< Yohanes 13 >

1 Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, eye Yesu nya be ɣeyiɣi la de be yeadzo le xexea me, atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexea me ŋutɔ, eye wògaɖe eƒe lɔlɔ̃ fia wo.
Before the Passover Festival began, Jesus knew that the time had come for him to leave the world and go to the Father. He had loved those who were his own in the world, and he loved them to the last.
2 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi.
The devil had already put the thought of betraying Jesus into the mind of Judas Iscariot, the son of Simon;
3 Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be Mawu gbɔe yetso va, eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ.
and at supper, Jesus – although knowing that the Father had put everything into his hands, and that he had come from God, and was to return to God –
4 Le esia ta Yesu tsi tsitre le fiẽnuɖukplɔ̃ la ŋu, eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali.
rose from his place, and, taking off his upper garments, tied a towel round his waist.
5 Etsɔ gagba ku tsi ɖe eme, eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la tutua afɔ nɛ.
He then poured some water into the basin, and began to wash the disciples’ feet, and to wipe them with the towel which was tied round him.
6 Esi wòɖo Simɔn Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro biae be, “Aƒetɔ, ɖe nèbe yeaklɔ nye afɔwoa?”
When he came to Simon Peter, Peter said, ‘You, Master! Are you going to wash my feet?’
7 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Màse nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake àva se egɔme emegbe.”
‘You do not understand now what I am doing,’ replied Jesus, ‘but you will learn by and by.’
8 Petro gblɔ be, “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.” (aiōn g165)
‘You will never wash my feet!’ exclaimed Peter. ‘Unless I wash you,’ answered Jesus, ‘you have nothing in common with me.’ (aiōn g165)
9 Simɔn Petro gblɔ be, “Aƒetɔ, ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.”
‘Then, Master, not my feet only,’ exclaimed Simon Peter, ‘but also my hands and my head.’
10 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ be eŋuti nakɔ nyuie. Mia ŋuti kɔ, gake menye mi katã ŋutie kɔ o.”
‘He who has bathed,’ replied Jesus, ‘has no need to wash, unless it be his feet, but is altogether clean; and you,’ he said to the disciples, ‘are clean, yet not all of you.’
11 Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ede ge asi.
For he knew who was going to betray him, and that was why he said “You are not all clean.”
12 Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be, “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea?
When he had washed their feet, and had put on his upper garments and taken his place, he spoke to them again. ‘Do you understand what I have been doing to you?’ he asked.
13 Miawo la, mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã.
‘You yourselves call me “the teacher” and “the Master”, and you are right, for I am both.
14 Minya be esi nye, miaƒe Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ miaƒe afɔwo ŋu la, ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo.
If I, then – “the Master” and “the teacher” – have washed your feet, you also ought to wash one another’s feet;
15 Kpɔɖeŋu wònye mena mi, eya ta miwɔ nu si mewɔ na mi la.
for I have given you an example, so that you may do just as I have done to you.
16 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be subɔla mekɔna wu eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe la o.
In truth I tell you, a servant is not greater than their master, neither is a messenger greater than the one who sends them.
17 Mienya esiawo, eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi.
Now that you know these things, happy are you if you do them.
18 “Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya ame siwo metia la. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’
I am not speaking about all of you. I know whom I have chosen; but this is in fulfilment of the words of scripture – “He that is eating my bread has lifted his heel against me.”
19 “Mele egblɔm na mi hafi wòava eme. Mele nya siawo katã gblɔm na mi be ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase.
For the future I will tell you of things before they take place, so that, when they take place, you may believe that I am what I am.
20 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si axɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si axɔm la, xɔ ame si dɔm.”
In truth I tell you, the one who receives anyone that I send receives me; and the person who receives me receives him who sent me.’
21 Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, eʋuʋu le eɖokui me, eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖeka adem asi.”
After saying this, Jesus was much troubled, and said solemnly, ‘In truth I tell you that it is one of you who will betray me.’
22 Nya siawo na be nusrɔ̃lawo trɔ kpɔ wo nɔewo ƒe ŋkume, elabena womenya wo dometɔ si wòwɔnɛ o.
The disciples looked at one another, wondering whom he meant.
23 Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu.
Next to Jesus, in the place on his right hand, was one of his disciples, whom he loved.
24 Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Bia mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe lae.”
So Simon Peter made signs to that disciple, and whispered, ‘Tell me who it is that he means.’
25 Nusrɔ̃la la gaziɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòbiae be, “Aƒetɔ, ame kae?”
Being in this position, that disciple leant back on Jesus’ shoulder, and asked him, ‘Who is it, Master?’
26 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simɔn ƒe vi, Yuda Iskariɔt.
‘It is the one,’ answered Jesus, ‘to whom I will give a piece of bread after dipping it in the dish.’ And, when Jesus had dipped the bread, he took it and gave it to Judas, the son of Simon Iscariot;
27 Esi Yuda ɖu abolo la vɔ ko la, Satana ge ɖe eme. Yesu gblɔ nɛ be, “Ɖe abla nàyi aɖawɔ nu si nèɖo la.”
and it was then, after he had received it, that Satan took possession of him. So Jesus said to him, ‘Do at once what you are going to do.’
28 Ke ame siwo le kplɔ̃a ŋu la mese nya si Yesu gblɔ nɛ la gɔme o.
But no one at the table understood why he said this to Judas.
29 Wobu be esi Yuda nye woƒe gadzikpɔla tae Yesu le edɔm be wòayi aɖaxe fe ɖe nu si ɖum yewole la ta loo alo wòayi aɖana ga ame dahewo.
Some thought that, as Judas kept the purse, Jesus meant that he was to buy some things needed for the Festival, or to give something to the poor.
30 Esi Yuda ɖu abolo la teti ko la, edzo le xɔa me enumake hege ɖe viviti la me.
After taking the piece of bread, Judas went out immediately; and it was night.
31 Esi Yuda do go le xɔa me la, Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi de be woaɖe Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye woaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi.
When Judas had gone out, Jesus said, ‘Now the Son of Man has been exalted, and God has been exalted through him;
32 Ne woɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi la, Mawu aɖe Via ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to eya ŋutɔ dzi, eye wòaɖe eƒe ŋutikɔkɔe la afia enumake.
and God will exalt him with himself – yes, he will exalt him forthwith.
33 “Vinye lɔlɔ̃awo, ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ene la, miadim, gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o.
My children, I am to be with you but a little while longer. You will look for me; and what I said to the people – “You cannot come where I am going” – I now say to you.
34 “Se yeye mena mi: Milɔ̃ mia nɔewo. Abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema.
I give you a new commandment – love one another; love one another as I have loved you.
35 To esia wɔwɔ me la, amewo katã anya be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne mielɔ̃ mia nɔewo.”
It is by this that everyone will recognise you as my disciples – by your loving one another.’
36 Simɔn Petro biae be, “Aƒetɔ, afi ka nèyina?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Afi si meyina fifia la, miate ŋu akplɔm ɖo ayi o, ke emegbe la, miava.”
‘Where are you going, Master?’ asked Peter. ‘I am going where you cannot now follow me,’ answered Jesus, ‘but you will follow me later.’
37 Petro gabiae be, “Nu ka ta nyemate ŋu akplɔ wò ɖo fifia o? Nye la, mele klalo be mabu nye agbe ɖe tawò.”
‘Why cannot I follow you now, Master?’ asked Peter. ‘I will lay down my life for you.’
38 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èka ɖe edzi be àte ŋu abu wò agbe ɖe tanyea? Nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
‘Will you lay down your life for me?’ replied Jesus. ‘In truth I tell you, the cock will not crow until you have disowned me three times.

< Yohanes 13 >