< Hiob 36 >

1 Elihu yi edzi be,
エリフは重ねて言った、
2 “Kpɔ nye asinu vie eye maɖee afia wò be nya geɖewo li magblɔ ɖe Mawu nu.
「しばらく待て、わたしはあなたに示すことがある。なお神のために言うべき事がある。
3 Mexɔa nye gɔmesese tso afi aɖeke ɖaa, eya ta matso na nye Wɔla.
わたしは遠くからわが知識を取り、わが造り主に正義を帰する。
4 Kakaɖedzi nenɔ asiwò be, nye nyawo menye aʋatso o eya ta ame si si gɔmesese deto le lae le gbɔwò.
まことにわたしの言葉は偽らない。知識の全き者があなたと共にいる。
5 “Mawu nye Ŋusẽtɔ, etri akɔ eye meʋãna le eƒe taɖodzinu me o gake medoa vlo amewo o.
見よ、神は力ある者であるが、何をも卑しめられない、その悟りの力は大きい。
6 Menana ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe o, ke boŋ ekpɔa hiãtɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo.
彼は悪しき者を生かしておかれない、苦しむ者のためにさばきを行われる。
7 Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o, eɖoa wo zi dzi ɖe fiawo xa eye wòdoa wo ɖe dzi tegbetegbe.
彼は正しい者から目を離さず、位にある王たちと共に、とこしえに、彼らをすわらせて、尊くされる。
8 Ke ne wode ga amewo, hebla wo sesĩe kple hiã ƒe kawo la,
もし彼らが足かせにつながれ、悩みのなわに捕えられる時は、
9 egblɔa nu si wowɔ la na wo, esi nye be wowɔ nu vɔ̃ dadatɔe.
彼らの行いと、とがと、その高ぶったふるまいを彼らに示し、
10 Enana woɖoa to ɖɔɖɔɖo eye wòɖea gbe na wo be woatrɔ le woƒe nu vɔ̃ɖi la me.
彼らの耳を開いて、教を聞かせ、悪を離れて帰ることを命じられる。
11 Ne woɖo to eye wosubɔe la, woanɔ woƒe agbemeŋkeke mamlɛawo le nukpɔkpɔ me eye woƒe ƒewo ayɔ fũu kple dzidzeme.
もし彼らが聞いて彼に仕えるならば、彼らはその日を幸福に過ごし、その年を楽しく送るであろう。
12 Ke ne womeɖo to o la, yi atsrɔ̃ wo eye woaku numanyamanyae.
しかし彼らが聞かないならば、つるぎによって滅び、知識を得ないで死ぬであろう。
13 “Fuléle le dzi me na Mawumavɔ̃lawo, ne ede kunyowu woƒe afɔwo hã la, womedoa ɣli be woaxɔ na yewo o.
心に神を信じない者どもは怒りをたくわえ、神に縛られる時も、助けを呼び求めることをしない。
14 Wokuna le woƒe ɖekakpui dzodzoe me, ɖe ŋutsu gbolowɔla siwo nɔa trɔ̃xɔwo me la dome.
彼らは年若くして死に、その命は恥のうちに終る。
15 Ke eɖea ame siwo le fu kpem la le woƒe fukpekpewo me eye wòƒoa nu na wo le woƒe xaxa me.
神は苦しむ者をその苦しみによって救い、彼らの耳を逆境によって開かれる。
16 “Ele nuwò blem be nàdo go tso xaxa ƒe glã me, ava teƒe keke, ahavo tso dzizizi me eye nànɔ wò kplɔ̃ si dzi nuɖuɖu damiwo le fũu la ŋu le dziɖeɖi me.
神はまたあなたを悩みから、束縛のない広い所に誘い出された。そしてあなたの食卓に置かれた物はすべて肥えた物であった。
17 Ke azɔ la, wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si dze na ame vɔ̃ɖiwo la do agbae na wò, ale nège ɖe afiatsotso kple tohehe ƒe asi me.
しかしあなたは悪人のうくべきさばきをおのれに満たし、さばきと公義はあなたを捕えている。
18 Kpɔ nyuie be ame aɖeke metsɔ kesinɔnuwo ble nuwòe o eye zãnu si le kpekpem segee la nana nàdze ɖe aga o.
あなたは怒りに誘われて、あざけりに陥らぬように心せよ。あがないしろの大いなるがために、おのれを誤るな。
19 Ɖe wò kesinɔnuwo alo wò kutrikuku veviwo katã alé wò ɖe asi be màɖo xaxa me oa?
あなたの叫びはあなたを守って、悩みを免れさせるであろうか、いかに力をつくしても役に立たない。
20 Wò dzi megatsi dzi ɖe zã ƒe dodo ŋu ne nàhe amewo ado goe le woƒe aƒewo me o.
人々がその所から断たれるその夜を慕ってはならない。
21 Kpɔ nyuie be mètrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi, si nèdi wu hiã la ŋu o.
慎んで悪に傾いてはならない。あなたは悩みよりもむしろこれを選んだからだ。
22 “Kpɔ ɖa, wodo Mawu ɖe dzi bobobo le eƒe ŋusẽ me. Ame kae nye nufiala abe eya ene?
見よ、神はその力をもってあがめられる。だれか彼のように教える者があるか。
23 Ame kae tia mɔ siwo wòato la nɛ alo gblɔ nɛ be, ‘Èwɔ nu gbegblẽ?’
だれか彼のためにその道を定めた者があるか。だれか『あなたは悪い事をした』と言いうる者があるか。
24 Ɖo ŋku edzi, nàdo eƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi, siwo amewo kafuna le woƒe hadzidziwo me.
神のみわざをほめたたえる事を忘れてはならない。これは人々の歌いあがめるところである。
25 Amegbetɔwo katã kpɔe eye agbagbeawo ɖea ŋku ɖee tso adzɔge.
すべての人はこれを仰ぎ見る。人は遠くからこれを見るにすぎない。
26 Mawu lolo loo, ekɔ gbɔ míaƒe gɔmesese ta! Eƒe ƒewo ƒe gɔmedidi gbɔ míaƒe nudidi ƒe ŋutete ta.
見よ、神は大いなる者にいまして、われわれは彼を知らない。その年の数も計り知ることができない。
27 “Ehea tsi si le gegem toŋtoŋtoŋ la ƒoa ƒu, si dzana abe tsi ene ɖe tɔʋuwo me,
彼は水のしたたりを引きあげ、その霧をしたたらせて雨とされる。
28 lilikpowo hã lolõa tsi si le wo me, eye tsi dzana bababa ɖe amegbetɔwo dzi.
空はこれを降らせて、人の上に豊かに注ぐ。
29 Ame kae ase ale si wòkeke lilikpowo, kple ale si wòɖea gbe tso eƒe agbadɔ me la gɔme?
だれか雲の広がるわけと、その幕屋のとどろくわけとを悟ることができようか。
30 Kpɔ ale si wòkaka eƒe dzikedzo ƒo xlã eɖokui eye wòblu atsiaƒu ƒe gogloƒewo ke hã ɖa.
見よ、彼はその光をおのれのまわりにひろげ、また海の底をおおわれる。
31 Aleae wòkplɔa dukɔwoe eye wònaa nuɖuɖu wo le agbɔsɔsɔ me.
彼はこれらをもって民をさばき、食物を豊かに賜い、
32 Etsɔa dzikedzo yɔa eƒe asiwo mee eye wòdɔnɛ be wòake dzo ɖe nu si wòɖoe na la dzi.
いなずまをもってもろ手を包み、これに命じて敵を打たせられる。
33 Eƒe dziɖegbe ɖea gbeƒã ahom si gbɔna, nyiwo gɔ̃ hã ɖea gbeƒã, ne egbɔna.
そのとどろきは、悪にむかって怒りに燃える彼を現す。

< Hiob 36 >