< Hiob 5 >
1 “Ne àlɔ̃ la, yɔ ame aɖe gake ame kae atɔ na wò? Kɔkɔetɔwo dometɔ ka ŋu nàtrɔ ɖo?
Call if you want, but who is going to answer you? Which angel are you going to turn to?
2 Tosesẽ wua bometsila eye ŋubiã wua numanyala.
Surely anger slays the fool and jealousy kills the simple.
3 Nye ŋutɔ mekpɔ bometsila wònɔ ke tom gake kasia woƒo fi de eƒe aƒe.
I have seen a fool growing strong, but I immediately cursed his house.
4 Dedinɔnɔ le adzɔge ke na viawo, wobua fɔe le ʋɔnu eye ame aɖeke meli aʋli eta o.
His sons are never safe; they are crushed in court with no one to defend them.
5 Dɔwuitɔwo ɖua nuku si wòxa, woɖea esiwo tsi ŋuwo me gɔ̃ hã eye ame siwo wum tsikɔ le la ƒe ve me ƒuna ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu.
The hungry eat everything he has harvested, taking even that protected by a thorn hedge, while others look to steal his wealth.
6 Elabena fukpekpe medoa go tso ke me alo dzɔgbevɔ̃e medona tso anyigba tume o.
For evil doesn't come from the dust; neither does trouble grow from the earth.
7 Gake abe ale si dzoxi dzona yia dzii ene la, nenemae wodzi ame na hiãtuame.
But human beings are born for trouble just as certainly as sparks from a fire fly upwards.
8 “Ke nenye nyee wònye la, anye ne maɖe kuku na Mawu atsɔ nye nya aɖo eƒe ŋkume.
If it were me, I would go to God and put my case before him.
9 Ewɔa dzesi siwo gɔme womate ŋu ase o eye wòwɔa nukunu siwo womate ŋu axlẽ o.
He is the one who does amazing, incredible things; miracles that can't be counted!
10 Enana tsi dzana ɖe anyigba dzi, eye wòɖoa tsi ɖe gbegbe.
He gives rain to the earth and sends water to the fields.
11 Edoa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi eye wòkɔa ame siwo le nu xam la dana ɖe dziɖeɖi me.
He exalts the humble, and rescues those who mourn.
12 Egblẽa ayetɔwo ƒe ɖoɖowo me, ale be woƒe asiwo mekpɔa dzidzedze o.
He frustrates the plans of the cunning so that they are unsuccessful.
13 Eléa nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me eye wòkplɔa ame drãwo ƒe nu drã wɔwɔ dzonae.
He traps the wise in their own clever thinking, and the schemes of twisted people are cut short.
14 Viviti dona ɖe wo le ŋkeke me eye wotsaa asi blukɔ me abe zã mee ene.
In the daytime they're in the dark, and they stumble around at noon like it's night.
15 Eɖea hiãtɔwo tso yi si le woƒe nu me la me eye wòɖea wo le ŋusẽtɔwo ƒe fego me.
But God is the one who saves from their cutting remarks, and the poor from the actions of the powerful.
16 Ale mɔkpɔkpɔ ɖoa hiãtɔ si eye nu madzɔmadzɔ miaa eƒe nu.
As a result those who are helpless have hope, and the wicked have to shut their mouths!
17 “Woayra ŋutsu si Mawu ɖɔna ɖo eya ta mègado vlo Ŋusẽkatãtɔ la ƒe amehehe o.
See how happy is the person God corrects—so don't despise the Almighty's discipline.
18 Elabena edea abi ame ŋu eye wògablanɛ, ewɔa nuvevi ame gake eƒe asi yɔa dɔ.
For he causes pain but he provides relief; he wounds but his hands heal.
19 Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade me eye le adrelia me la, vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o.
He will save you from many disasters; a multitude of evils will not affect you.
20 Aɖe wò le ku ƒe asi me le dɔŋɔli eye le aʋa me la, aɖe wò le yi ƒe asi me.
In times of famine he will rescue you from death, and in times of war he will save you from the power of the sword.
21 Aɖe wò le aɖeɖiƒoame me, eye màvɔ̃ ne gbegblẽ va o.
You will be protected from sharp-tongued slander; and when violence comes you will not be afraid.
22 Wò la àko nu ne gbegblẽ kple dɔwuame le nu gblẽm eye màvɔ̃ anyigbadzilã wɔadãwo o.
You will laugh at violence and famine; you won't be afraid of wild animals—
23 Elabena wò kple kpe siwo le agble me la miabla nu eye lã wɔadãwo anɔ anyi kpli wò le ŋutifafa me.
for you will be at peace with the stones of the field and the wild animals will be at peace with you.
24 Ànyae be wò agbadɔ le dedie eye ne èxlẽ wò nunɔamesiwo la, àkpɔe be ɖeke mebu o.
You will be certain that your home is safe, for you will go to where you live and find nothing missing.
25 Ànyae be viwòwo asɔ gbɔ eye wò dzidzimeviwo asɔ agbɔ abe gbe mumu le anyigba dzi ene.
You will also be sure that you will have many children; your descendants will be like the grass of the earth.
26 Ànɔ agbe wòade edeƒe, ayi yɔ me kple dzidzɔ abe lu ye woxa hebla le nuŋeɣi ene.
You will live to a ripe old age like a sheaf of grain when it is harvested.
27 “Míedo esia kpɔ eye wònye nyateƒe. Eya ta see ne nànɔ agbe ɖe eŋu.”
Look, we've examined it, and it's true! Listen to what I'm saying and apply it to yourself!”