< Hiob 32 >
1 Ale ŋutsu etɔ̃ siawo dzudzɔ nyaŋuɖoɖo na Hiob, elabena enye ame dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ŋkume.
因為約伯自以為義,那三個友人就不再回答他。
2 Tete dzi ku Buzitɔ, Elihu, ame si nye Barakel ƒe vi, tso Ram ƒe ƒomea me vevie ɖe Hiob ŋu le esi wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu la ta.
那時,有個布次蘭族的人,他是巴辣革耳的兒子厄里烏,為了約伯在天主前自以為義人,便大為憤怒;
3 Edo dziku ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu elabena mɔ aɖeke meli si dzi woato abu fɔ Hiob o, gake wobu fɔe.
同時也對約伯的三個友人大為震怒,因為他們找不到適當的答覆,又以天主為不公。
4 Azɔ la, Elihu lala be yeaƒo nu na Hiob elabena wotsi wui.
厄里烏先等他們同約伯講完話,因為他們都比他年老。
5 Gake esi wòkpɔ be nya aɖeke megale ame etɔ̃awo si o la, Elihu gado dziku ɖe edzi.
他一見他們三人無話可說:遂大為憤怒。
6 Ale Buzitɔ, Barakel ƒe vi Elihu gblɔ be, “Nyemetsi o, mienye xoxo nam eya ta mevɔ̃ eye nyemete ŋu do dzi gblɔ nu si menya la na mi o.
於是布次人巴辣革耳的兒子厄里烏發言說:我年齡小,你們年紀大,故此我退縮畏懼,不敢在你們前表示我的見解。
7 Mebu be, ‘Tsitsi neƒo nu eye ƒe geɖe nefia nunya.’
我心想:「老人應先發言,年高者應教人智慧。」
8 Gake gbɔgbɔ si le ame me, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe naa gɔmesesee.
但人本來都具有靈性,全能者的氣息賦與人聰明;
9 Menye tsitsiawo koe nye nunyalawo o eye menye amegãxoxowo koe se nu si le dzɔdzɔe la gɔme o.
並不是年高者就有智慧,老年人就通曉正義。
10 “Eya ta megblɔ be, Miɖo tom, nye hã magblɔ nu si menya la na mi.
故此我請你們且聽我說,我也要表示我的見解。
11 Menɔ lalam esi mienɔ nu ƒom, meɖo to se miaƒe nyameɖeɖewo kple ale si nya vɔ le mia si eye mienɔ nya si miagblɔ la dim.
直到如今,我等待你們講話,靜聽你們的理論,等待你們尋出適當的言詞;
12 Meɖo to mi nyuie gake mia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖee fia be Hiob dze agɔ o eye mia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖo eƒe nyahehewo ŋu o.
但現今我已明白看出了,你們中沒一個能駁倒約伯,能回答他的話的。
13 Migagblɔ be, ‘Míeke ɖe nunya ŋuti o, Mawu neɖe vodada nɛ, menye amegbetɔ o.’
你們不要說:「我們尋到了智慧! 只有天主可說服他,人卻不能。」
14 Gake Hiob metsɔ nya ɖe ŋunye o eye nyematsɔ miaƒe nyahehewo aɖo nya ŋu nɛ o.
我決不那樣辯論,也決不以你們說的話答覆他。
15 “Woƒe mo wɔ yaa, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o eye gbɔgblɔ bu ɖe wo.
他們已心亂,不能再回答,且已窮於辭令。
16 Ɖe magalala, esi wozi ɖoɖoe eye azɔ wotsi tsitre ɖe afi ma kpaɖii nya aɖeke ŋu maɖomaɖoea?
他們已不再講話了,他們已停止,不再答話了,我還等什麼﹖
17 Nye hã magblɔ tɔnye sinua; nye hã magblɔ nu si menya
現在我要開始講我的一段話,表示出我的見解。
18 elabena nya le asinye fũu, eye nye gbɔgbɔ le dzinye zim.
因為我覺著充滿了要說的話,內心催迫著我。
19 Elabena le menye la, mele abe wain si le goe me wotu nu ɖe enu ene eye abe wainlãgbalẽgolo si le klalo na gbagbã ene.
看啊! 我內心像尋覓出口的新酒,要將新酒囊爆裂。
20 Ele nam be maƒo nu ne makpɔ gbɔdzɔe, ele nam be make nye nu eye maɖo nya ŋu.
我一說出,必覺輕鬆,我定要開口發言。
21 Nyemade ame aɖeke dzi alo aflu ame aɖeke o
我決不顧情面,也決不奉承人。
22 elabena ne mebi le amefuflu me la, nye Wɔla akplɔm dzoe kpuie.
因為我不會奉承,不然,造我者必立即將我消滅。