< Hiob 41 >

1 “Àte ŋu atsɔ ƒu aɖe lo le tɔ me alo atsɔ ka abla eƒe aɖe ɖe nu me nɛa?
Is it possible for Leviathan to be pulled out with a fish-hook, or for a hook to be put through the bone of his mouth?
2 Àte ŋu ade ka ŋɔti me nɛ alo atsɔ ƒu aŋɔ eƒe glã?
Will you put a cord into his nose, or take him away with a cord round his tongue?
3 Anɔ kukuɖeɖe na wò dzi ɖaa be nàkpɔ nublanui nɛa? Aƒo nu na wò kple gbe blewua?
Will he make prayers to you, or say soft words to you?
4 Awɔ ɖoɖo kpli wò be nàkplɔe wòanye wò kluvi le eƒe agbe me katã?
Will he make an agreement with you, so that you may take him as a servant for ever?
5 Àte ŋu amlae abe xevi ene alo atsɔe ada ɖe avɔ dzi na viwò nyɔnuviwoa?
Will you make sport with him, as with a bird? or put him in chains for your young women?
6 Ɖe asitsalawo atsɔ woƒe adzɔnuwo aɖɔliia? Ɖe woamae ɖe asitsalawo domea?
Will the fishermen make profit out of him? will they have him cut up for the traders?
7 Àte ŋu atsɔ gaƒliwo aŋɔ eƒe ŋutigbalẽ alo atsɔ akplɔ atɔ eƒe ta?
Will you put sharp-pointed irons into his skin, or fish-spears into his head?
8 Ne èka asi eŋuti la, àɖo ŋku avuwɔwɔ si yi edzi la dzi eye madzro wò be nàgawɔe o!
Only put your hand on him, and see what a fight you will have; you will not do it again!
9 Mɔkpɔkpɔ be yeate ŋu aɖu edzi nye beble elabena ne èkpɔe teti gɔ̃ hã la, ŋɔ adzi wò.
Truly, the hope of his attacker is false; he is overcome even on seeing him!
10 Ame aɖeke medzi ŋɔ de enu ne wòanyɔe o. Ekema ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?
He is so cruel that no one is ready to go against him. Who then is able to keep his place before me?
11 Ame kae tre nu nanam bena maɖo eteƒe nɛ mahã? Nu sia nu si le ɣea te la nye tɔnye.
Who ever went against me, and got the better of me? There is no one under heaven!
12 “Nyemagbe nuƒoƒo le eƒe ata, abɔ, eƒe ŋusẽ kple eƒe nɔnɔme dzeani la ŋu o.
I will not keep quiet about the parts of his body, or about his power, and the strength of his frame.
13 Ame ka ate ŋu aɖe awu si wòdo ɖe edzi la le eŋu? Ame ka ate ŋu ado ɖe egbɔ kple gaƒli?
Who has ever taken off his outer skin? who may come inside his inner coat of iron?
14 Ame ka ate ŋu ake eƒe nu, nu si me aɖuwo katã kpe ɖe wo nɔewo nu le kple vɔvɔ̃?
Who has made open the doors of his face? Fear is round about his teeth.
15 Akpoxɔnuwo ɖo ɖe eƒe dzimegbe eye woɖo ɖe wo nɔewo nu,
His back is made of lines of plates, joined tight together, one against the other, like a stamp.
16 ɖe sia ɖe lé ɖe nɔvia ŋu ale gbegbe be, ya gɔ̃ hã mate ŋu ato wo dome o.
One is so near to the other that no air may come between them.
17 Wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe, woku ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe be, womate ŋu ama wo dome o.
They take a grip of one another; they are joined together, so that they may not be parted.
18 Eƒe nyenye kea dzo miamiamia eye eƒe ŋkuwo le abe ŋdi ƒe kekeli ene.
His sneezings give out flames, and his eyes are like the eyes of the dawn.
19 Dzoxiwo dona tso eƒe nu me, eye nenema kee nye dzo ƒe aɖewo hã.
Out of his mouth go burning lights, and flames of fire are jumping up.
20 Dzudzɔ dona le eƒe ŋɔtime abe ale si tsize si woɖo aƒladzo dzi la fiena tua dzudzɔe ene.
Smoke comes out of his nose, like a pot boiling on the fire.
21 Eƒe gbɔgbɔ dea dzo aka me eye dzo bibi dona tso eƒe nu me.
His breath puts fire to coals, and a flame goes out of his mouth.
22 Ŋusẽ le eƒe kɔ me eye dɔmedzoe le eŋgɔ.
Strength is in his neck, and fear goes dancing before him.
23 Eƒe ayi mlɔ wo nɔewo dzi eye wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe, ale be womate ŋu afoe ɖa o.
The plates of his flesh are joined together, fixed, and not to be moved.
24 Eƒe akɔta do akpa abe kpe ene eye wòsẽ abe te si dzi wotua nu le la ene.
His heart is as strong as a stone, hard as the lower crushing-stone.
25 Ne etso la, ŋɔ dzia ŋusẽtɔwo gɔ̃ hã eye wogbugbɔna ɖe megbe ne wose eƒe afɔzi wògbɔna.
When he gets ready for the fight, the strong are overcome with fear.
26 Yi si kaa eŋu la mewɔa nanekee o, nenema kee nye akplɔ, aŋutrɔ kple akplɔ nuɖekɛ.
The sword may come near him but is not able to go through him; the spear, or the arrow, or the sharp-pointed iron.
27 Gayibɔ le nɛ abe gbe ƒuƒu ene eye akɔbli le abe ati si nyunyɔ la ene.
Iron is to him as dry grass, and brass as soft wood.
28 Mesina le aŋutrɔwo nu o eye akafokpewo le nɛ abe blitsro ene.
The arrow is not able to put him to flight: stones are no more to him than dry stems.
29 Kpo le nɛ abe gbe ƒuƒu ene eye ne yi le gbe dom la, eɖia kokoe nɛ.
A thick stick is no better than a leaf of grass, and he makes sport of the onrush of the spear.
30 Eƒe dɔme le abe ze gbagbã dzaglidzagliwo ene eye woɖea fli ɖe ba me abe luƒomɔ ene.
Under him are sharp edges of broken pots: as if he was pulling a grain-crushing instrument over the wet earth.
31 Enana gogloƒewo fiena wlɔwlɔwlɔ abe aŋɔɖaze ene eye wòblua atsiaƒu me abe amiɖaze me blum wole ene.
The deep is boiling like a pot of spices, and the sea like a perfume-vessel.
32 Egblẽa mɔ si le dzo dzam la ɖe emegbe eye wòtrɔa atsiaƒu wòzua futukpɔ ɣi, ale nàbu be atsiaƒua ɖe wòƒo wɔ ene.
After him his way is shining, so that the deep seems white.
33 Naneke mele anyigba dzi sɔ kplii o, enye nuwɔwɔ si mevɔ̃a naneke o.
On earth there is not another like him, who is made without fear.
34 Eklẽa ŋku ɖe nu siwo katã doa wo ɖokui ɖe dzi eye wònye fia ɖe nu siwo katã dana la dzi.”
Everything which is high goes in fear of him; he is king over all the sons of pride.

< Hiob 41 >