< Yohanes 12 >

1 Esi wòsusɔ ŋkeke ade woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, Yesu va ɖo Betania si nye Lazaro, ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe du me.
Six days before the Passover Jesus went to Bethany, to the home of Lazarus who had been raised from the dead.
2 Woɖo fiẽnuɖukplɔ̃ na Yesu le afi sia. Marta subɔ Yesu le kplɔ̃ la ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu.
There a dinner was arranged in his honor. Martha helped serve the food while Lazarus sat at the table with Jesus and the others guests.
3 Esi wonɔ nu ɖum la, Maria tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe vɛ, eye wòsii na Yesu ƒe afɔwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Ami la ƒe ʋeʋẽ xɔ aƒe blibo la me.
Mary brought a pint of pure nard perfume and anointed Jesus' feet, wiping them dry with her hair. The scent of the perfume filled the whole house.
4 Esi Yuda Iskariɔt, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, ame si fia Yesu yomemɔ emegbe la kpɔ nu sia la, egblɔ be,
But one of the disciples, Judas Iscariot, who would later betray Jesus, asked,
5 “Nu ka ta womedzra amiʋeʋĩ sia hetsɔ ga la na ame dahewo o ɖo?”
“Why wasn't this perfume sold and the money given to the poor? It was worth three hundred denarii.”
6 Eƒe asi wu ƒe ɖeka ƒe fetu. Megblɔ esia ɖe esi wòtsɔ ɖe le eme na ame dahewo ta o, ke boŋ fiafitɔ wònye; eyae kpɔa nusrɔ̃lawo ƒe ga dzi, eye wònɔa ga la fim.
He wasn't saying this because he cared about the poor but because he was a thief. He was the one who looked after the disciples' money and he often took some for himself.
7 Tete Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Miɖe asi le eŋu, elabena ewɔ esia be yeadzram ɖo ɖi na nye ɖigbe.
“Don't criticize her,” Jesus replied. “She did this in preparation for the day of my burial.
8 Ame dahewo anɔ mia dome ɖaa, ke nyemanɔ mia dome ɖaa o.”
You'll always have the poor here with you, but you won't always have me here.”
9 Esi Yudatɔwo se be Yesu va ɖo wo dome la, woʋli vevie be yewoakpɔe, eye yewoakpɔ Lazaro, ame si Yesu fɔ tso ame kukuwo dome la hã.
A large crowd had found out that he was there. They came there not just to see Jesus but because they wanted to see Lazarus, the man Jesus had raised from the dead.
10 Eya ta nunɔlagãwo wɔ ɖoɖo be yewoawu Lazaro hã,
So the chief priests planned to kill Lazarus as well,
11 elabena eya tae Yudatɔ geɖewo dze Yesu yome, eye woxɔ edzi se ɖo.
since it was because of him that many Jews were no longer following them but putting their trust in Jesus.
12 Esi ŋu ke la, ameha gã si va azã la ɖuƒe la se be Yesu le mɔ dzi gbɔna Yerusalem. Ame geɖe siwo va Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe la hã see ale woyi be yewoaɖakpee.
The following day the crowds of people who had come for the Passover festival heard that Jesus was on his way to Jerusalem.
13 Ale woŋe deʋayawo ɖe asi yina be yewoakpee, eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be, “Hosana!” “Yayratɔe nye ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Yayratɔe nye Israel ƒe fia la!”
They cut off palm branches and went to welcome him, shouting, “Hosanna! Blessed is the one coming in the name of the Lord. Blessed is the king of Israel.”
14 Yesu kpɔ tedzivi aɖe, eye wònɔ anyi ɖe edzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,
Jesus found a young donkey and rode on it, as Scripture says:
15 “Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnuvi. Kpɔ ɖa, wò fia do tedzivi gbɔna!”
“Don't be afraid, daughter of Zion. Look, your king is coming, riding a donkey's colt.”
16 Gbã la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese nu siawo katã gɔme o. Ke esi wokɔ Yesu ŋu wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me megbe hafi wode dzesii be woŋlɔ nu siawo tso eŋu, eye wowɔ nu siawo nɛ.
At the time, Jesus' disciples did not understand what these things meant. It was only later when he was glorified that they realized what had happened had been prophesied and applied to him.
17 Azɔ ameha siwo nɔ eteƒe hafi Yesu yɔ Lazaro be wòado go tso yɔdo me, eye wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la kaka nya la.
Many in the crowd had seen Jesus call Lazarus from the tomb and raise him from the dead and were telling the story.
18 Le nukunu si wòwɔ wose ta la, amewo ƒo zi yi be yewoaɖakpɔe.
That was the reason so many people went to meet Jesus—because they had heard about this miracle.
19 Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, nu sia mele mía dzi de ge o. Mikpɔ ale si xexea me katã kplɔe ɖoe ɖa!”
The Pharisees said to one other, “Look, we're getting nowhere. Everyone's running after him.”
20 Grikitɔ aɖewo hã nɔ ame siwo va Yerusalem dua me be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekea la dome.
Now some Greeks had come to the festival to worship.
21 Ame siawo va Filipo, ame si tso Betsaida le Galilea la gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, miedi be miakpɔ Yesu.”
They came to Philip of Bethsaida in Galilee, and said, “Sir, we'd like to see Jesus.”
22 Filipo hã ɖagblɔe na Andrea ale eya kple Andrea woyi ɖagblɔe na Yesu.
Philip went and told Andrew. Then they both went to Jesus and told him.
23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gaƒoƒo la de be woakɔ Amegbetɔ Vi la ŋu.
Jesus replied, “The time has come for the Son of man to be glorified.
24 Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be, ne bliku la mege ɖe anyigba, eye wòku o la, ekema eya ɖeka tsi anyi. Gake ne eku la, etsea ku geɖe.
I tell you the truth: unless a grain of wheat is planted in the soil and dies, it remains just one grain. But if it dies, it produces many more grains of wheat.
25 Ame si lɔ̃ eƒe agbe la, abui, ke ame si gbe nu le eƒe agbe gbɔ le xexe sia me, adzrae ɖo ɖi na agbe mavɔ la. (aiōnios g166)
If you love your own life you will lose it, but if you don't love your own life in this world you will keep your life forever. (aiōnios g166)
26 “Ame si subɔam la, ele be wòadze yonyeme, be afi si mele la, nye subɔla hã nanɔ afi ma. Fofonye ade bubu ame si subɔam la ŋu.
If you want to serve me you need to follow me. My servants will be where I am, and my Father will honor anyone who serves for me.
27 “Azɔ nye dzi le nu xam, ke nya ka magblɔ? Fofo, ɖem le gaƒoƒo sia mea? Gbeɖe, elabena esia ta meva xexea me ɖo.
Now I am troubled. What should I say? ‘Father, save me from this coming time of suffering?’ No, for this is why I came—to go through this time of suffering.
28 Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋu.” Esi Yesu wu nya siawo nu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.”
Father, show the glory of your character.” A voice came from heaven, saying, “I have shown its glory, and I will show it again.”
29 Esi ameha la se gbe sia la, wogblɔ be dziɖegbee; bubuwo gblɔ be mawudɔla aɖe ƒo nu nɛ.
The crowd that was standing there heard it. Some said it thundered; others said an angel had spoken to him.
30 Yesu gblɔ be, “Miawo ta gbe sia ɖi ɖo, menye tanye o.
Jesus told them, “This voice spoke not for my sake, but for yours.
31 Gaƒoƒo la de be woadrɔ̃ ʋɔnu xexea me; azɔ la, woanya xexe sia me ƒe fia la.
Now is the judgment of this world; now the prince of this world will be thrown out.
32 Gake nye la, ne wokɔm ɖa tso anyigba la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu.”
But when I am lifted up from the earth I will attract everyone to me.”
33 Egblɔ nya sia be yeatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge yeala.
(He said this to point out the kind of death he was going to die.)
34 Ameha la biae be, “Míesee le Se la me be Kristo la anɔ agbe tegbee. Nu ka ta nèbe ‘woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi’ ɖo? Ame kae nye Amegbetɔ Vi sia?” (aiōn g165)
The crowd responded, “The Law tells us that the Messiah will live forever, so how can you say the Son of man must be ‘lifted up’? Who is this ‘Son of man’?” (aiōn g165)
35 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli la agaklẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Mizɔ le kekeli la me hafi viviti nagado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la menya afi si yim wòle o.
Jesus replied, “The light is here with you for a little longer. Walk while you have the light so that the darkness doesn't overtake you. Those who walk in the dark don't know where they're going.
36 Mixɔ kekeli la dzi se esi wòle mia gbɔ, be miazu kekeli ƒe viwo.” Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edo go le ameawo dome ɖaɣla eɖokui.
Put your trust in the light while you still have it so that you can become children of light.” When Jesus had told them this, he left and hid himself from them.
37 Togbɔ be Yesu wɔ nukunu siawo le wo dome hã la, womexɔ edzi se o.
But despite all the miracles he had done in their presence, they still did not trust in Jesus.
38 Esia ɖo kpe Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya dzi be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nya dzi se? Eye ame kae woɖe Mawu ƒe ŋusẽ gã la fia?”
This fulfilled the message of Isaiah the prophet who said, “Lord, who has believed what we told them? To whom has the Lord's power been revealed?”
39 Susu sia ta womexɔ edzi se o ɖo, elabena Yesaya gagblɔ be,
They were not able to trust him, and as a result they fulfilled what Isaiah also said:
40 “Mawu gbã woƒe ŋkuwo, eye wòna be woƒe dziwo ku atri, be womagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, alo ase nu gɔme kple woƒe dziwo o, alo atrɔ ɖe Mawu ŋu be wòada gbe le wo ŋu o.”
“He blinded their eyes, and made their minds dull, so that their eyes would not see, and their minds would not think, and they would not turn to me—for if they did I would heal them.”
41 Yesaya gblɔ esia, elabena ekpɔ Yesu ƒe ŋutikɔkɔe, eye wòƒo nu tso eŋu.
Isaiah saw Jesus' glory and said this in reference to him.
42 Ke hã la, Yudatɔwo ƒe dumegã geɖewo xɔ Yesu dzi se. Gake ɖe Farisitɔwo ta la, womete ŋu ʋu woƒe xɔse me o; wonɔ vɔvɔ̃m be woanya yewo le gbedoxɔ la me,
Even so many of the leaders did trust in him. However, they did not openly admit it because they did not want the Pharisees to expel them from the synagogue,
43 elabena wolɔ̃ amegbetɔ ƒe kafukafu wu Mawu ƒe kafukafu.
loving human admiration more than God's approval.
44 Yesu do ɣli gblɔ be, “Ne ame aɖe xɔ dzinye se la, menye nye ɖeka dzi wòxɔ se o, ke boŋ ame si dɔm la hã.
Jesus called out, “If you trust in me you're not just trusting in me but also in the one who sent me.
45 Elabena ne ekpɔm la, ekpɔ ame si dɔm la hã.
When you see me, you're seeing the one who sent me.
46 Nye la, meva xexea me abe kekeli ene, be ame si xɔ dzinye se la manɔ viviti me o.
I have come as a light shining into the world, so if you trust in me you won't remain in the dark.
47 “Ke ame si se nye nyawo, gake mewɔ ɖe wo dzi o la, nyemadrɔ̃ ʋɔnui o. Elabena nyemeva be madrɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be maɖe xexea me.
I don't judge anyone who hears my words but doesn't do what I say. I came to save the world, not to judge it.
48 Ʋɔnudrɔ̃la aɖe li si adrɔ̃ ʋɔnu ame si gbe nu le gbɔnye, eye mexɔ nye nyawo o; nya siwo megblɔ la, woawoe woatsɔ abu fɔ woe le nuwuwuŋkeke la dzi.
Anyone who rejects me and does not accept my words will be judged at the end-time judgment in accordance with what I have said.
49 Elabena nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo si dɔm la ƒe nya siwo katã wògblɔ nam be magblɔ lae.
For I'm not speaking for myself but for my Father who sent me. He is the one who instructed me what to say and how to say it.
50 Menya be eƒe nyawo katã akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee. Eya ta megblɔa nya si Fofo la gblɔ nam be magblɔ la.” (aiōnios g166)
I know that what he told me to say brings eternal life—so whatever I say is what the Father told me.” (aiōnios g166)

< Yohanes 12 >