< Hiob 42 >

1 Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be:
ヨブ是に於てヱホバに答へて曰く
2 “Azɔ menya be àte ŋu awɔ nu sia nu, ame aɖeke mate ŋu agblẽ wò ɖoɖowo me o.
我知る汝は一切の事をなすを得たまふ また如何なる意志にても成あたはざる無し
3 Èbia be, ‘Ame kae nye esi tsyɔ nu nye aɖaŋudede dzi numanyamanyatɔe?’ Nyateƒee, meƒo nu le nu siwo nyemenya o la ŋuti, nu siwo goglo akpa na nye nyanya.
無知をもて道を蔽ふ者は誰ぞや 斯われは自ら了解らざる事を言ひ 自ら知ざる測り難き事を述たり
4 “Ègblɔ be, ‘Ɖo to azɔ, ne maƒo nu, ne mabia gbe wò, ne nàɖo eŋu nam.’
請ふ聽たまへ 我言ふところあらん 我なんぢに問まつらん 我に答へたまへ
5 Nye towo se nya le ŋuwò, ke azɔ la, nye ŋkuwo kpɔ wò
われ汝の事を耳にて聞ゐたりしが今は目をもて汝を見たてまつる
6 eya ta nu siwo katã megblɔ la kpe ŋu nam eye megbe wo le ke kple afi me.”
是をもて我みづから恨み 塵灰の中にて悔ゆ
7 Esi Yehowa gblɔ nya siawo na Hiob vɔ la, egblɔ na Temanitɔ, Elifaz be, “Medo dɔmedzoe ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu elabena miegblɔ nu si le eteƒe la tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o
ヱホバ是等の言語をヨブに語りたまひて後ヱホバ、テマン人エリパズに言たまひけるは我なんぢと汝の二人の友を怒る 其はなんぢらが我に關て言述べたるところはわが僕ヨブの言たることのごとく正當からざればなり
8 eya ta azɔ mitsɔ nyitsu adre kple agbo adre, ne miayi ɖe nye dɔla Hiob gbɔ eye miasa numevɔ na mia ɖokuiwo. Nye dɔla Hiob ado gbe ɖa ɖe mia ta, mase eƒe gbedodoɖa eye nyemaɖo miaƒe bometsinuwo teƒe na mi o elabena mieƒo nu nyui tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o.”
然ば汝ら牡牛七頭 牡羊七頭を取てわが僕ヨブに至り汝らの身のために燔祭を獻げよ わが僕ヨブなんぢらのために祈らん われかれを嘉納べければ之によりて汝らの愚を罰せざらん 汝らの我について言述たるところは我僕ヨブの言たることのごとく正當からざればなり
9 Ale Temanitɔ, Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar wɔ abe ale si Yehowa de see na wo ene eye Yehowa xɔ Hiob ƒe gbe si wòdo ɖa ɖe wo ta.
是においてテマン人エリパズ、シユヒ人ビルダデ、ナアマ人ゾパル往てヱホバの自己に宣まひしごとく爲ければヱホバすなはちヨブを嘉納たまへり
10 Esi Hiob do gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃awo ta vɔ la, Yehowa gawɔe kesinɔtɔe abe tsã ene eye wòdzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi nɛ zi eve wu tsã.
ヨブその友のために祈れる時 ヱホバ、ヨブの艱難をときて舊に復ししかしてヱホバつひにヨブの所有物を二倍に増たまへり
11 Nɔviŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo katã kple eƒe ame nyanyɛwo katã va egbɔ eye woɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Wofa akɔ nɛ, hede dzi ƒo nɛ ɖe dzɔgbevɔ̃e siwo Yehowa he va edzii la ta eye wo dometɔ ɖe sia ɖe na klosaloga kple sikasigɛe.
是において彼の諸の兄弟諸の姉妹およびその舊相識る者等ことごとく來りて彼とともにその家にて飮食を爲しかつヱホバの彼に降したまひし一切の災難につきて彼をいたはり慰さめ また各金一ケセタと金の環一箇を之に贈れり
12 Yehowa yra Hiob fifia wu tsã. Alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, agbleŋlɔnyi eve, eve teƒe akpe ɖeka kple tedzi akpe ɖeka nɔ esi.
ヱホバかくのごとくヨブをめぐみてその終を初よりも善したまへり 即ち彼は綿羊一萬四千匹 駱駝六千匹 牛一千軛 牝驢馬一千匹を有り
13 Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ hã nɔ esi.
また男子七人 女子三人ありき
14 Ena ŋkɔ nyɔnuvi gbãtɔ be, Yemima, evelia be, Kezia eye etɔ̃lia be Keren Hapuk.
かれその第一の女をエミマと名け第二をケジアと名け 第三をケレンハツプクと名けたり
15 Womegakpɔ nyɔnu aɖeke le anyigba blibo la dzi wòdze tugbe de Hiob ƒe vinyɔnuwo nu o. Wo fofo na domenyinu wo ɖe wo nɔviŋutsuwo xa.
全國の中にてヨブの女子等ほど美しき婦人は見えざりき その父之にその兄弟等とおなじく產業をあたへたり
16 Le esia megbe la, Hiob nɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple blaene eye wòkpɔ viawo kple woƒe viwo ƒe dzidzime ene sɔŋ.
この後ヨブは百四十年いきながらへてその子その孫と四代までを見たり
17 Ale Hiob tsi, nɔ agbe wòde edeƒe hafi ku.
かくヨブは年老い日滿て死たりき

< Hiob 42 >