< Hiob 38 >

1 Tete Yehowa ɖo nyawo ŋu na Hiob to ahom me be,
O zaman Rəbb qasırğanın içindən Əyyuba belə cavab verdi:
2 “Ame ka nye esi tsɔ viviti tsyɔ nye aɖaŋudede dzi kple nya siwo gɔmesese meli na la o?
«Məsləhəti savadsız sözlərlə qaranlığa salan bu kimdir?
3 Tso nàbla ali dzi abe ŋutsu ene, mabia nya wò, nàɖo eŋu nam.
İndi kişi kimi belinə qurşaq bağla, Sual verəcəyəm, Mənə cavab ver.
4 “Afi ka nènɔ esi meɖo anyigba ƒe gɔmeɖokpewo anyi? Gblɔe nam, ne èse egɔme.
Mən yerin təməlini qoyarkən haradaydın? Anlayışın varsa, söylə.
5 Ame kae dzidze eƒe kekeme kple didime? Ànyae godoo! Ame kae tsɔ dzidzeka ɖo eŋu?
İndi ki bilirsən, De görüm, yerin ölçüsünü kim qoydu, Yaxud yer üstündə ölçü xəttini kim çəkdi?
6 Nu ka dzi woɖo egɔme anyi ɖo? Alo ame kae ɖo eƒe dzogoedzikpe
Nəyin üstündə onun təməlləri quruldu? Kim onun guşədaşını qoydu?
7 esi ŋukeɣletiviwo le ha dzim ɖekae eye Mawudɔlawo katã do dzidzɔɣli?
Onda dan ulduzları birgə nəğmə oxuyurdu, Bütün ilahi varlıqlar sevincdən haray salırdı.
8 “Ame kae do ʋɔ ɖe atsiaƒu nu esi wòdo go kpoyi tso dadaa ƒe dɔ me
Dəniz bətndən çıxıb fışqırarkən Onu qapılar arasında kim bağladı?
9 esi metsɔ lilikpo wɔ eƒe awudodoe heblae ɖe viviti tsiɖitsiɖitsiɖi me,
Ona buludları libas, Qatı qaranlıqları qundaq etdim.
10 esi meɖo seɖoƒe nɛ, hede ʋɔtru kple gametiwo enu,
Onun sərhədini çəkdim, Qapı və cəftələrini qoydum.
11 esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse, mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o, afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’
O vaxt dedim: “Buraya qədər gəlib o tərəfə çıxmayacaqsan, Qürurlu dalğaların burada dursun”.
12 “Èɖe gbe na ŋdi kpɔ tso esi wò ŋkekewo dze egɔme alo na fɔŋli nya eƒe nɔƒe,
Sən ömründə səhərə buyruq verdinmi? Şəfəqə yerini göstərdinmi?
13 be wòalé anyigba ƒe toga, ahaʋuʋu ame vɔ̃ɖiwo ɖa le edzia?
Belə ki yer üzünün ucqarlarını tutsun, Üstündən pisləri çırpıb atsın.
14 Anyigba trɔ eƒe nɔnɔme abe anyi le nutrenu te ene, eye eƒe nɔnɔme le abe avɔ tɔ ene.
Torpağın quruluşu dəyişir, Möhür vurulanda palçıqda əksi qalan kimi, Libasdakı qırışlar kimi gözə görünür.
15 Woxɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe kekeli le wo si eye woŋe woƒe abɔ si wodo ɖe dzi.
Pislərin nuru batırılar, Qaldırdıqları qolları qırılar.
16 “Èzɔ mɔ yi ɖe atsiaƒu ƒe vudo me alo zɔ le gogloƒe ƒe nudiƒewo kpɔa?
Dənizin mənbələrinə getmisənmi? Dərinliyin dibində gəzmisənmi?
17 Wofia ku ƒe agbowo wò kpɔa? Èkpɔ ku ƒe vɔvɔli ƒe agbowo kpɔa?
Ölüm dərgahı sənə göstərilibmi? Ölüm kölgəsinin qapılarını görmüsənmi?
18 Èse anyigba ƒe kekeme gɔmea? Gblɔe nam, ne ènya esiawo katã.
Dünyanın həcmini dərk edə bilirsənmi? De görüm, bunların hamısını bilirsənmi?
19 “Afi ka mɔ si yi kekeli ƒe nɔƒe la to? Eye afi kae nye viviti nɔƒe?
İşıq məskəninə gedən yol haradadır? Qaranlığın yeri haradadır?
20 Àte ŋu akplɔ wo ayi wo nɔƒewoea? Ènya toƒe si yi ɖe wo nɔƒea?
Onları yerlərinə apara bilərsənmi? Evlərinin yolunu bilirsənmi?
21 Meka ɖe edzi be ènyae elabena wodzi wò ye ma ɣi xoxo! Ƒe geɖewoe nye esia esi nèle agbe!
Əlbəttə, heç nə anlamırsan, Çünki onlarla eyni vaxtda doğulmusan! Yaşın bu qədərdir.
22 “Ège ɖe sno ƒe nudzraɖoƒe alo kpɔ kpetsi ƒe nudzraɖoƒe,
Qar anbarlarına girmisənmi? Dolu anbarlarını görmüsənmi?
23 esi meɖo ɖi na xaxaɣi, aʋaŋkekewo kple aʋakpegbe la kpɔa?
Mən onları dar gün üçün, Döyüş və müharibə günləri üçün saxlayıram.
24 Afi ka mɔ si wotona yia teƒe si dzikedzo kakana le alo teƒe si wokakaa ɣedzeƒeya le ɖe anyigba blibo la dzi la to?
Hansı yolla işıq yayılar, Yer üzündə şərq küləyi qopar?
25 Ame kae ɖo toƒe na tsi gã siwo dzana kple mɔ na ahom sesẽwo,
Kim sellər üçün arx, İldırım üçün yol açdı ki,
26 be woade tsi anyigba si dzi ame mele o kple gbegbe si ame menɔ o,
Kimsəsiz yerləri, İnsan yaşamayan çölləri sulasın,
27 be wòaɖi kɔ na kuɖiɖinyigba gbɔlo eye wòamie gbe fɛ̃wo?
Səhralar – biyabanlar doyunca su içsin, Yaşıl ot bitsin?
28 Fofo le tsidzadza sia? Ame kae nye tɔ na ahũdzadza?
Yağışın atası varmı? Şeh damlalarını kim yaratdı?
29 Ame ka ƒe dɔ mee tsikpe do tso? Ame kae dzi zãmu si dzana tso dziƒo,
Buz kimin bətnindən çıxdı? Göylərdən düşən şaxtanı kim doğdu?
30 esi tsiwo do kpe abe ahlihã ene eye gogloƒewo tame zu tsikpe?
Sular nə zaman daş kimi bərkiyir, Dərinliklərin səthi donur?
31 “Àte ŋu abla Atifieŋu siwo le keklẽma? Àte ŋu atu Avutɔ ƒe kawoa?
Ülkər ulduzlarını bağlaya bilərsənmi? Orionun bağlarını aça bilərsənmi?
32 Àte ŋu akplɔ ŋukeɣletiviwo ado goe ne woƒe dodoɣi ɖo alo akplɔ koklonɔ kple viawoa?
Hər bürcü öz vaxtında çıxara bilərsənmi? Böyük, Kiçik Ayı bürcünə yol göstərə bilərsənmi?
33 Ènya dziƒo ƒe sewoa? Àte ŋu aɖo Mawu ƒe fiaɖuɖu anyi ɖe anyigba dzia?
Göylərin qanunlarını bilirsənmi? Allahın hakimiyyətini yer üzərində qura bilərsənmi?
34 “Àte ŋu akɔ gbe dzi ado ɣli na lilikpowo, eye nàtsɔ tsiɖɔɖɔ atsyɔ ɖokuiwò dzia?
Başına bol yağış yağsın deyə Buludları səsləyə bilərsənmi?
35 Wòe ɖo dzikedzo ɖe eƒe mɔ dzia? Ɖe wova gblɔna na wò be, ‘Míawoe nye esi’ mahã?
Şimşəkləri göndərə bilərsənmi getsinlər, Sənə də “bax buradayıq” desinlər?
36 Ame kae tsɔ nunya na dzi alo gɔmesese na susu?
Kim ürəyə hikmət qoydu, Dərk etmək üçün şüur verdi?
37 Ame ka sie nunya le be wòaxlẽ lilikpowo? Ame kae ate ŋu aviã tsizɔ siwo le dziƒo,
Kim buludları ağılla saya bilər? Göyün tuluqlarını kim boşalda bilər?
38 ne anyigba do kpe eye anyikɔ siwo le anyigba la lé ɖe wo nɔewo ŋu?
Onda toz yatıb yer bərkiyər, Kəsəklər bir-birinə yapışar.
39 “Wòe daa ade na dzatanɔ eye nèdia nuɖuɖu na dzatawo, ne dɔ le wo wum
Dişi aslanlar üçün ov ovlaya bilərsənmi, Gənc aslanların qarnını doyura bilərsənmi
40 eye womlɔ woƒe dowo me alo le adeklo dzi le ave mea?
Yuvalarına girəndə, Kolluqda pusqu quranda?
41 Ame kae dia nuɖuɖu na akpaviãwo, ne viawo le xɔxlɔ̃m na Mawu eye wole tsatsam le nuɖuɖu makpɔmakpɔ ta?
Kim qarğaya yem verə bilər Balaları Allaha fəryad edəndə, Acından vurnuxanda?

< Hiob 38 >