< Hiob 35 >
1 Tete Elihu yi eƒe nuƒoa dzi be,
Moreover Elihu proceeded, and said:
2 “Èsusu be esia le dzɔdzɔea? Ègblɔ be, ‘Mawu atso afia nam’
Dost thou then think this to be right? Thou hast said, “I am more righteous than God.”
3 gake nèhele ebiam be, ‘Viɖe ka wònye nam eye nu ka makpɔ le eme ne nyemewɔ nu vɔ̃ o?’
For thou askest, “What advantage have I? What have I gained, more than if I had sinned?”
4 “Medi be maɖo eŋu na wò kple xɔ̃wò siwo le gbɔwò.
I will answer thee, And thy companions with thee.
5 Wu mo dzi nàkpɔ dziƒo ɖa, le ŋku ɖe lilikpo siwo le dziƒo boo le tawòme
Look up to the heavens, and see! And behold the clouds, which are high above thee!
6 Ne èwɔ nu vɔ̃ la, nu ka wòawɔ le eŋu? Ne wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ fũu la, nu ka wòagblẽ le eŋu?
If thou sinnest, what doest thou against Him? If thy transgressions be multiplied, what doest thou to him?
7 Ne ènye dzɔdzɔetɔ la, nu kae nètsɔ nɛ, alo nu kae wòxɔ tso asiwò me?
If thou art righteous, what dost thou give him? Or what receiveth he at thy hand?
8 Ame abe wò ene ko dzie wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi awɔ dɔ ɖo eye amegbetɔviwo ko dzie wò dzɔdzɔenyenye awɔ dɔ ɖo.
Thy wickedness injureth only a man like thyself, And thy righteousness profiteth only a son of man.
9 “Amewo le ɣli dom le teteɖeanyi ƒe agba kpekpewo te, wole kuku ɖem be woana gbɔdzɔe yewo tso Ŋusẽtɔ la ƒe alɔ sesẽ te
The oppressed cry out on account of the multitude of wrongs; They cry aloud on account of the arm of the mighty.
10 gake ɖeke mebia be, ‘Afi ka Mawu, nye Wɔla, ame si nana kafuhawo ɖina le zã me,
But none saith, “Where is God, my Maker, Who giveth songs in the night;
11 ame si fiaa nu geɖewo mí, wu gbemelã siwo le anyigba dzi eye wòwɔ mí nunyalawoe wu dziƒoxeviwo la le?’
Who teacheth us more than the beasts of the earth, And maketh us wiser than the birds of heaven?”
12 Ne amewo le ɣli dom nɛ la, metɔna o, le ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖokuiŋudzedze ta.
There they cry aloud on account of the pride of the wicked; But he giveth no answer.
13 Vavã, Mawu meɖo to woƒe kokoƒoƒo gbɔlo la o eye Ŋusẽkatãtɔ la do toku wo.
For God will not hear the vain supplication, Nor will the Almighty regard it;
14 Ne meɖo to emawo o la, aleke wòaɖo to esia ya boŋ esi nègblɔ be, mele ekpɔm o, wò nya la le eƒe asi me, eye ele be nàlalae.
Much less when thou sayest thou canst not see him: Justice is with him, —only wait thou for him!
15 Gawu la, egblɔ be eƒe dziku mehea to na ame gbeɖe o eye menyea kɔ kpɔa vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gɔ̃ hã o.
But now, because he hath not visited in his anger, Nor taken strict note of transgression,
16 Ale Hiob ke eƒe nu hegblɔ nya dzodzrowo eye wòlɔ nya siwo me gɔmesese aɖeke mele o la kɔ ɖi gleglegle.”
Therefore hath Job opened his mouth rashly, And multiplied words without knowledge.