< Hiob 9 >

1 Hiob ɖo eŋu nɛ gblɔ be,
ヨブこたへて言けるは
2 “Vavã menya be esia nye nyateƒe, gake aleke amegbetɔ kodzogbea anɔ dzɔdzɔe le Mawu ŋkumee?
我まことに其事の然るを知り 人いかでか神の前に義かるべけん
3 Togbɔ be anye ame ƒe didi be yeahe nya kplii hã la, mate ŋu aɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu nɛ le nya akpe dome o.
よし人は神と辨爭はんとするとも千の一も答ふること能はざるべし
4 Eƒe nunya de to, eƒe ŋusẽ keke ta, ame kae tso ɖe eŋu kpɔ gbe abixɔxɔ?
神は心慧く力強くましますなり 誰か神に逆ひてその身安からんや
5 Emli towo ɖa gake womenya o eye wòtrɔ wo bu anyi le eƒe dziku me.
彼山を移したまふに山しらず 彼震怒をもて之を飜倒したまふ
6 Eʋuʋu anyigba le enɔƒe eye wòna eƒe sɔtiwo ʋuʋu kpekpekpe.
彼地を震ひてその所を離れしめたまへばその柱ゆるぐ
7 Eƒoa nu na ɣe eye meklẽna o, etsɔa nu xea ɣletiviwo ŋkume ale be womeklẽna o.
日に命じたまへば日いでず 又星辰を封じたまふ
8 Eya ɖekae keke dziƒowo me eye wòzɔa ƒutsotsoewo dzi.
唯かれ獨天を張り海の濤を覆たまふ
9 Eyae wɔ ɣletivi siwo woyɔna be, Avutɔ, Koklovinɔ kple Atifieŋu kple dzieheɣletiviwo.
また北斗參宿昴宿および南方の密室を造りたまふ
10 Ewɔ nu dzɔtsu siwo me dzodzro meli o eye wòwɔ nukunu siwo mele xexlẽme o.
大なる事を行ひたまふこと測られず奇しき業を爲たまふこと數しれず
11 Ne eva to ŋunye yi la, nyemate ŋu akpɔe o, ne etso eme va yi la, nyemate ŋu adze sii o.
視よ彼わが前を過たまふ 然るに我これを見ず彼すすみゆき賜ふ然るに我之を曉ず
12 Ne exɔ nu le ame si sesẽtɔe la, ame kae ate ŋu aɖo asi edzi? Ame kae ate ŋu agblɔ nɛ be, ‘Nu kae nye ema wɔm nèle?’
彼奪ひ去賜ふ 誰か能之を沮まん 誰か之に汝何を爲やと言ことを得爲ん
13 Mawu meɖoa asi eƒe dziku dzi o, Rahab ƒe aʋakɔwo gɔ̃ hã bɔbɔ ɖe eƒe afɔ te.
神其震怒を息賜はず ラハブを助る者等之が下に屈む
14 “Eya ta aleke nye ya mate ŋu aɖe ɖeklemie? Afi ka makpɔ nyawo le atsɔ ahe nya kplii?
然ば我爭か彼に回答を爲ことを得ん 爭われ言を選びて彼と論ふ事をえんや
15 Togbɔ be nyemedze agɔ o hã la, nyemate ŋu aɖo nya ŋu nɛ o. Kuku ko mate ŋu aɖe na nye Ʋɔnudrɔ̃la be wòakpɔ nublanui nam.
假令われ義かるとも彼に回答をせじ 彼は我を審判く者なれば我彼に哀き求ん
16 Ne meyɔe eye wòtɔ nam gɔ̃ hã la, nyemebu be aɖo tom o.
假令我彼を呼て彼われに答へたまふともわが言を聽いれ賜ひしとは我信ぜざるなり
17 Atsɔ ahomya agbãm gudugudu eye wòadzi nye abiwo ɖe edzi dzodzro.
彼は大風をもて我を撃碎き 故なくして我に衆多の傷を負せ
18 Maɖe mɔ nam be magakpɔ gbɔdzɔe o, ke boŋ ana vevesese nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye.
我に息をつかさしめず 苦き事をもて我身に充せ賜ふ
19 Ne ŋusẽ ƒe nya wònye la, kpɔ ɖa, ŋusẽtɔe wònye! Ke ne enye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nya la, ame kae akplɔe ayi ʋɔnui?
強き者の力量を言んか 視よ此にあり 審判の事ならんか 誰か我を喚出すことを得爲ん
20 Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nye nu abu fɔm, eye ne nyemedze agɔ o hã la, abu fɔm.
假令われ義かるとも我口われを惡しと爲ん 假令われ完全かるとも尚われを罪ありとせん
21 “Togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la, nyemetsɔ ɖeke le eme na ɖokuinye o eye medo vlo nye ŋutɔ nye agbe.
我は全し 然ども我はわが心を知ず 我生命を賤む
22 Wo katã le ɖeka eya ta megblɔ be, ‘Etsrɔ̃a ame maɖifɔ kple ame vɔ̃ɖi la siaa.’
皆同一なり 故に我は言ふ神は完全者と惡者とを等しく滅ぼしたまふと
23 Ne ameƒoti he ku vɛ kpata la, eɖea alɔme le ame maɖifɔ ƒe mɔkpɔkpɔ bubu ŋuti.
災禍の俄然に人を誅す如き事あれば彼は辜なき者の苦痛を笑ひ見たまふ
24 Ne anyigba aɖe ge ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe asi me la, ekema etsyɔa nu mo na eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ne menye eyae o ɖe, ekema ame kae?
世は惡き者の手に交されてあり 彼またその裁判人の面を蔽ひたまふ 若彼ならずば是誰の行爲なるや
25 “Nye ŋkekewo le du ɖim wu duƒula, wodzo dzo kabakaba dzidzɔ aɖeke manɔmee.
わが日は驛使よりも迅く 徒に過さりて福祉を見ず
26 Wozɔ mii va yi abe aƒlaʋuwo ene eye abe hɔ̃woe de agba anyi be yewoaƒo nu le anyigba ene.
其はしること葦舟のごとく 物を攫まんとて飛かける鷲のごとし
27 Ne megblɔ be, ‘Maŋlɔ nye konyifafa be eye madzudzɔ adãɖoɖo, aɖo nukomo la,’
たとひ我わが愁を忘れ面色を改めて笑ひをらんと思ふとも
28 ekema nye fukpekpewo katã doa ŋɔdzi nam elabena menyae be màbum fɔmaɖilae o.
尚この諸の苦痛のために戰慄くなり 我思ふに汝われを釋し放ちたまはざらん
29 Esi wobum fɔɖilae xoxo ɖe, nu ka tae maganɔ ʋiʋlim dzodzro?
我は罪ありとせらるるなれば何ぞ徒然に勞すべけんや
30 Ne mele tsi kple tsiledzalẽ eye metsɔ nunyadzalẽ klɔ asi gɔ̃ hã la,
われ雪水をもて身を洗ひ 灰汁をもて手を潔むるとも
31 aganyrɔm ɖe anyiʋe me, ale be manyɔ ŋu na nye awuwo gɔ̃ hã.
汝われを汚はしき穴の中に陷いれたまはん 而して我衣も我を厭ふにいたらん
32 “Menye amee wònye abe nye ene ne maɖo nya ŋu nɛ, be makplɔe ayi ʋɔnui ahe nya kplii o.
神は我のごとく人にあらざれば我かれに答ふべからず 我ら二箇して共に裁判に臨むべからず
33 Ne ame aɖe ɖe wòli aƒo nu le mía dome, ada asi ɖe mí ame evea dzi
また我らの間には我ら二箇の上に手を置べき仲保あらず
34 ame si aɖe Mawu ƒe ameƒoti ɖa le ŋutinye, ale be eƒe ŋɔdzi magado vɔvɔ̃ nam o la, ne anyo.
願くは彼その杖を我より取はなし その震怒をもて我を懼れしめたまはざれ
35 Ekema maƒo nu na eya amea mavɔmavɔ̃e, gake abe ale si wòle nam fifia ene la, nyemate ŋui o.”
然らば我 言語て彼を畏れざらん 其は我みづから斯る者と思はざればなり

< Hiob 9 >