2“Azɔ menya be àte ŋu awɔ nu sia nu, ame aɖeke mate ŋu agblẽ wò ɖoɖowo me o.
ידעת (ידעתי) כי-כל תוכל ולא-יבצר ממך מזמה
3Èbia be, ‘Ame kae nye esi tsyɔ nu nye aɖaŋudede dzi numanyamanyatɔe?’ Nyateƒee, meƒo nu le nu siwo nyemenya o la ŋuti, nu siwo goglo akpa na nye nyanya.
מי זה מעלים עצה-- בלי-דעת לכן הגדתי ולא אבין נפלאות ממני ולא אדע
4“Ègblɔ be, ‘Ɖo to azɔ, ne maƒo nu, ne mabia gbe wò, ne nàɖo eŋu nam.’
שמע-נא ואנכי אדבר אשאלך והודיעני
5Nye towo se nya le ŋuwò, ke azɔ la, nye ŋkuwo kpɔ wò
לשמע-אזן שמעתיך ועתה עיני ראתך
6eya ta nu siwo katã megblɔ la kpe ŋu nam eye megbe wo le ke kple afi me.”
7Esi Yehowa gblɔ nya siawo na Hiob vɔ la, egblɔ na Temanitɔ, Elifaz be, “Medo dɔmedzoe ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu elabena miegblɔ nu si le eteƒe la tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o
8eya ta azɔ mitsɔ nyitsu adre kple agbo adre, ne miayi ɖe nye dɔla Hiob gbɔ eye miasa numevɔ na mia ɖokuiwo. Nye dɔla Hiob ado gbe ɖa ɖe mia ta, mase eƒe gbedodoɖa eye nyemaɖo miaƒe bometsinuwo teƒe na mi o elabena mieƒo nu nyui tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o.”
9Ale Temanitɔ, Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar wɔ abe ale si Yehowa de see na wo ene eye Yehowa xɔ Hiob ƒe gbe si wòdo ɖa ɖe wo ta.
10Esi Hiob do gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃awo ta vɔ la, Yehowa gawɔe kesinɔtɔe abe tsã ene eye wòdzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi nɛ zi eve wu tsã.
11Nɔviŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo katã kple eƒe ame nyanyɛwo katã va egbɔ eye woɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Wofa akɔ nɛ, hede dzi ƒo nɛ ɖe dzɔgbevɔ̃e siwo Yehowa he va edzii la ta eye wo dometɔ ɖe sia ɖe na klosaloga kple sikasigɛe.