< Yohanes 11 >

1 Azɔ eva eme be ŋutsu aɖe si woyɔna be Lazaro la dze dɔ. Etso Betania, Maria kple nɔvia Marta ƒe du me.
ここに病める者あり、ラザロと云ふ、マリヤとその姉妹マルタとの村ベタニヤの人なり。
2 (Maria si kɔ amiʋeʋĩ ɖe Aƒetɔ ƒe afɔwo ta, eye wòtutui kple eƒe taɖa la nɔvie nye Lazaro si le dɔ lém la.)
此のマリヤは、主に香 油をぬり、頭髮にて御足を拭ひし者にして、病めるラザロはその兄弟なり。
3 Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖe Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.”
姉妹ら人をイエスに遣して『主、視よ、なんぢの愛し給ふもの病めり』と言はしむ。
4 Esi Yesu se nya sia la, egblɔ be, “Dɔléle sia menye kudɔe o, ke boŋ to eme la, woakafu Mawu, eye woakɔ Mawu ƒe Vi la ŋuti.”
之を聞きてイエス言ひ給ふ『この病は死に至らず、神の榮光のため、神の子のこれに由りて榮光を受けんためなり』
5 Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvia nyɔnu Maria kpakple Lazaro,
イエスはマルタと、その姉妹と、ラザロとを愛し給へり。
6 gake esi wòse be Lazaro nɔ dɔ lém la, eganɔ afi si wòle la ŋkeke eve hafi dze mɔ.
ラザロの病みたるを聞きて、その居給ひし處になほ二日とどまり、
7 Azɔ eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Mina míatrɔ ayi Yudea.”
而してのち弟子たちに言ひ給ふ『われら復ユダヤに往くべし』
8 Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?”
弟子たち言ふ『ラビ、この程もユダヤ人、なんぢを石にて撃たんとせしに、復かしこに往き給ふか』
9 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke me, eye le ɣeyiɣi siawo me la, ame ate ŋu azɔ numaklimaklii, elabena ele xexe sia me ƒe kekeli kpɔm.
イエス答へたまふ『一日に十二 時あるならずや、人もし晝あるかば、此の世の光を見るゆゑに躓くことなし。
10 Gake ne ele zɔzɔm le zã me la, akli nu, elabena viviti do.”
夜あるかば、光その人になき故に躓くなり』
11 Esi wògblɔ nya sia vɔ la, eyi edzi be, “Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, eya ta meyina be maɖanyɔe.”
かく言ひて復その後いひ給ふ『われらの友ラザロ眠れり、されど我よび起さん爲に往くなり』
12 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme asẽ.”
弟子たち言ふ『主よ、眠れるならば癒ゆべし』
13 Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle.
イエスは彼が死にたることを言ひ給ひしなれど、弟子たちは寢ねて眠れるを言ひ給ふと思へるなり。
14 Yesu ɖe eme na nusrɔ̃lawo be, “Lazaro ku,
ここにイエス明白に言ひ給ふ『ラザロは死にたり。
15 eye le miawo ta la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemenɔ afi ma o, be miaxɔ dzinye ase. Miva míayi egbɔ.”
我かしこに居らざりし事を汝 等のために喜ぶ、汝 等をして信ぜしめんとてなり。されど我ら今その許に往くべし』
16 Toma (si wogayɔna hã be Didymus) la gblɔ na nusrɔ̃la bubuawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.”
デドモと稱ふるトマス、他の弟子たちに言ふ『われらも往きて彼と共に死ぬべし』
17 Esi Yesu ɖo Betania la, wogblɔ nɛ be Lazaro ku, eye woɖii ŋkeke ene sɔŋ va yi xoxo.
さてイエス來り見 給へば、ラザロの墓にあること既に四日なりき。
18 Betania anɔ abe agbadroƒe eve kple afã ene tso Yerusalem gbɔ,
ベタニヤはエルサレムに近くして、二 十 五 丁ばかりの距離なるが、
19 eya ta Yudatɔ geɖewo va kua teƒe be yewoado baba na Marta kple Maria siwo nye ameyinugbe la nɔviwo.
數多のユダヤ人、マルタとマリヤとをその兄弟の事につき慰めんとて來れり。
20 Esi Marta se be Yesu gbɔna la, edo go be yeaɖakpee le mɔa dzi. Ke Maria ya meyi o.
マルタはイエス來給ふと聞きて出で迎へたれど、マリヤはなほ家に坐し居たり。
21 Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.
マルタ、イエスに言ふ『主よ、もし此處に在ししならば、我が兄弟は死なざりしものを。
22 Gake menya be, nu sia nu si nèbia Mawu la, ana wò.”
されど今にても我は知る、何事を神に願ひ給ふとも、神は與へ給はん』
23 Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔviwò la atsi tsitre.”
イエス言ひ給ふ『なんぢの兄弟は甦へるべし』
24 Marta gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, menya be nɔvinye la atsi tsitre le tsitretsitsi la kple nuwuwuŋkeke la dzi.”
マルタ言ふ『をはりの日、復活のときに甦へるべきを知る』
25 Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe;
イエス言ひ給ふ『我は復活なり、生命なり、我を信ずる者は死ぬとも生きん。
26 eye ame si le agbe, eye wòxɔ dzinye se la maku gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea?” (aiōn g165)
凡そ生きて我を信ずる者は、永遠に死なざるべし。汝これを信ずるか』 (aiōn g165)
27 Marta ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, mexɔe se be, wòe nye Kristo, Mawu Vi la, ame si ava xexea me la.”
彼いふ『主よ然り、我なんぢは世に來るべきキリスト、神の子なりと信ず』
28 Esi wògblɔ nya sia la, edzo yi aƒe me, eye wòyɔ nɔvia Maria ɖe kpɔe gblɔ nɛ be, “Nufiala la va ɖo, eye wòdi be yeakpɔ wò.”
かく言ひて後、ゆきて竊にその姉妹マリヤを呼びて『師きたりて汝を呼びたまふ』と言ふ。
29 Esi Maria se nya sia la, etso enumake yi Yesu gbɔ.
マリヤ之をきき、急ぎ起ちて御許に往けり。
30 Yesu mege ɖe dua me haɖe o, eganɔ afi si Marta va kpee le.
イエスは未だ村に入らず、尚マルタの迎へし處に居給ふ。
31 Esi Yudatɔ siwo va aƒea me be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo to wòyina be yeaɖafa avi, eya ta wokplɔe ɖo.
マリヤと共に家に居りて慰め居たるユダヤ人、その急ぎ立ちて出でゆくを見、かれは歎かんとて墓に往くと思ひて後に隨へり。
32 Esi Maria zɔ va ɖo afi si Yesu nɔ, eye wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.”
かくてマリヤ、イエスの居給ふ處にいたり、之を見てその足下に伏し『主よ、もし此處に在ししならば、我が兄弟は死なざりしものを』と言ふ。
33 Esi Yesu kpɔ ale si Maria nɔ avi fam, eye Yudatɔwo hã nɔ efam kplii la, ewɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eye eƒe ta me ɖe fu.
イエスかれが泣き居り、共に來りしユダヤ人も泣き居るを見て、心を傷め悲しみて言ひ給ふ、
34 Ebia be, “Afi ka woɖii ɖo?” Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, va kpɔ!”
『かれを何處に置きしか』彼ら言ふ『主よ、來りて見 給へ』
35 Yesu fa avi.
イエス涙をながし給ふ。
36 Esia ta Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa?”
ここにユダヤ人ら言ふ『視よ、いかばかり彼を愛せしぞや』
37 Gake wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nu ka ta ame si ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ la mena be ame sia meku o ɖo?”
その中の或 者ども言ふ『盲人の目をあけし此の人にして、彼を死なざらしむること能はざりしか』
38 Yesu gaʋuʋu le eɖokui me esi wòva yɔdo la gbɔ. Yɔdo la nye agado aɖe si nu wotsɔ kpe xee.
イエスまた心を傷めつつ墓にいたり給ふ。墓は洞にして石を置きて塞げり。
39 Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpe la ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ be, “Aƒetɔ, woɖii ŋkeke ene sɔŋ nye esi, eya ta anɔ ʋeʋẽm akpa.”
イエス言ひ給ふ『石を除けよ』死にし人の姉妹マルタ言ふ『主よ、彼ははや臭し、四日を經たればなり』
40 Yesu gblɔ be, “Nyemegblɔ na wò be, ne èxɔ dzinye se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?”
イエス言ひ給ふ『われ汝に、もし信ぜば神の榮光を見んと言ひしにあらずや』
41 Ale womli kpe la ɖa. Azɔ Yesu wu mo dzi, eye wògblɔ be, “Fofo, meda akpe na wò be èɖoa tom.
ここに人々 石を除けたり。イエス目を擧げて言ひたまふ『父よ、我にきき給ひしを謝す。
42 Èɖoa tom ɣe sia ɣi, gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, ne woaxɔe ase be wòe dɔm.”
常にきき給ふを我は知る。然るに斯く言ふは、傍らに立つ群衆の爲にして、汝の我を遣し給ひしことを之に信ぜしめんとてなり』
43 Esi wògblɔ nya sia la, edo ɣli sesĩe be, “Lazaro, do go va!”
斯く言ひてのち、聲 高く『ラザロよ、出で來れ』と呼はり給へば、
44 Enumake ame kuku si ƒe afɔwo kple asiwo le babla la fɔ tso yɔdo la me do kple eye ameɖivɔ si me woblae ɖo, eye taku bla ŋkume nɛ. Yesu gblɔ na ameawo be, “Miɖe ameɖivɔawo le eŋu ne wòadzo.”
死にしもの布にて足と手とを卷かれたるまま出で來る、顏も手拭にて包まれたり。イエス『これを解きて往かしめよ』と言ひ給ふ。
45 Yudatɔ siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa, eye wokpɔ nu si Yesu wɔ la xɔ edzi se.
かくてマリヤの許に來りて、イエスの爲し給ひし事を見たる多くのユダヤ人、かれを信じたりしが、
46 Gake wo dometɔ aɖewo yi Farisitɔwo gbɔ, eye wogblɔ nu si Yesu wɔ la na wo.
或 者はパリサイ人に往きて、イエスの爲し給ひし事を告げたり。
47 Esi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ Sahendriwo ƒe takpekpe. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? Elabena ame sia le nukunu geɖewo wɔm.
ここに祭司長・パリサイ人ら議會を開きて言ふ『われら如何に爲すべきか、此の人おほくの徴を行ふなり。
48 Enye nyateƒe be ŋutsu sia le nukunu geɖewo wɔm. Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ame sia ame axɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava axɔ míaƒe nɔƒe kple dukɔ la le mía si.”
もし彼をこのまま捨ておかば、人々みな彼を信ぜん、而してロマ人きたりて、我らの土地と國人とを奪はん』
49 Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kayafa, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me la tsi tsitre gblɔ be, “Mienya naneke o.
その中の一人にて此の年の大 祭司なるカヤパ言ふ『なんぢら何をも知らず。
50 Mienya be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔ la katã natsrɔ̃ oa?”
ひとりの人、民のために死にて、國人すべての滅びぬは、汝らの益なるを思はぬなり』
51 Megblɔ esia le eɖokui si o, ke boŋ abe nunɔlagã le ƒe ma me ene la, egblɔ nya ɖi be Yesu aku ɖe dukɔ la ta,
これは己より云へるに非ず、この年の大 祭司なれば、イエスの國人のため、
52 eye menye ɖe Israel dukɔ la ɖeɖe ko ta o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe vi siwo kaka ɖe xexea me katã la ta, be woaƒo wo katã nu ƒu woazu ame ɖeka.
又ただに國人の爲のみならず、散りたる神の子らを一つに集めん爲に死に給ふことを預言したるなり。
53 Tso ema dzi la, wowɔ ɖoɖo be yewoawu Yesu.
彼 等この日よりイエスを殺さんと議れり。
54 Esia ta Yesu megayia dutoƒo le Yudatɔwo dome. Edzo yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efraim la me, afi si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ.
されば此の後イエス顯にユダヤ人のなかを歩み給はず、此處を去りて、荒野にちかき處なるエフライムといふ町に往き、弟子たちと偕に其處に留りたまふ。
55 Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la tu aƒe la, ame geɖewo tso du vovovowo me yi Yerusalem hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnu la wɔwɔ hafi azã la naɖo.
ユダヤ人の過越の祭 近づきたれば、多くの人々 身を潔めんとて、祭のまへに田舍よりエルサレムに上れり。
56 Wo dometɔ geɖewo di be yewoakpɔ Yesu, eya ta esi wonɔ tsitre le gbedoxɔa me la, wobia wo nɔewo be, “Alekee nye miaƒe susu? Ele azã la ɖuƒe va gea?”
彼らイエスをたづね、宮に立ちて互に言ふ『なんぢら如何に思ふか、彼は祭に來らぬか』
57 Nunɔlagãwo kple Farisitɔwo ɖe gbe be ne ame aɖe kpɔ Yesu la, nena nyanya yewo, ne yewoalée.
祭司長・パリサイ人らは、イエスを捕へんとて、その在處を知る者あらば、告げ出づべく預て命令したりしなり。

< Yohanes 11 >