< Yohanes 10 >

1 “Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame si megena ɖe alẽkpo la me to agboa nu o, ke boŋ wòɖatoa afi bubu gena ɖe eme la, fiafitɔ kple adzodala wònye.
Truly, truly do I say to you, He that entereth not through the door into the sheepfold, but climbeth up some other way, the same is a thief and a robber;
2 Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla.
but he that entereth through the door is the shepherd of the sheep.
3 Agbonudzɔla ʋua agbo la nɛ, eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe.
To him the porter openeth; and the sheep hear his voice; and his own sheep he calleth by name, and leadeth them out.
4 Ne ekplɔ eƒe alẽawo katã do goe la, edzea ŋgɔ na wo, eye wokplɔnɛ ɖo, elabena wonya eƒe gbe.
When he hath put forth all his own, he goeth before them, and the sheep follow him, because they know his voice.
5 Womadze ame bubu yome o, ke boŋ woasi le egbɔ, elabena womede dzesi eƒe gbe o.”
But a stranger they will not follow, but will flee from him; because they know not the voice of strangers.
6 Yesu do lo sia na wo, gake womese nya si gblɔm wòle na wo la gɔme o.
This parable Jesus spoke to them; but they did not understand what the things were which he spoke to them.
7 Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nyee nye agbo na alẽawo,
Jesus therefore said, Truly, truly do I say to you, I am the door of the sheep.
8 eye ame siwo katã va do ŋgɔ nam la, alẽawo meɖo to wo o, elabena fiafitɔwo kple adzodalawo wonye.
All those who came are thieves and robbers; but the sheep did not hear them.
9 Nyee nye agbo la. Ame si to agbo la nu la, akpɔ ɖeɖe. Age ɖe eme, agado aɖaɖu gbe damawo.
I am the door; if any one enter through me, he will be saved, and will go in and out, and find pasture.
10 Fiafitɔ la vana be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye la, meva be woakpɔ agbe si de blibo la.
The thief cometh not but to steal, and to kill, and to destroy; I came that they might have life, and have abundance.
11 “Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔ eƒe agbe na ɖe alẽawo ta.
I am the good shepherd; the good shepherd giveth his life for the sheep.
12 Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la, ne ekpɔ amegaxi wògbɔna la, esina, elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegaxi la dzea alẽawo dzi, eye wokakana gbẽe.
He that is a hireling and not a shepherd, nor the owner of the sheep, seeth the wolf coming, and leaveth the sheep, and fleeth; and the wolf catcheth them, and scattereth the sheep;
13 Apadɔwɔla la sina, elabena ɖeko wodɔe be wòakpɔ alẽawo dzi, eye metsɔa ɖeke le eme na alẽawo o.
because he is a hireling, and careth not for the sheep.
14 “Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye alẽwo, eye nye alẽwo hã nyam,
I am the good shepherd, and I know my sheep, and they know me,
15 abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema ke nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta.
even as the Father knoweth me, and I know the Father; and I give my life for the sheep.
16 Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te.
And other sheep I have, which are not of this fold; them also I must bring; and they will hear my voice, and there will be one flock, one shepherd.
17 “Fofonye lɔ̃m, elabena metsɔ nye agbe ɖo anyi be magaxɔe. Ame aɖeke mate ŋu axɔe le asinye o.
On this account the Father loveth me, because I lay down my life, that I may take it again.
18 Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.”
No one taketh it from me, but I lay it down of myself. I have authority to lay it down, and I have authority to take it again; this charge I received from my Father.
19 Yesu ƒe nya siawo gahe mama de Yudatɔwo dome.
Again there arose a division among the Jews on account of these words.
20 Wo dometɔ geɖewo gblɔ be, “Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, eye wòle tsu kum. Migaɖo toe o.”
Many of them said, He hath a demon, and is mad; why do ye hear him?
21 Ke ame bubuwo gblɔ be, “Ame sia ƒe nyawo medze abe ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la tɔ ene o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ŋkuagbãtɔa?”
Others said, These are not the words of one that hath a demon. Can a demon open the eyes of the blind?
22 Ŋutikɔkɔŋkekenyui la ɖo le Yerusalem. Enye vuvɔŋɔli,
And the feast of the dedication came at Jerusalem. It was winter;
23 eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Solomo ƒe Akpata la me.
and Jesus was walking in the temple, in Solomon's porch.
24 Yudatɔwo ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Ɣe ka yie nàna míatsi dzimaɖi se ɖo? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.”
Then came the Jews around him, and said to him, How long dost thou hold our minds in suspense? If thou art the Christ, tell us plainly.
25 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi xoxo, gake miexɔe se o. Nukunu siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la hã le ɖase ɖim le ŋunye,
Jesus answered them, I have told you, and ye do not believe. The works that I do in my Father's name, these bear witness of me.
26 gake miexɔe se o, elabena menye nye alẽwo mienye o.
But ye do not believe, because ye are not of my sheep, as I said to you.
27 Nye alẽwo sea nye gbe; menya wo, eye wodzea yonyeme.
My sheep hear my voice, and I know them, and they follow me;
28 Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o, (aiōn g165, aiōnios g166)
and I give them everlasting life; and they shall never perish, nor shall any one tear them out of my hand. (aiōn g165, aiōnios g166)
29 elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o.
That which my Father hath given me is greater than all; and no one is able to tear [[them]] out of the Father's hand.
30 Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye.”
I and the Father are one.
31 Yudatɔwo gafɔ kpewo be yewoaƒui,
The Jews again took up stones to stone him.
32 gake Yesu gblɔ na wo be, “Fofo la na mewɔ nukunuwo na mi. Nu siawo dometɔ ka ta miedi be yewoaƒu kpem ɖo?”
Jesus answered them, Many good works have I shown you from the Father; for which of those works do ye stone me?
33 Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Menye nukunu siwo nèwɔ la tae míedi be míaƒu kpe wò ɖo o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Nu ka ta wò amegbetɔ nèle ɖokuiwò yɔm be Mawu ɖo?”
The Jews answered him, Not for a good work do we stone thee, but for blasphemy, and because thou, who art a man, makest thyself God.
34 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖe miaƒe se la me be, ‘Megblɔe be mawuwo mienye’ oa?
Jesus answered them, Is it not written in your Law, “I said, ye are gods”?
35 Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya la va na, eye womate ŋu ada le mawunya la dzi o,
If he called them gods, to whom the word of God came, and the Scripture cannot be made void,
36 eye aleke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexea me ŋu? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya, elabena megblɔ be, ‘Menye Mawu ƒe Vi’?
say ye of him whom the Father sanctified, and sent into the world, Thou blasphemest, because I said, I am the Son of God?
37 Ne menye Fofonye gbɔ nukunu siwo wɔm mele la tso o la, ekema migaxɔ dzinye se o.
If I do not the works of my Father, believe me not.
38 Ne mele nukunuwo wɔm, eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunu siwo mewɔ la dzi se, eye miadze sii be Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.”
But if I do them, though ye believe not me, believe the works; that ye may learn and know that the Father is in me, and I in the Father.
39 Ameawo gadi be yewoalée, gake edo go dzo le wo gbɔ.
They sought therefore to seize him; and he went forth out of their hands.
40 Yesu gatrɔ ɖatso Yɔdan tɔsisi la yi egodo, eye wòyi ɖanɔ afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le tsã la.
And he went away again beyond the Jordan, to the place where John was at first baptizing; and there he abode.
41 Enɔ afi sia, eye ame geɖewo va egbɔ. Ameawo gblɔ be, “Togbɔ be Yohanes mewɔ nukunu aɖeke o hã la, nya siwo katã Yohanes gblɔ tso ŋutsu sia ŋu la nye nyateƒe.”
And many came to him, and said, John indeed wrought no sign; but everything that John said of this man was true.
42 Ame geɖewo xɔ Yesu dzi se le teƒe sia.
And many believed in him there.

< Yohanes 10 >