< Yohanes 17 >
1 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi, do gbe ɖa gblɔ be, “Fofo, ɣeyiɣi la de azɔ. Ɖe Viwò la ƒe Ŋutikɔkɔefia ne Viwò hã naɖe wò ŋutikɔkɔe afia.
When he had thus spoken, Jesus raised his eyes to heaven and said. "Father, the hour is come. Glorify the Son, that thy Son may glorify thee;
2 Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexea me, be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ nɛ la. (aiōnios )
"since thou hast given him authority over all mankind, to give eternal life to all whom thou hast given him. (aiōnios )
3 Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be wòanya wò Mawu vavã ɖeka hɔ̃ɔ la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexea me hã dzi ase. (aiōnios )
"And this is eternal life, to know thee, the only true God, and Jesus Christ whom thou hast sent. (aiōnios )
4 Meɖe wò Ŋutikɔkɔe fia le anyigba dzi to dɔ siwo nède asi nam la nuwuwu me.
"I have glorified thee on the earth; I have finished the work which thou gavest me to do.
5 Azɔ la, Fofo, ɖe wò ŋutikɔkɔe fiam le wò ŋkume to ŋutikɔkɔe si nènam le gbɔwò hafi xexea me dze egɔme la me.
"And now, O Father, glorify thou me with own self, with the glory I had with thee before the world began.
6 “Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siwo nènam le xexea me la. Tɔwòwoe wonye; ètsɔ wo nam, eye wowɔ ɖe wò nyawo dzi.
"I have made known thy name to the men whom thou gavest me out of the world. Thine they were, and thou gavest them to me, and they have kept thy word.
7 Azɔ wonya be nu sia nu si nètsɔ nam la tso gbɔwò,
"They know now that whatever thou hast given me was from thee;
8 elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo, eye woxɔe. Wonyae kɔtɛe be metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa.
"for I have given them the words which thou gavest me; and they have received them, and they have believed that thou didst send me.
9 Medo gbe ɖa ɖe wo ta; nyemele gbe dom ɖa ɖe xexea me ta o. Ame siwo nètsɔ nam la tae medo gbe ɖa ɖo, elabena tɔwòwoe wonye.
"I am praying for them; I am not praying for the world, but for those whom thou hast given me; for they are thine,
10 Nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye woawo mee woɖe nye Ŋutikɔkɔe fia le.
"and all thine are mine, and mine are thine; and I am glorified in them.
11 Azɔ mele dzodzo ge le xexea me ava gbɔwò, gake wogale xexea me. Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta to wò ŋusẽ kple ŋkɔ me, ŋkɔ si nènam be woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miewɔ ɖekae ene.
12 Esi menɔ wo gbɔ la, mekpɔ wo ta, eye mena be wole dedie to ŋkɔ si nènam la me. Wo dometɔ aɖeke mebu o, negbe wo dometɔ si woɖo be woatsrɔ̃ la ko, be ŋɔŋlɔ la nava eme.
13 “Ke azɔ la, megbɔna gbɔwò, gake mele nya siawo gblɔm esi megale xexea me, be nye dzidzɔ blibo la katã nanɔ wo me.
14 Megblɔ wò nyawo na wo, eye xexea me lé fu wo, elabena womeganye xexea me tɔwo o, abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene. Nenema ke nye hã nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexea me tɔwo ƒe agbenɔnɔ o.
15 Fofo, nyemele biabiam be nàɖe wo le xexea me o, ke boŋ nàkpɔ wo ta tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me.
16 Wometso xexea me o, abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene.
17 Kɔ wo ŋu kple nyateƒe la, elabena wò nya la nye nyateƒe.
18 Abe ale si nèdɔm ɖe xexea me ene la, nye hã mele wo dɔm ɖe xexea me.
"As thou hast sent me into the world, even so I also have sent them into the world.
19 Mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe wo ta, bena woakɔ woawo hã ŋu le nyateƒe la me.”
"And for their sakes I dedicate myself, that they also may be thoroughly dedicated in the truth.
20 “Nyemele gbe dom ɖa ɖe woawo ɖeɖe ko ta o, ke mele gbe dom ɖa ɖe ame siwo hã ava xɔ dzinye ase to woƒe mawunyagbɔgblɔ me la ta,
"Nor do I pray for them alone, but for those also who believe in me through their word,
21 be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene. Na woawo hã nanɔ mía me, be xexea me naxɔe ase be wòe dɔm.
"that they may all be one, even as thou, Father, art in me and I in thee; that they also may be in us; in order that the world may believe that thou hast sent me.
22 Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo; wo ameawo nenɔ ɖeka le nu sia nu me, be xexea me nanyae be wòe dɔm, eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene.
"And the glory which thou gavest me I have given them; that they may be one even as we are one,
23 Ne mele wo me, eye wò hã nèle menye la, mi katã miade blibo le ɖekanyenye me, ale be xexea me nanya be wòe dɔm eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene.
"I in them and thou in me; that they may be made perfectly one, so that the world may recognize that thou didst send me, and hast loved them as thou hast loved me.
24 “Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam, elabena èlɔ̃m vevie hafi xexea me va dzɔ.
"Father, it is my will that wherever I am these also, thy gift to me, may be with me, that they may see the glory, my glory which thou hast given me, because thou didst love me before the foundations of the world.
25 “Fofo dzɔdzɔetɔ, togbɔ be xexea me menya wò o hã la, menya wò, eye nusrɔ̃la siawo hã nya be, wòe dɔm.
"O righteous Father, though the world knew thee not, I have known thee, and these have known that though didst send me.
26 Meɖe ame si nènye la fia wo, eye mayi edzi ana woanya wò, bena lɔlɔ̃ si nètsɔ nam la nanɔ woawo hã me, eye nye hã manɔ wo me.”
"And I have declared - and will declare - thy name unto them, that the love with which thou hast loved me may be in them, and that I may be in them."