia me. Pilato gblɔ na Yudatɔwo be, “Miaƒe fia lae nye esi!”
Була ж пятниця перед пасхою, коло години ж шестої. І каже Жидам: Ось, Цар ваш!
15 Gake wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe! Mikplɔe dzoe! Miklãe ɖe ati ŋuti!” Pilato bia wo be, “Maklã miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Nunɔlagãwo ɖo eŋu nɛ be, “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.”
Вони ж закричали: Візьми, візьми розпни Його! Каже їм Пилат: Царя вашого розпну? Відказали архиєреї: Не маємо царя, тільки Кесаря.
16 Mlɔeba la, Pilato tsɔ Yesu de asi na wo be woaklãe ɖe ati ŋuti. Ale asrafoawo kplɔ Yesu dzoe.
Тодї ж видав їм Його, щоб розпяли. Узяли ж Ісуса, та й повели.
17 Wotsɔ eƒe atitsoga la da ɖe abɔta nɛ be wòakɔ, eye wokplɔe do go le dua me ɖo ta “Ametakoloeƒe” (si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me).
І, несучи хрест свій, вийшов Він на врочище (місце) Черепове, що зветь ся по єврейськи Голгота.
18 Afi siae woklã Yesu ɖe ati ŋu le, eye woklã adzodala eve hã ɖe eƒe axawo kple eve dzi, eye Yesu nɔ woƒe titina.
Там розпяли Його, а з Ним инших двох, по сей і по той бік, посередині ж Ісуса.
19 Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu ƒe atitsoga la tame be, Yesu Nazaretitɔ, Yudatɔwo ƒe Fia.
Написав же і надпись Пилат, та й виставив на хресті; було ж написано: Ісус Назорей, Цар Жидівський.
20 Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o, ale Yudatɔ geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ la. Woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Romagbe kple Helagbe me be ame sia ame nate ŋu axlẽe.
Сю ж надпись многі читали з Жидів; бо поблизу города було місце, де розпято Ісуса; а було написане по єврейськи, по грецьки і по римськи.
21 Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato be, “Mègaŋlɔe be, ‘Yudatɔwo ƒe fia’ o, ke boŋ ŋlɔe be ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe fia.”
Казали тодї Пилатові архиєреї Жидівські: Не пиши: Цар Жидівський, а що Він казав: Я цар Жидівський.
22 Pilato ɖo eŋu na wo be, “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo.”
Відказав Пилат: Що написав, написав.
23 Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la, woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke womema awutewui la ya o. Awu sia nye awu ʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi.
Тодї воїни, рознявши Ісуса, взяли одежу Його, й зробили з неї чотири частї, кожному воїнові часть, і хитон [намітку]; був же хитон не сшиваний, а ввесь од верху тканий.
24 Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be, “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ, eye ame si ɖu dzi la naxɔe.” Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be, “Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi.” Alea asrafoawo wɔ.
Сказали тодї між собою: Не дерімо його, а киньмо жереб на него, чий буде. Щоб справдилось писаннє, що глаголе: Поділили одежу мою собі, і на мов платтв кидали жереб. То воїни се й зробили.
25 Nyɔnu aɖewo tsi tsitre ɖe atitsoga la gbɔ. Woawoe nye Yesu dada, Yesu dada nɔvi si woyɔna be Maria, Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala la.
Стояла ж коло хреста Ісусового мати Його та сестра матери Його, Мария Клеопова, та Мария Магдадина.
26 Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.”
Ісус же, побачивши матір і ученика стоячого коло неї, котрого любив, рече до матери своєї: Жено, ось син твій.
27 Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la hã be, “Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!” Eye tso ɣe ma ɣi dzi la, nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒe aƒe mee.
Опісля рече ученику: Оть, мати твоя. І з тієї години узяв її ученик до себе.
28 Esi Yesu nya be nu sia nu wu nu azɔ, eye be woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la, egblɔ be, “Tsikɔ le wuyem!”
Після сього, знаючи Ісус, що все вже звершилось, щоб справдилось писаннє, рече: Жаждую.
29 Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe kakle tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano.
Стояла ж посудина повна оцту, вони ж, напоївши губку оцтом і на тростину настромивши, піднесли Йому до уст.
30 Esi Yesu ɖɔe kpɔ ko la, egblɔ be, “Ewu enu azɔ,” eye wòde ta to heɖe asi le eƒe gbɔgbɔ ŋu.
Скушавши ж оцту Ісус, рече: Звершилось; і, схиливши голову, віддав духа.
31 Azɔ enye Dzadzraɖoŋkeke, eye ŋkeke si kplɔ esia ɖo la anye Dzudzɔgbe ŋkeke tɔxɛ. Yudatɔwo medi be ame kukuawo nanɔ atitsogawo ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, eya ta wobia tso Pilato si be wòana woaŋe woƒe afɔwo be woaku kaba ne woate ŋu aɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu.
Жиди ж, щоб не зоставались на хрестах тїла в суботу (був бо великий день тієї суботи), благали Пилата, щоб поперебивали їм гомілки, та й поздіймали.
32 Ale asrafowo va ŋe ame eve siwo woklã kpe ɖe Yesu ŋu la ƒe afɔwo.
Прийшли тодї воїни, й первому поломили ноги, й другому рознятому з Ним.
33 Gake esi wòɖo Yesu dzi la, wokpɔ be eku xoxo, eya ta womeŋe eƒe afɔwo o.
До Ісуса ж прийшовши, як побачили Його вже мертвого, не перебили Йому ніг;
34 Esia ta asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ axadame nɛ, eye ʋu kple tsi do go.
а один з воїнів проколов Йому списом бік, і зараз вийшла кров і вода.
35 Ame si kpɔ nu siawo katã teƒe la ɖi ɖase tso eŋu, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe. Enyae be yegblɔ nyateƒe, be miawo hã miaxɔe ase.
І той, що бачив се, засьвідкував, і правдиве сьвідченнє його; і знає він, що говорить правду, щоб ви вірували.
36 Nuwɔna siawo va eme be woawu mawunya nu be, “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o!”
Сталось бо се, щоб писаннє справдилось: Кість Його не буде переломлена.
37 Mawunya bubu gblɔ be, “Woakpɔ ame si wotsɔ akplɔ tɔe la dzi.”
І знов инше писаннє рече: Дивити муть ся на Того, кого прокололи.
38 Le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia la bia Pilato be wòaɖe asi le Yesu ƒe ŋutilã kukua ŋu na ye. Yosef nye Yesu ƒe adzamenusrɔ̃la, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Pilato ɖe mɔ nɛ, eye wòva kɔ Yesu ƒe ŋutilã kukua dzoe.
Після ж сього благав Пилата Йосиф з Ариматеї (бувши учеником Ісусовим, потайним же задля страху Жидівського), щоб зняти тїло Ісусове; й дозволив Пилат. Прийшов тодї і взяв тїло Ісусове.
39 Nikodemo, ame si va Yesu gbɔ le zã me la hã va kplii, eye wòtsɔ mire kple aloe siwo nye atike ʋeʋĩ tɔxɛ aɖe si ƒe home anɔ abe sidi blaadre-vɔ-atɔ̃ ene vɛ.
Прийшов же й Никодим, що приходив перше до Ісуса в ночі, принїсши змішаної смирни й алое фунтів із сотню.
40 Wosi ami la nɛ, eye wo kple eve la wotsɔ aklala si me ami ʋeʋĩ yɔ fũu la bla Yesu ƒe ŋutilã kukua ɖe eme. Wowɔ nu sia ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo nu.
Взяли тодї тїло Ісусове, і обгорнули полотном з пахощами, як се звичай у Жидів ховати.
41 Abɔ aɖe te ɖe afi si woklã Yesu ɖe atitsoga ŋu ɖo la ŋu, eye yɔdo yeye aɖe si me womeɖi ame ɖo kpɔ o la li.
Був же на місцї, де рознято Його, сад, а в саду новий гріб, в котрому ніколи нікого не положено.
42 Esi gbe ma gbe nye Yudatɔwo ƒe Dzadzraɖoŋkeke ta la, wokɔ Yesu ɖaɖi ɖe yɔdo sia me, elabena etsɔ ɖe kpuiƒe na wo.
Там оце положили Ісуса задля пятницї Жидівської; бо поблизу був гріб.