< Yohanes 15 >

1 “Nyee nye Wainti vavã la, eye Fofonyee nye Agbletɔ la.
“I am the true vine, and my Father is the gardener.
2 Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu.
He takes away every branch in me that doesn’t bear fruit, and He prunes every branch that bears fruit, so that it may bear more fruit.
3 Miawo la, mia ŋu kɔ xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta.
You are already pruned clean because of the words which I have spoken to you.
4 Minɔ menye, eye nye hã manɔ mia me. Wainti ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o, eya ta miawo hã, nye manɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.
Live in me, as I live in you. As the branch can’t bear fruit of itself, unless it lives in the vine, so neither can you, unless you live in me.
5 “Nyee nye wainti la, eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye, eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe, elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o.
I am the vine, and you are the branches. Whoever lives in me, and I in them, bears much fruit; for apart from me you can do nothing.
6 Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe.
Anyone who doesn’t live in me is thrown away as a branch, and dries up. The dried up branches are gathered up, thrown into the fire, and burned.
7 Ke ne miele menye, eye nye nyawo le mia me la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi.
If you live in me, and my words live in you, ask whatever you want, and it will be done for you.
8 Esia hea ŋutikɔkɔe vɛ na Fofonye, nenye be mietse ku geɖe, eye miefia mia ɖokuiwo abe nye nusrɔ̃lawo ene.
My Father is glorified by this, that you bear much fruit, so you will prove to be my disciples.
9 “Melɔ̃ mi abe ale si Fofo la lɔ̃m ene, eya ta minɔ nye lɔlɔ̃ la me.
“Just as the Father has sincerely loved me, I have also sincerely loved you. Continue to live in my sincere love.
10 Ne miewɔa se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.
If you keep my commandments, you will continue to live in my sincere love; just as I have kept my Father’s commandments, and continue to live in His sincere love.
11 Megblɔ nya siawo na mi be dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo hã mia me, be miaƒe dzidzɔ nagbã go.
I have told you these things, that my joy may be in you, and that your joy may be made full.
12 Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mie ene.
This is my commandment, that you sincerely love one another, just as I have sincerely loved you.
13 Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔvia lae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe exɔlɔ̃wo ta.
No one has greater sincere love than this, than to lay down one’s life for one’s friends.
14 Ne miewɔ ɖe nye sewo dzi la, ekema mienye xɔ̃nyewo.
You are my friends if you do whatever I command you.
15 Nyemagayɔ mi be subɔlawo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔla o. Ke meyɔ mi be xɔ̃nyewo, elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gblɔ nam la na mi.
I don’t call you servants any longer, because a servant doesn’t know what the master is doing; but I have called you friends, because I have made known to you everything that I have heard from my Father.
16 Menye miawoe tiam o, ke boŋ nyee tia mi, eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku, kutsetse siwo anɔ anyi ɖaa. Eye Fofo la ana nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la mi.
You didn’t choose me, but I chose you and appointed you, so that you should go and bear fruit, and so that your fruit should remain, that whatever you ask the Father in my name He may give you.
17 Mele se dem na mi be milɔ̃ mia nɔewo.
I command you this, that you sincerely love one another.
18 “Ne xexe sia me tɔwo lé fu mi la, minyae be wolé fum gbã.
“If the world hates you, know that it hated me before it hated you.
19 Nenye xexe sia me tɔwo mienye la, anye ne woalɔ̃ mi, ke esi metia mi tso xexea me ta la, wolé fu mi.
If you belonged to the world, the world would love its own. Because you aren’t the world’s, but I chose you out of the world, therefore the world hates you.
20 Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be, ‘Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã.
Remember that I told you, ‘A servant isn’t greater than his master.’ If they persecuted me, they will also persecute you. If they obeyed my teaching, they will also obey yours.
21 Xexe sia me tɔwo ati mia yome, elabena mienye tɔnyewo. Woawɔ esia ɖe mia ŋu, elabena womenya ame si dɔm la o.
The world will do all these things to you, however, for My name’s sake, because they don’t know Him who sent me.
22 Ɖe nyemeva gblɔ mawunya na wo o la, womabu fɔ wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o, gake esi wose mawunya la ta la, taflatsedodo aɖeke meli na wo o.
If I hadn’t come and spoken to them, they would have no sin, but now they have no excuse for their sin.
23 Ame si lé fum la lé fu Fofonye hã.
Whoever hates me also hates my Father.
24 Ɖe nyemewɔ nukunu gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o; wokpɔ nukunu geɖe siawo, gake wolé fu nye kple Fofonye.
If I hadn’t done the works which no one else did among them, they would have no sin; but now they have seen and also hated both me and my Father.
25 Esia wu nya si wogblɔ le se la me be, ‘Wolé fum dzodzro’ la nu.
This was to fulfill the word that is written in their Law, ‘They hated me without a cause.’
26 “Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ va la, aɖi ɖase tso ŋutinye.
When the Counselor comes, who I will send to you from the Father, the Spirit of Truth who proceeds from the Father, He will testify of me.
27 Eye ele be miawo hã miaɖi ɖase le ŋutinye, elabena mienɔ anyi kplim tso gɔmedzedzea me ke.
You will also testify, because you have been with me from the beginning.

< Yohanes 15 >