< Hiob 40 >

1 Yehowa gblɔ na Hiob be,
L'Éternel adressa la parole à Job, et dit:
2 “Ɖe ame si le nya hem kple Ŋusẽkatãtɔ la aɖɔe ɖoa? Ame si tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la neɖo eŋu nɛ!”
Le censeur contestera-t-il avec le Tout-Puissant? L'accusateur de Dieu répondra-t-il à cela?
3 Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be,
Alors Job répondit à l'Éternel et dit:
4 “Aleke nye ame si medze o la maɖo nya ŋu na wòe? Metsɔ nye asi ɖo nye nu.
Je suis trop peu de chose; que te répondrais-je? Je mets ma main sur ma bouche.
5 Meƒo nu zi ɖeka gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo o; meƒo nu zi evelia eya ta nyemagaƒo nu o.”
J'ai parlé une fois, et je ne répondrai plus. J'ai parlé deux fois, et je n'y retournerai plus.
6 Tete Yehowa ƒo nu na Hiob tso ahom me be,
Et l'Éternel répondit à Job du sein de la tempête, et dit:
7 “Bla ali dzi abe ŋutsu ene, mabia nya wò eye nàɖo eŋu nam.
Ceins tes reins, comme un vaillant homme; je t'interrogerai, et tu m'instruiras.
8 “Ɖe nàdo vlo nye afiatsotsoa? Ɖe nàbu fɔm, atso na ɖokuiwòa?
Est-ce que tu voudrais anéantir ma justice? me condamner pour te justifier?
9 Ɖe wò abɔ le abe Mawu tɔ ene eye wò gbe ate ŋu ablu abe etɔ enea?
As-tu un bras comme celui de Dieu; tonnes-tu de la voix, comme lui?
10 Ekema tsɔ ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ ɖɔ na ɖokuiwò eye nàtsɔ bubu kple gãnyenye ado na ɖokuiwò.
Pare-toi donc de magnificence et de grandeur; et revêts-toi de majesté et de gloire.
11 Trɔ wò dɔmedzoe ƒe nuwɔwɔ kɔ ɖi bababa, nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe eye nàhee aƒu anyi.
Répands les fureurs de ta colère, d'un regard humilie tous les orgueilleux;
12 Nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe ne nàbɔbɔe ɖe anyi eye nàgbã ame vɔ̃ɖiwo ɖe afi si wole.
D'un regard abaisse tous les orgueilleux, et écrase les méchants sur place.
13 Ɖi wo katã ɖe ke me eye nàɣla woƒe mo ɖe yɔdo me.
Cache-les tous ensemble dans la poussière, et enferme leurs visages dans les ténèbres.
14 Ekema nye ŋutɔ maʋu eme na wò be, wò ŋutɔ wò ɖusibɔ axɔ na wò.
Alors, moi aussi, je te louerai, car ta main t'aura aidé.
15 “Kpɔ atiglinyi si mewɔ kpe ɖe ŋutiwò la ɖa, eɖua gbe abe nyi ene.
Vois donc le Béhémoth, que j'ai fait aussi bien que toi; il mange l'herbe comme le bœuf;
16 Eƒe ŋusẽ le alime nɛ eye ŋusẽ kae nya gã si le eƒe ƒodo ƒe lãmekawo me!
Vois donc: sa force est dans ses flancs, et sa vigueur dans les muscles de son ventre.
17 Eƒe asike le nyenyem abe sedati ene, eƒe atagbomekawo ge ɖe wo nɔewo me.
Il remue sa queue semblable au cèdre; les tendons de ses hanches sont entrelacés.
18 Eƒe ƒuwo le abe akɔbliga si me do le la ene eye eƒe afɔtiwo le abe gakpo ene.
Ses os sont des tubes d'airain, ses membres sont comme des barres de fer.
19 Eyae nye gbãtɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo dome gake Ewɔla ate ŋu azɔ ɖe edzi kple yi.
C'est le chef-d'œuvre de Dieu, son créateur lui a donné son épée.
20 Togbɛwo tsɔa woƒe kutsetsewo vɛ nɛ eye gbemelãwo katã fena le egbɔ.
Les montagnes portent pour lui leur herbe; là se jouent toutes les bêtes des champs.
21 Emlɔa anyi ɖe ati dama te eye wòɣlaa eɖokui ɖe aƒla siwo le sime la me.
Il se couche sous les lotus, dans l'ombre des roseaux et dans le limon.
22 Atiawo doa vɔvɔli ɖe edzi heɣlanɛ eye keti siwo le tɔʋuwo to la ƒoa xlãe.
Les lotus le couvrent de leur ombre, et les saules du torrent l'environnent.
23 Ne tɔwo dze agbo la, dzika metsoa eƒo o eye togbɔ be Yɔdan tɔsisi le ƒoƒom ɖe eƒe nu dzi hã la, eɖea dzi ɖi bɔkɔɔ.
Vois, le fleuve déborde avec violence, il n'a point peur; il serait tranquille quand le Jourdain monterait à sa gueule.
24 Ɖe ame aɖe ate ŋu alée kple eƒe ŋku alo aɖo mɔ nɛ, ahaŋɔ eƒe ŋɔtia?
Qu'on le prenne à force ouverte! Ou qu'à l'aide de filets on lui perce le nez!

< Hiob 40 >