< Hiob 37 >
1 “Esia na nye dzi lã kpo eye wòti kpo le enɔƒe.
因此我心战兢, 从原处移动。
2 O ɖo to! Ɖo to eƒe gbe ƒe gbeɖeɖe kple bublu si le dodom tso eƒe nu me.
听啊, 神轰轰的声音 是他口中所发的响声。
3 Eɖe asi le eƒe dzokeke ŋu ɖe yame katã eye wòɖoe ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke hã
他发响声震遍天下, 发电光闪到地极。
4 Eƒe gbeɖeɖe kplɔa esia ɖo, ebluna kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe gbe. Ne eƒe gbe ɖi la, meléa naneke ɖi o.
随后人听见有雷声轰轰,大发威严, 雷电接连不断。
5 Mawu ƒe gbe bluna le nukumɔwo dzi, ewɔa nu dzɔtsu siwo kɔ wu míaƒe gɔmesese.
神发出奇妙的雷声; 他行大事,我们不能测透。
6 Egblɔna na tsikpe be, ‘Dza ɖe anyigba dzi’ eye na tsi be, ‘Nye tsi gã aɖe nàdza.’
他对雪说:要降在地上; 对大雨和暴雨也是这样说。
7 Ale be amegbetɔ siwo katã wòwɔ la nanya eƒe dɔwɔwɔ, eye wòɖoa asi ame sia ame ƒe dɔ dzi.
他封住各人的手, 叫所造的万人都晓得他的作为。
8 Gbemelãwo sina bena eye wonɔa woƒe dowo me.
百兽进入穴中, 卧在洞内。
9 Ahom tsoa eƒe xɔa me vana eye ya sesẽwo hea vuvɔ vɛ.
暴风出于南宫; 寒冷出于北方。
10 Mawu ƒe gbɔgbɔ hea fafa gã aɖe vɛ eye tsi gbanawo dzi zua tsikpe.
神嘘气成冰; 宽阔之水也都凝结。
11 Enyɔa tsi ɖe lilikpowo me, ekakaa eƒe dzikedzo to wo me.
他使密云盛满水气, 布散电光之云;
12 Le eƒe mɔfiafia nu wotrɔa trɔgodoe le anyigba la katã ŋkume, be woawɔ nu sia nu si ƒe se wòde na wo.
这云是借他的指引游行旋转, 得以在全地面上行他一切所吩咐的,
13 Ehea lilikpowo vɛ be woahe to na amewo alo be woade tsi anyigba, ne wòaɖe eƒe lɔlɔ̃ afia ameawo.
或为责罚,或为润地, 或为施行慈爱。
14 “Hiob, ɖo to nàse nu sia, zi ɖoɖoe eye nàbu Mawu ƒe nukunuwo ŋu.
约伯啊,你要留心听, 要站立思想 神奇妙的作为。
15 Ènya ale si Mawu léa lilikpowo ɖe asii, eye wònana dzi kea dzoa?
神如何吩咐这些, 如何使云中的电光照耀,你知道吗?
16 Ènya ale si lilikpowo wɔ hafi le yamea, ènya nukunu siwo nye ame si de blibo le gɔmesese me la tɔa?
云彩如何浮于空中, 那知识全备者奇妙的作为,你知道吗?
17 Wò ame si le fifia tem le wò awuwo me, ne dzieheya xɔdzo nya ƒo to anyigba dzi ko,
南风使地寂静, 你的衣服就如火热,你知道吗?
18 àte ŋu akpe ɖe eŋu le dziŋgɔli ƒe keke ɖe yame me, nu si sesẽ abe ahuhɔ̃e si wowɔ kple akɔbli enea?
你岂能与 神同铺穹苍吗? 这穹苍坚硬,如同铸成的镜子。
19 “Gblɔ nu si míagblɔ nɛ la na mí, míate ŋu ahe míaƒe nya ayi egbɔe o elabena míawo míele viviti me.
我们愚昧不能陈说; 请你指教我们该对他说什么话。
20 Wonegblɔ nɛ be medi be maƒo nua? Ɖe ame aɖe abia be wonemi ye agbagbea?
人岂可说:我愿与他说话? 岂有人自愿灭亡吗?
21 Azɔ la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ ɣe o elabena ele keklẽm le dziƒo ŋutɔ, esi yaƒoƒo na eƒe mo kɔ nyuie.
现在有云遮蔽,人不得见穹苍的光亮; 但风吹过,天又发晴。
22 Edo tso anyiehe kple sikatsyɔ̃ɖoɖo. Mawu ɖiɖi va le ŋɔdzi ƒe ŋutikɔkɔe me.
金光出于北方, 在 神那里有可怕的威严。
23 Ame aɖeke matu Ŋusẽkatãtɔ la o elabena togbɔ be eƒe ŋusẽ de dzi bobobo, le eƒe afiatsotso kple dzɔdzɔenyenye gã la me hã la, metea ame aɖeke ɖe anyi o.
论到全能者,我们不能测度; 他大有能力,有公平和大义, 必不苦待人。
24 Eya ta amewo dea bubu eŋu elabena ɖe medea bubu ame siwo katã ƒe dzi me nunya le la ŋu oa?”
所以,人敬畏他; 凡自以为心中有智慧的人,他都不顾念。