< Hiob 8 >
1 Tete Suhitɔ, Bildad ɖo nya ŋu na Hiob be,
书亚人比勒达回答说:
2 “Va se ɖe ɣe ka ɣie nànɔ nya siawo gblɔm? Wò nyawo nye yaƒoƒo sesẽ ɖeɖe ko.
这些话你要说到几时? 口中的言语如狂风要到几时呢?
3 Ɖe Mawu atso afia ŋkunɔa? Ɖe Ŋusẽkatãtɔ la atrɔ nya dzɔdzɔe abua?
神岂能偏离公平? 全能者岂能偏离公义?
4 Esi viwòwo wɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu la, etsɔ wo de asi na tohehe si woƒe nu vɔ̃ dze na.
或者你的儿女得罪了他; 他使他们受报应。
5 Gake ne àkpɔ Mawu dzi ɖa, aƒo koko na Ŋusẽkatãtɔ la,
你若殷勤地寻求 神, 向全能者恳求;
6 ekema ne èle dzadzɛe, le dzɔdzɔe, fifia gɔ̃ hã la, atso le tawò eye wòagaɖo wò te, ada wò ɖe teƒe si wòle be nànɔ.
你若清洁正直, 他必定为你起来, 使你公义的居所兴旺。
7 Wò gɔmedzedze anɔ sue gake emegbe àdzi asɔ gbɔ ɖe edzi.
你起初虽然微小, 终久必甚发达。
8 “Bia dzidzime siwo do ŋgɔ, eye nàkpɔe ɖa be nu ka wo fofowo srɔ̃ mahã,
请你考问前代, 追念他们的列祖所查究的。
9 elabena míawo la, etsɔviwo míenye, míenya naneke o eye míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔli ko ene.
我们不过从昨日才有,一无所知; 我们在世的日子好像影儿。
10 Ɖe womafia nu wò, agblɔe na wò oa? Ɖe womagblɔ nya na wò tso woƒe gɔmesese me oa?
他们岂不指教你,告诉你, 从心里发出言语来呢?
11 Ɖe keti miena, tsina ƒlaluu ɖe teƒe si sii mele oa? Ɖe aƒla awɔ nyuie ne mekpɔ tsi oa?
蒲草没有泥岂能发长? 芦荻没有水岂能生发?
12 Esi wogale mumu ko eye womeɖo sisi me haɖe o la, woyrɔna kaba wu gbe si le gbedzi.
尚青的时候,还没有割下, 比百样的草先枯槁。
13 Aleae wòvaa emee na ame siwo katã ŋlɔ Mawu be eye nenemae Mawumavɔ̃lawo ƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃nae.
凡忘记 神的人,景况也是这样; 不虔敬人的指望要灭没。
14 Nu si ŋu wòɖo dzi ɖo la meɖo ŋusẽ o eye nu si wòde mee la nye yiyiɖɔ.
他所仰赖的必折断; 他所倚靠的是蜘蛛网。
15 Ede me eƒe ɖɔ eye wòlã, eku ɖe eŋu, gake etso ɖe eƒe asi me.
他要倚靠房屋,房屋却站立不住; 他要抓住房屋,房屋却不能存留。
16 Ɖeko wòle abe ati si wode tsii nyuie le ŋdɔgbe ene ekekea eƒe alɔwo ɖe abɔa me,
他在日光之下发青, 蔓子爬满了园子;
17 eƒe kewo blana ɖe agakpe geɖewo ŋu eye wodia teƒe le kpewo dome.
他的根盘绕石堆, 扎入石地。
18 Gake ne wohoe le enɔƒe la, teƒe la gbea nu le egbɔ eye wògblɔna be, ‘Nyemekpɔ wò kpɔ o.’
他若从本地被拔出, 那地就不认识他,说: 我没有见过你。
19 Vavã eƒe agbe yrɔna eye atiku bubuwo miena ɖe eteƒe.
看哪,这就是他道中之乐; 以后必另有人从地而生。
20 “Enye nyateƒe be Mawu megbea ame si ŋu fɔɖiɖi mele o alo doa ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi o.
神必不丢弃完全人, 也不扶助邪恶人。
21 Ke hã la, agana nukoko nayɔ wò nu me fũu, eye wòatsɔ dzidzɔɣli ayɔ wò nuyiwo nu.
他还要以喜笑充满你的口, 以欢呼充满你的嘴。
22 Ŋukpe alé wò futɔwo eye ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbadɔwo maganɔ anyi o.”
恨恶你的要披戴惭愧; 恶人的帐棚必归于无有。