< Hiob 34 >

1 Tete Elihu gblɔ be,
Und es hob an Elihu und sprach:
2 “Mise nye nyawo, mi nunyalawo, miɖo tom, mi nugɔmeselawo,
Hört, ihr Weisen, meine Rede, und ihr Verständigen, merkt auf mich!
3 elabena to doa nyawo kpɔ abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene.
Denn das Ohr prüft die Rede, und der Mund schmeckt die Speise.
4 Mina míadze si nu si le dzɔdzɔe la na mía ɖokui eye mina míasrɔ̃ nu si nyo la ɖekae.
Laßt uns ein Urteil finden, daß wir erkennen unter uns, was gut sei.
5 “Hiob gblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o gake Mawu gbe afiatsotso nam
Denn Hiob hat gesagt: “Ich bin gerecht, und Gott weigert mir mein Recht;
6 Togbɔ be tɔnye dzɔ hã la, wobum alakpatɔe, togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la, eƒe aŋutrɔ de abi makumaku ŋutinye’
ich muß lügen, ob ich wohl recht habe, und bin gequält von meinen Pfeilen, ob ich wohl nichts verschuldet habe.”
7 Ame kae le abe Hiob, ame si no fewuɖuɖu abe tsi ene?
Wer ist ein solcher Hiob, der da Spötterei trinkt wie Wasser
8 Edea ha kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo eye wòbɔa ha kple ame vɔ̃ɖiwo.
und auf dem Wege geht mit den Übeltätern und wandelt mit gottlosen Leuten?
9 Elabena egblɔ be, ‘Viɖe aɖeke mele eme ne èdze agbagba be yeadze Mawu ŋu o.’
Denn er hat gesagt: “Wenn jemand schon fromm ist, so gilt er doch nichts bei Gott.”
10 “Eya ta miɖo tom, mi ŋutsu nugɔmeselawo. Nete ɖa xaa tso Mawu gbɔ, be wòawɔ nu vɔ̃ɖi kple Ŋusẽkatãtɔ la, be wòawɔ nu gbegblẽ.
Darum hört mir zu, ihr weisen Leute: Es sei ferne, daß Gott sollte gottlos handeln und der Allmächtige ungerecht;
11 Ewɔna na ame ɖe nu si wòwɔ la nu eye wòhea nu si eƒe nuwɔnawo dze na la vaa edzii.
sondern er vergilt dem Menschen, darnach er verdient hat, und trifft einen jeglichen nach seinem Tun.
12 Mele be wòava ame ƒe ta me gɔ̃ hã be Mawu awɔ nu gbegblẽ alo be Ŋusẽkatãtɔ la atso afia ŋkunɔ o.
Ohne zweifel, Gott verdammt niemand mit Unrecht, und der Allmächtige beugt das Recht nicht.
13 Ame kae tsɔe ɖo anyigbadzikpɔlae? Ame kae tsɔe ɖo xexea me katã nu?
Wer hat, was auf Erden ist, verordnet, und wer hat den ganzen Erdboden gesetzt?
14 Ne enye eƒe tameɖoɖo eye wòɖo asi eƒe gbɔgbɔ kple agbegbɔgbɔ dzi la,
So er nun an sich dächte, seinen Geist und Odem an sich zöge,
15 amegbetɔwo katã atsrɔ̃ eye ame atrɔ azu anyi.
so würde alles Fleisch miteinander vergehen, und der Mensch würde wieder zu Staub werden.
16 “Ne gɔmesese le asiwò la, se nya sia, lé to ɖe nu si gblɔ ge mele la ŋuti.
Hast du nun Verstand, so höre das und merke auf die Stimme meiner Reden.
17 Ɖe ame si tsri afia nyui tsotso la ate ŋu akplɔ dua? Ɖe nàbu fɔ dzɔdzɔetɔ kple Ŋusẽtɔ la?
Kann auch, der das Recht haßt regieren? Oder willst du den, der gerecht und mächtig ist, verdammen?
18 Ɖe menye Eyae nye ame si gblɔ na fiawo be, ‘Mienyo na naneke o’ eye na bubumewo be, ‘Ame vɔ̃ɖiwo mienye’ oa,
Sollte einer zum König sagen: “Du heilloser Mann!” und zu den Fürsten: “Ihr Gottlosen!”?
19 ame si medea amegãwo dzi o eye mewɔa nyui na kesinɔtɔwo, gblẽa ame dahewo ɖi o, elabena wo katã nye eƒe asinudɔwɔwɔwo oa?
Und er sieht nicht an die Person der Fürsten und kennt den Herrlichen nicht mehr als den Armen; denn sie sind alle seiner Hände Werk.
20 Wokuna kpata le zãtitina, ameawo ʋuʋuna eye wo nu va yina ale woɖea kalẽtɔwo ɖa amegbetɔ ƒe asi manɔmee.
Plötzlich müssen die Leute sterben und zu Mitternacht erschrecken und vergehen; die Mächtigen werden weggenommen nicht durch Menschenhand.
21 “Eƒe ŋkuwo le amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu, ekpɔa woƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe.
Denn seine Augen sehen auf eines jeglichen Wege, und er schaut alle ihre Gänge.
22 Teƒe doblukɔ alo teƒe doviviti tsiɖitsiɖitsiɖi aɖeke meli si nu tovo wɔlawo asi abe ɖo o.
Es ist keine Finsternis noch Dunkel, daß sich da möchten verbergen die Übeltäter.
23 Mehiã be Mawu nado amegbetɔwo kpɔ ayi ŋgɔ alo woava eŋkume wòadrɔ̃ ʋɔnu wo o.
Denn er darf auf den Menschen nicht erst lange achten, daß er vor Gott ins Gericht komme.
24 Mekua nya gɔme hafi kakaa ŋusẽtɔwo, eye wòtsɔa ame bubuwo ɖoa wo teƒe o.
Er bringt die Stolzen um, ohne erst zu forschen, und stellt andere an ihre Statt:
25 Elabena eƒe ŋku le woƒe nuwɔnawo ŋu eya ta etua asi wo ƒua anyi le zã me, eye wogbãna gudugudugudu.
darum daß er kennt ihre Werke und kehrt sie um des Nachts, daß sie zerschlagen werden.
26 Ehea to na wo ɖe woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta, le afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ wo le
Er straft sie ab wie die Gottlosen an einem Ort, da man es sieht:
27 elabena wotrɔ le eyome eye womegatsɔ ɖeke le eme na eƒe mɔ aɖeke o.
darum daß sie von ihm weggewichen sind und verstanden seiner Wege keinen,
28 Wona ame dahewo ƒe konyifafa va eŋkume, ale be wòse hiãtɔwo ƒe ɣlidodo
daß das Schreien der Armen mußte vor ihn kommen und er das Schreien der Elenden hörte.
29 Ke ne ezi ɖoɖoe kpoo la, ame ka abu fɔe? Ne eɣla eƒe mo la, ame ka ate ŋu akpɔe? Ke hã la, ele amewo kple dukɔwo tame sɔsɔe,
Wenn er Frieden gibt, wer will verdammen? und wenn er das Antlitz verbirgt, wer will ihn schauen unter den Völkern und Leuten allzumal?
30 be maɖe mɔ na Mawumavɔ̃la wòaɖu fia o eye be maɖe mɔ nɛ wòaɖo mɔ na ameawo o.
Denn er läßt nicht über sie regieren einen Heuchler, das Volk zu drängen.
31 “Tsɔe be ame aɖe gblɔ na Mawu be, ‘Medze agɔ gake nyemagawɔe azɔ o.
Denn zu Gott muß man sagen: “Ich habe gebüßt, ich will nicht übel tun.
32 Fia nu si nyemate ŋu akpɔ o lam, ne mewɔ nu gbegblẽ la, nyemagawɔe azɔ o.’
Habe ich's nicht getroffen, so lehre du mich's besser; habe ich Unrecht gehandelt, ich will's nicht mehr tun.”
33 Ɖe Mawu aɖo eteƒe na wò le wò didi nu, esi nègbe be yematrɔ dzi me oa? Wòe wòle be nàɖo eŋu, menye nyee o eya ta gblɔ nu si nènya la nam.
Soll er nach deinem Sinn vergelten? Denn du verwirfst alles; du hast zu wählen, und nicht ich. Weißt du nun was, so sage an.
34 “Nugɔmeselawo gblɔe eye nunyala siwo se nye nyawo la gblɔ nam be,
Verständige Leute werden zu mir sagen und ein weiser Mann, der mir zuhört:
35 ‘Hiob ƒoa nu nugɔmemasemasetɔe eye susu mele eƒe nyawo me o.’
“Hiob redet mit Unverstand, und seine Worte sind nicht klug.”
36 O, ɖe woado Hiob akpɔ va se ɖe nuwuwu, be wòɖo nya ŋu abe ame vɔ̃ɖi ene la, ne anyo ŋutɔ!
O, daß Hiob versucht würde bis ans Ende! darum daß er sich zu ungerechten Leuten kehrt.
37 Etsɔ aglãdzedze kpe ɖe eƒe nu vɔ̃ ŋuti, esia akpe fewuɖutɔe le mía dome eye wòle nyawo gblɔm fũu ɖe Mawu ŋu.”
Denn er hat über seine Sünde noch gelästert; er treibt Spott unter uns und macht seiner Reden viel wider Gott.

< Hiob 34 >