< Hiob 6 >
1 Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be,
ヨブ應へて曰く
2 “Ne ɖe woada nye vevesese eye woada nye fukpekpewo ɖe nudanu me ɖe!
願はくは我憤恨の善く權られ 我懊惱の之とむかひて天秤に懸られんことを
3 Vavã woakpe wu ke si katã le ƒuta, eya ta mewɔ nuku be nye nyawo mele ame ŋu dzem o.
然すれば是は海の沙よりも重からん 斯ればこそ我言躁妄なりけれ
4 Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme, nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom. Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye.
それ全能者の箭わが身にいりわが魂神その毒を飮り 神の畏怖我を襲ひ攻む
5 Ɖe gbetedzi xlɔ̃na ne ele gbe mumu gbɔ alo nyi xlɔ̃na ne wotsɔ gbe ƒuƒu nɛ be wòaɖua?
野驢馬あに靑草あるに鳴んや 牛あに食物あるに吽らんや
6 Ɖe woaɖu nu vɔvɔ dzemademee alo ɖe koklozi ƒe ɣia vivinaa?
淡き物あに鹽なくして食はれんや 蛋の白あに味あらんや
7 Megbe be nyemaɖui o, nuɖuɖu mawo tɔgbi ɖe wònana medzea dɔ.
わが心の觸ることを嫌ふ物是は我が厭ふ所の食物のごとし
8 “O, ne ɖe woana nu si mebia lam, ne Mawu ɖe wòana nu si mele mɔ kpɔm na lam,
願はくは我求むる所を得んことを願はくは神わが希ふ所の物を我に賜はらんことを
9 ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudu eye wòaɖe ka eƒe asi ɖe dzinye, ahawum ɖe!
願はくは神われを滅ぼすを善とし 御手を伸て我を絶たまはんことを
10 Ekema esia aganye akɔfafa nam ko kple nye dzidzɔ le vevesese si nu mele tsotsom o la me be, nyemagbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o.
然るとも我は尚みづから慰むる所あり 烈しき苦痛の中にありて喜ばん 是は我聖者の言に悖りしことなければなり
11 “Ŋusẽ kae gale asinye be maganɔ mɔ kpɔm? Mɔnukpɔkpɔ kawoe gali ta magbɔ dzi ɖi?
我何の氣力ありてか尚俟ん 我の終いかなれば我なほ耐へ忍ばんや
12 Kpe ƒe ŋusẽe le asinyea? Akɔblie nye nye ŋutilãa?
わが氣力あに石の氣力のごとくならんや 我肉あに銅のごとくならんや
13 Ɖe ŋusẽ aɖe le asinye be makpe ɖe ɖokuinye ŋu, esi azɔ la wonya dzidzedzekpɔkpɔ ɖa le ŋunyea?
わが助われの中に無にあらずや 救拯我より逐はなされしにあらずや
14 “Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã.
憂患にしづむ者はその友これを憐れむべし 然らずば全能者を畏るることを廢ん
15 Ke womate ŋu aɖo dzi ɖe nɔvinye ŋutsuwo ŋu o elabena wole abe tɔʋu si miena le kuɖiɣi ene alo abe tɔʋu si ɖɔna gbagbana,
わが兄弟はわが望を充さざること溪川のごとく 溪川の流のごとくに過さる
16 ne tsikpe si le ete doe ɖe dzi, ne sno si dza ɖe edzi la lolo hena wòsɔ gbɔ ɖe edzi
是は氷のために黑くなり 雪その中に藏るれども
17 gake eƒe sisi nu tsona ne kuɖiɣi ɖo eye dzoxɔxɔ nana wòmiena la ene.
温暖になる時は消ゆき熱くなるに及てはその處に絶はつ
18 Asihawo ɖea asi le woƒe mɔwo ŋu hedzea gbe toa tagba eye wokuna ɖe mɔ dzi.
隊旅客身をめぐらして去り空曠處にいたりて亡ぶ
19 Asiha siwo tso Tema la le tsi dim, asigbedela siwo tso Seba la le mɔ kpɔm.
テマの隊旅客これを望みシバの旅客これを慕ふ
20 Ke woƒe dzi tsi dzi elabena kakaɖedzi nɔ wo si hafi gake esi wova ɖo afi ma la, ŋukpe ko woɖu.
彼等これを望みしによりて愧恥を取り 彼處に至りてその面を赧くす
21 Azɔ miawo hã mieɖee fia be, mienye ŋudɔwɔnu aɖeke o, miekpɔ nu si ŋu ŋɔdzi le eye mievɔ̃.
かく汝等も今は虚しき者なり 汝らは怖ろしき事を見れば則ち懼る
22 Ɖe megblɔ kpɔ be, ‘Mina nane ɖe nunye, mixe fe ɖe tanye tso miaƒe kesinɔnuwo me,
我あに汝等我に予へよと言しこと有んや 汝らの所有物の中より物を取て我ために饋れと言しこと有んや
23 miɖem le ketɔ la ƒe asi me alo mixɔm le ŋutasẽla ƒe fegomea?’
また敵人の手より我を救ひ出せと言しことあらんや 虐ぐる者の手より我を贖へと言しことあらんや
24 “Mifia num eye mazi ɖoɖoe; mifia afi si meda ƒu le lam.
我を敎へよ 然らば我默せん 請ふ我の過てる所を知せよ
25 Aleke nyateƒenyawo mehe venae o! Ke nu ka miaƒe nyahehewo ɖe fia?
正しき言は如何に力あるものぞ 然ながら汝らの規諫る所は何の規諫とならんや
26 Ɖe miedi be yewoaɖɔ nya si megblɔ la ɖo eye miawɔ ame si ƒo dzi ɖe le la ƒe nyawo abe yaƒoƒo enea?
汝らは言を規正んと想ふや 望の絶たる者の語る所は風のごときなり
27 Miadzidze nu gɔ̃ hã ɖe tsyɔ̃eviwo dzi eye miatsɔ mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã aɖɔli nue.
汝らは孤子のために籤を掣き 汝らの友をも商貨にするならん
28 “Azɔ la, minyo dɔ me miatrɔ mo ɖe gbɔnye, ɖe mate ŋu ada alakpa le mia ŋkumea?
今ねがはくは我に向へ 我は汝らの面の前に僞はらず
29 Miɖe asi, migawɔ nu madzɔmadzɔ o migbugbɔ bu eŋuti elabena nye nuteƒewɔwɔ ɖo xaxa me.
請ふ再びせよ 不義あらしむる勿れ 請ふ再びせよ 此事においては我正義し
30 Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖe le nye nuyiwo dzia? Ɖe nye nu made dzesi beble oa?”
我舌に不義あらんや 我口惡き物を辨へざらんや