< Yoel 3 >
1 “Le ŋkeke mawo kple ɣe ma ɣi me ne megaɖo Yuda kple Yerusalem te la,
For, behold, in those days, and in that time, when I will cause to return the captivity of Judah and Jerusalem,
2 maƒo dukɔwo nu ƒu ɖe Yehosafat ƒe Balime eye madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma le nye amewo kple nye domenyinu Israel ta, elabena wokaka nye domenyinu la ɖe dukɔwo dome eye woma nye anyigba.
Then will I assemble all the nations, and I will bring them down into the valley of Jehoshaphat, and I will hold judgment with them there because of my people and my heritage Israel, whom they have scattered among the nations, and for my land [which] they have divided out.
3 “Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi eye woma nye amewo. Wotsɔ ŋutsuviwo ɖɔli gbolowoe eye wotsɔ nyɔnuviwo na ɖe wain si woano amu ta.
And for my people did they cast lots; and gave a boy for a harlot, and sold a girl for wine, and drank it.
4 “Tiro kple Sidon kple Filistitɔwo ƒe duwo katã, ɖe miele didim be miabia hlɔ̃ mahã? Mikpɔ nyuie elabena nye asi atre tsɔtsɔ na mi eye nu si mieɖo la atrɔ adze miawo ŋutɔ ƒe ta dzi.
And also ye, what have ye to do with me, O Tyre, and Zidon, and all ye districts of Philistia? is this the recompense which ye repay me? or do ye only commence to render me evil?— swiftly and speedily will I bring back your recompense upon your own head;
5 “Mieva lɔ nye klosalo kple sika kple nye kesinɔnu veviwo tsɔ yi ɖe miaƒe trɔ̃wo ƒe xɔwo mee.
Because my silver and my gold have ye taken, and the handsomest of my precious things have ye carried into your temples;
6 Miedzra Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo na Trɔ̃subɔlawo eye wokplɔ wo dzoe le woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi yi didiƒe ke.
And the children of Judah and the children of Jerusalem have ye sold unto the sons of the Jevanim, in order to remove them far from their borders.
7 Gake magakplɔ wo agbɔe tso teƒe siwo katã wokplɔ wo yii eye maɖo nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la teƒe na mi.
Behold, I will awaken them out of the place whither ye have sold them, and I will bring back your recompense upon your own head;
8 Matsɔ mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo adzra na Yudatɔwo eye woawo hã adzra wo na Sabeatɔwo le didiƒe ke. Yehowae gblɔe.
And I will deliver your sons and your daughters into the hand of the children of Judah, and they shall sell them to the Sabeans, to a nation far off; for the Lord hath spoken it.
9 “Miɖe gbeƒã nu sia le dukɔwo dome be, ‘Midzra ɖo na aʋawɔwɔ!’ Mitia miaƒe asrafo kalẽtɔwo, miƒo miaƒe aʋawɔlawo katã nu ƒu na aʋawɔwɔ.
Proclaim ye this among the nations, Prepare war, wake up the mighty men; let them draw near; let them come up—all the men of war.
10 Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu aʋawɔyiwoe eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe. Ame gblɔewo negblɔ be, ‘Miawoe nye ŋusẽtɔwo.’
Beat your plough-shares into swords, and your pruning-knives into spears: let the weak say, I am a hero.
11 Mi dukɔ siwo kaka ɖe afi sia afi, miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miava. “O Yehowa, dɔ wò aʋakɔwo be woaɖiɖi ava anyi!
Assemble hastily together, and come, all ye nations from every side, and gather yourselves together: there doth the Lord strike down thy mighty ones.
12 “Miƒo dukɔwo nu ƒu; mikplɔ wo va Yehosafat ƒe Balimee, afi ma manɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo katã.
Let the nations awake, and come up to the valley of Jehoshaphat; for there will I sit to judge all the nations from every side.
13 Azɔ nukuxahɛ newɔ eƒe dɔ elabena nukuawo tsi vɔ hele lalam na nuŋeɣi. Miva, mifanya waintsetseawo, elabena wainfiaƒe la yɔ, eye waindzraɖoƒe la yɔ gbagba, elabena woƒe nu tovowo wɔwɔ sɔ gbɔ.”
Put forth the sickle; for the harvest is ripe: come, tread down [the grapes]; for the press is full; the vats overflow; for great is their wickedness.
14 Ame akpe akpewo le Nyametsotso ƒe Balime elabena Yehowa ƒe Ŋkeke la tu aƒe le Nyametsotso Balime la.
Multitudes, multitudes are in the valley of decision; for near is the day of the Lord in the valley of decision.
15 Ɣe kple ɣleti ado viviti eye ɣletiviwo magaklẽ o.
Sun and moon are obscured, and stars withdraw their brightness.
16 Yehowa aɖe gbe tso Zion eye eƒe gbe aɖi tso Yerusalem eye dziƒo kple anyigba ade asi ʋuʋu me. Ke Yehowa anye sitsoƒe na eƒe amewo kple mɔ sesẽ na eƒe dukɔ Israel.
And the Lord will cry aloud out of Zion, and from Jerusalem will he send forth his voice; and the heavens and the earth shall quake; but the Lord will be a refuge for his people, and a stronghold for the children of Israel.
17 “Mlɔeba la, miava nya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, si le Zion, nye To Kɔkɔe la dzi. Yerusalem azu kɔkɔeƒe; ɣeyiɣi li gbɔna esi dutasrafowo magakpɔ mɔ aho aʋa ɖe eŋu o.
So shall ye know that I am the Lord your God, dwelling on Zion, my holy mount: and Jerusalem shall be holy, and strangers shall not pass through her any more.
18 “Le ɣe ma ɣi me la, wain yeye anɔ tsyɔtsyɔm tso towo ŋuti eye nyinotsi anɔ sisim bababa tso togbɛwo tame. Tsi ayɔ Yɔdan tɔʋuwo me banaa, eye tsi asi tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ade tsi Sitim ƒe Balime.
And it came to pass on that day, that the mountains shall drop down sweet new wine, and the hills shall flow with milk, and all the ravines of Judah shall flow with water; and a spring shall come forth out of the house of the Lord, and shall water the valley of Shittim.
19 Egipte azu aƒedo eye Edom azu gbegbe elabena wowɔ vɔ̃ ɖe Yudatɔwo ŋuti, eye wokɔ ʋu maɖifɔwo ɖi le du mawo me.
Egypt shall become a desolate land, and Edom shall become a desolate wilderness; because of the violence against the children of Judah, in whose land they have shed innocent blood.
20 Ke Yuda anɔ anyi tegbetegbe, eye Yerusalem anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.
But Judah shall be inhabited for ever, and Jerusalem from generation to generation.
21 Mahe to na Egiptetɔwo kple Edomtɔwo ɖe woƒe ʋu maɖifɔ kɔkɔɖi ta.”
And I will avenge their blood that I have not yet avenged; for the Lord dwelleth in Zion.