< Hiob 39 >

1 “Ènya ɣeyiɣi si todzigbɔ̃wo dzia via? Ènɔa eteƒe hafi zinɔ fɔa fua?
“Do you know when mountain goats give birth? Have you watched the doe bear her fawn?
2 Èxlẽa ɣletiwo va se ɖe woƒe vidziɣia? Ènya ɣeyiɣi si wodzia via?
Can you count the months they are pregnant? Do you know the time they give birth?
3 Wodzea klo hedzia vi eye woƒe kuléle wua nu.
They crouch down and bring forth their young; they deliver their newborn.
4 Wo viwo tsina eye ŋusẽ ɖoa wo ŋu le gbe me, ale wodzona eye womegagbɔna vaa wo dadaa gbɔ o.
Their young ones thrive and grow up in the open field; they leave and do not return.
5 “Ame kae na ablɔɖe gbetedzi? Ame kae tu kae?
Who set the wild donkey free? Who released the swift donkey from the harness?
6 Metsɔ gbegbe nɛ be wòanye eƒe aƒe kple dzeƒi gbadza la nɛ be wòanye enɔƒe.
I made the wilderness his home and the salt flats his dwelling.
7 Hoowɔwɔ si le edzi yim le dua me la le kokoe ɖim nɛ eye mele tasiaɖamkula ƒe ɣlidodo sem o.
He scorns the tumult of the city and never hears the shouts of a driver.
8 Etsana le togbɛwo dzi dia gbeɖuƒe eye wòtsaa ŋu na gbe mumu ɖe sia ɖe.
He roams the mountains for pasture, searching for any green thing.
9 “Ɖe to si le gbe me la alɔ̃ asubɔ wòa? Atɔ ɖe wò gbeɖuƒe le zã mea?
Will the wild ox consent to serve you? Will he stay by your manger at night?
10 Àte ŋu ade kae ɖe agbleŋlɔnu ŋua? Alɔ̃ anɔ yowòme aŋlɔ balimea?
Can you hold him to the furrow with a harness? Will he plow the valleys behind you?
11 Ɖe nàɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe ŋusẽ gã la ta? Àtsɔ wò dɔ kpekpewo agble ɖe eƒe asi mea?
Can you rely on his great strength? Will you leave your hard work to him?
12 Àte ŋu aɖo dzi ɖe eŋu be atsɔ wò lu agbɔe na wò dedie eye wòaƒoe ƒu ɖe wò lugbɔƒea?
Can you trust him to bring in your grain and gather it to your threshing floor?
13 “Golo ƒoa eƒe aʋala kpakpakpa dzidzɔtɔe gake womate ŋu atsɔe asɔ kple damixe ƒe fu kple aʋalã o.
The wings of the ostrich flap joyfully, but cannot match the pinions and feathers of the stork.
14 Eɖaa eƒe azi ɖe anyigba, enana ke xɔdzo dea dzo eme
For she leaves her eggs on the ground and lets them warm in the sand.
15 eye metsɔ ɖeke le eme be, ame aɖe ate ŋu aɖo afɔ edzi, agbãe loo, alo lã wɔadã aɖe agbãe o.
She forgets that a foot may crush them, or a wild animal may trample them.
16 Esẽa ŋuta le viawo ŋu abe menye eyae dzi wo o ene eye metsɔa ɖeke le eme ne eƒe agbagbadzedze zu dɔ vlo o.
She treats her young harshly, as if not her own, with no concern that her labor was in vain.
17 Elabena Mawu mena nunyae alo na susu nyuie o.
For God has deprived her of wisdom; He has not endowed her with understanding.
18 Ke hã la, ne ekeke aʋala me, hedze duƒuƒu gɔme la, sɔ kple sɔdola ƒe nu ɖia kokoe nɛ.
Yet when she proudly spreads her wings, she laughs at the horse and its rider.
19 “Wòe na ŋusẽ sɔ alo wòe tsɔ kɔdza de kɔ nɛa?
Do you give strength to the horse or adorn his neck with a mane?
20 Wòe na wòtia kpo abe ʋetsuvi ene eye wòdoa ŋɔdzi kple eƒe ŋɔtimegbɔgbɔa?
Do you make him leap like a locust, striking terror with his proud snorting?
21 Etsɔa eƒe afɔkli kaa nu ŋɔdzitɔe, ekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ŋusẽ ŋu eye wòlũna ɖe aʋakɔ dzi.
He paws in the valley and rejoices in his strength; he charges into battle.
22 Vɔvɔ̃ doa nukokoe nɛ eye mevɔ̃a naneke o, yi gɔ̃ hã medoa ŋɔdzi nɛ o.
He laughs at fear, frightened of nothing; he does not turn back from the sword.
23 Aŋutrɔwo le wo nɔewo lɔm le eƒe axadzi, nenema kee nye akplɔ siwo le dzo dam kple yi.
A quiver rattles at his side, along with a flashing spear and lance.
24 Ele anyigba ɖum esi wògli kple dzidzɔ manyagblɔ, mate ŋu anɔ te va se ɖe esime kpẽ naɖi o.
Trembling with excitement, he devours the distance; he cannot stand still when the ram’s horn sounds.
25 Edo ɣli be, ‘Aha!’ ne kpẽa ɖi. Esea aʋa ƒe ʋeʋẽ le adzɔge ke kple aʋakplɔlawo ƒe gbeɖeɖe kple aʋaɣli.
At the blast of the horn, he snorts with fervor. He catches the scent of battle from afar— the shouts of captains and the cry of war.
26 “Ɖe aʋako dzona yia dzi ʋĩi le wò nunya nu eye wòkekea eƒe aʋalã heɖoa ta dziehea?
Does the hawk take flight by your understanding and spread his wings toward the south?
27 Ɖe hɔ̃ dzona yia dzi ʋĩi le wò gbeɖeɖe nu eye wòwɔa eƒe atɔ ɖe kɔkɔƒea?
Does the eagle soar at your command and make his nest on high?
28 Enɔa togbɛ kɔkɔ dzi eye wòtsia afi ma le zã me, agakpe tsakli tomee nye eƒe bebeƒe.
He dwells on a cliff and lodges there; his stronghold is on a rocky crag.
29 Afi ma wòdia eƒe nuɖuɖu tsonae eye eƒe ŋku kpɔnɛ le adzɔge ke.
From there he spies out food; his eyes see it from afar.
30 Ʋu nye nuɖuɖu na viawo eye afi si aʋatsilawo le la, afi ma wònɔna.”
His young ones feast on blood; and where the slain are, there he is.”

< Hiob 39 >