< Yohanes 14 >

1 Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migana vɔvɔ̃ naɖo mi, eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se.
אל יבהל לבבכם האמינו באלהים ובי האמינו׃
2 Fofonye ƒe aƒe me la, xɔ geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.
בבית אבי מעונות רבות ואם לא כן הוא כי עתה הגדתי לכם הנני הלך להכין מקום לכם׃
3 Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be, mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.
והיה כי הלכתי והכינותי לכם מקום שוב אשוב ולקחתי אתכם אלי למען באשר אהיה שם תהיו גם אתם׃
4 Mienya afi si meyina la xoxo, eye mienya mɔ la hã.”
ואל אשר אני הולך שמה ידעתם ואת הדרך ידעתם׃
5 Toma gblɔ nɛ be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, mienya afi si nèyina o, aleke wɔ miate ŋu anya mɔ la?”
ויאמר אליו תומא אדני לא ידענו אנה אתה הלך ואיככה נדע את הדרך׃
6 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.
ויאמר אליו ישוע אנכי הנני הדרך והאמת והחיים לא יבא איש אל האב כי אם על ידי׃
7 Ne ɖe mienya ame si ƒomevi menye la, anye ne mienya ame si ƒomevi Fofonye hã nye. Tso azɔ dzi la, mienya ame si Fofonye nye, eye miekpɔe hã!”
לו ידעתם אתי גם את אבי ידעתם ומעתה ידעתם אתו וראיתם אתו׃
8 Filipo gblɔ be, “Aƒetɔ, fia Fofo la mí ekema míaƒe dzi adze eme.”
ויאמר אליו פילפוס אדני הראנו נא את האב ודי לנו׃
9 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame si kpɔm la, Fofo lae nye ema wòkpɔ. Ke nu ka ta miegale didim be, ‘Mafia Fofo la mi ɖo?’
ויאמר אליו ישוע זה כמה ימים אנכי אתכם ואתה פילפוס הטרם תדעני הראה אתי ראה את האב ולמה זה תאמר הראנו את האב׃
10 Ɖe miexɔe se be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ Fofonye si le menye la ƒe nyawoe. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye.
האינך מאמין כי אנכי באבי ואבי בי הוא הדברים אשר אדבר אליכם לא מנפשי אנכי דבר כי אבי השכן בקרבי הוא עשה את המעשים׃
11 Mixɔe se ko be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye. Ne miate ŋu axɔ esia dzi se o la, ekema mixɔ dzinye se le nukunu geɖe siwo mewɔ miekpɔ la ta.
האמינו לי כי אנכי באבי ואבי בי הוא ואם לא אך בגלל המעשים האמינו לי׃
12 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si xɔ dzinye se la awɔ dɔ siwo katã mele wɔwɔm la, eye awɔ dɔ gãwo wu esiwo mewɔ, elabena meyina ɖe Fofo la gbɔ.
אמן אמן אני אמר לכם המאמין בי יעשה גם הוא את המעשים אשר אנכי עשה וגדלות מאלה יעשה כי אני הולך אל אבי׃
13 Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti.
וכל אשר תשאלו בשמי אעשנו למען יכבד האב בבנו׃
14 Ne miebia nane to nye ŋkɔ dzi ko la, mawɔe na mi.
כי תשאלו דבר בשמי אני אעשנו׃
15 “Ne mielɔ̃am la, miawɔ nye sewo dzi.
אם אהבתם אתי את מצותי תשמרו׃
16 Mabia Fofo la, wòaɖo nyaxɔɖeakɔla bubu ɖe mi, ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. (aiōn g165)
ואני אשאלה מאבי והוא יתן לכם פרקליט אחר אשר ישכן אתכם לנצח׃ (aiōn g165)
17 Xexea me mate ŋu axɔ nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ la o, elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae, elabena ele mia me, eye wòanɔ anyi kpli mi.
את רוח האמת אשר לא יכל העולם להשיגו באשר לא יראהו ולא ידעהו ואתם ידעתם אתו כי אתכם שכן הוא אף יהיה בתוככם׃
18 Nye la, nyemagblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ.
לא אעזבכם יתומים אבואה אליכם׃
19 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, xexea me tɔwo magakpɔm o, ke miawo ya, miakpɔm. Esi mele agbe ta la, miawo hã mianɔ agbe.
עוד מעט והעולם לא יוסיף לראות אתי ואתם תראוני כי חי אני וגם אתם חיה תחיו׃
20 Gbe ma gbe la, mianya be mele Fofo la me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me.
והיה ביום ההוא ידוע תדעו כי אני באבי ואתם בי ואני בכם׃
21 Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am. Ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.”
מי אשר מצותי אתו וינצרן זה הוא אשר יאהבני ואהבי אהוב הוא לאבי ואני אהבהו ואליו אתודע׃
22 Yuda (menye Yuda Iskariɔt o, ke boŋ nusrɔ̃la bubu), biae be, “Aƒetɔ, nu ka ta wònye mí nusrɔ̃lawo ko nèle ɖokuiwo ɖe ge afia, ke menye xexea me katã o?”
ויאמר אליו יהודה לא יהודה איש קריות אדני מה הוא זה כי תחפץ להתודע אלינו ולא לעולם׃
23 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si lɔ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye hã alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.
ויען ישוע ויאמר אליו איש כי יאהבני ישמר את דברי ואבי יאהב אתו ונבואה אליו ונשים אצלו מעונתנו׃
24 Ame si melɔ̃m o la mawɔ ɖe nye nufiafia dzi o. Nya siwo miese la, menye nye ŋutɔ tɔ o; Fofonye, ame si dɔm la ƒe nyawoe.
ואשר לא יאהבני הוא לא ישמר את דברי והדבר אשר שמעתם לא שלי הוא כי אם של אבי אשר שלחני׃
25 “Mele nya siawo gblɔm na mi fifia esi megale mia gbɔ.
את אלה דברתי אליכם בעוד היותי עמכם׃
26 Ke Nyaxɔɖeakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Fofo la adɔ ɖo ɖa le nye ŋkɔ me la afia nu geɖewo mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã mefia mi la dzi na mi.
והפרקליט תוח הקדש אשר ישלחנו אבי בשמי הוא ילמדכם את כל ויזכירכם את כל אשר הגדתי לכם׃
27 Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o.
שלום אניח לכם את שלומי אתן לכם לא כאשר יתן העולם אנכי נתן לכם אל יבהל לבבכם ואל יחת׃
28 “Miese megblɔ be, ‘Madzo eye magatrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la, dzi adzɔ mi be mele dzodzom yina ɖe Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum.
הלא שמעתם כי אמרתי אליכם אלך לי ואשובה אליכם אם אהב תאהבוני כי עתה תשמחו באמרי לכם כי הלך אני אל האב כי אבי גדול ממני׃
29 Megblɔ nya siawo na mi hafi woava dzɔ, ale be ne wova dzɔ la, ne miaxɔ wo dzi ase.
ועתה הנה הגדתי זאת לכם בטרם היותה למען בבואה תאמינו׃
30 Nyemagaƒo nu na mi fũu o, elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o,
לא ארבה עוד אמרים עמכם כי יבוא שר העולם הזה ובי אין לו מאומה׃
31 gake ele be xexea me nanyae be melɔ̃ Fofo la eye be mewɔa nu si tututu Fofo la ɖo nam be mawɔ. “Azɔ, miva mídzo.
אך למען ידע העולם כי את אבי אני אהב וכאשר צוני אבי כן אני עשה קומו ונלכה מזה׃

< Yohanes 14 >